Kadzasakpana Hã Gava Ɖo
Kadzasakpana (Mpox alo variole simienne) nye dɔléle aɖe si mebɔ o. Kadzasakpana de dɔ si woyɔna be sakpana alo sakpatɛ ɖi ge, elabe dɔlékui ɖeka ma ke gbɔ koe dɔléle evea siaa tso. Afrika koŋ dɔ sia bɔ ɖo, gake wotea ŋu kpɔnɛ le xexea me ƒe nuto bubuwo hã me. Dɔléle sia ƒe dzesi aɖewoe nye vuvɔwɔame kple kpekpekpe, eye nu ƒona ɖe ame si xɔ dɔa la ŋuti tobatoba. Ƒoƒoe siawo ŋutɔ va dzona le wo ɖokuiwo si le kɔsiɖa aɖewo megbe. Womekpɔ atike gobi aɖeke na kadzasakpana haɖe o, gake eya ŋutɔ koe va dzona le eɖokui si le ame geɖewo gome.
Afi Si Kadzasakpana Dzɔ Tso
Woke ɖe kadzasakpana ŋu le ƒe 1958 me esime wokpɔ dɔléle aɖe si ɖi sakpatɛ la le kese aɖewo ŋu. Ɖe wonɔ nu me kum tso kese siawo ŋuti le numekuƒe aɖe. Amegbetɔwo xɔa dɔ sia to asikaka afi, alegeli alo fɔmizi ƒomeviwo ŋuti me. Eye ɣeaɖewoɣi hã wotea ŋu xɔnɛ to ŋutigbalẽ me ne woka ame si ŋu dɔa le la ŋuti. Kadzasakpana ƒomevi evee li—Titina Afrika tɔ kple Ɣetoɖoƒe Afrika tɔ. Gake Ɣetoɖoƒe Afrika tɔ lae le kakam le xexea me tso ƒe 2022 me koŋ.
Afi Kawoe Wokpɔa Kadzasakpana Le?
Kadzasakpana mebɔ ale o. Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia la, Afrika koŋue wokpɔa kadzasakpana ƒe akpa gãtɔ le. Ke hã, wokpɔnɛ ɣeaɖewoɣi le dukɔ bubuwo me, siwo dome Amerika Dukɔ Ƒoƒuawo hã le. Le ƒe 2003 ƒe keleme la, kadzasakpana kaka le Amerika Dukɔ Ƒoƒuawo me. Esiae nye zi gbãtɔ dɔ sia kaka le nuto siwo mele Afrika o me. Dɔléle sia tso lãwo gbɔ kakana ɖe kisi alo xɔ ƒomevi siwo amewo nyina le aƒe me la dome.
Esi ame geɖewo va le mɔ zɔm le dukɔ vovovowo me yim wu la, dɔléle siwo nɔa nuto aɖewo ko me tsã la, tea ŋu va kakana ɖe xexea me godoo bɔbɔe wu. Le ƒe 2021 ƒe dzomeŋɔli me la, wokpɔ kadzasakpana aɖe le Amerikatɔ aɖe si zɔ mɔ yi Nigeria trɔ yi wo de la ŋu.
Ame Kawoe Xɔa Kadzasakpana Sia?
Ame sia ame ate ŋu axɔ kadzasakpana. Le Afrika la, ame siwo xɔ dɔ sia dometɔ akpa gãtɔ nye ɖevi siwo mexɔ ƒe 15 haɖe o. Le dukɔ bubu siwo mele Afrika o me la, ame siwo lé dɔ sia ƒe akpa gãtɔ nye ŋutsu ŋutsugbɔdɔlawo kple nyɔnu nyɔnugbɔdɔlawo, gake ame gbogbo aɖewo siwo menɔa agbe sia o hã xɔe.
Eƒe Dzesiwo Kple Nu Siwo Gbɔ Wòtsona
Nu kawoe nye kadzasakpana ƒe dzesiwo?
Ne ame aɖe xɔ dɔ sia la, ate ŋu axɔ ŋkeke geɖe alo kɔsiɖa ʋɛ aɖewo hafi dzesiawo nadze le eŋu. Kadzasakpana ƒe dzesi gbãtɔwo ɖia asrã alo atikesi tɔwo.
Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, nutsetse suesue aɖewo kɔna ɖe amea ŋuti. Le gɔmedzedzea la, ɖeko amea ƒe ŋutigbalẽ doa ʋusrã, emegbe eva zua ƒoƒoe si vena ŋutɔ. Ƒoƒoe la ɖoa lólo eye wòdea tsi. Emegbe ƒoƒoe la kuna eye wòflona ɖa le ŋutigbalẽa ŋu. Nu siawo katã ate ŋu axɔ kɔsiɖa eve va se ɖe ene. Etea ŋu nana be abi wɔa nu me, nyɔnu me alo meƒi me na ame aɖewo gɔ̃ hã.
Kadzasakpana ƒe dzesiawo katã medzena le ame siwo xɔ dɔléle sia la dometɔ ɖe sia ɖe ŋu o. Le nyateƒe me la, dɔléle sia ƒe dzesiwo to vovo le ame siwo xɔ dɔ sia le ƒe 2022 me la dometɔ geɖe gome. Le ame aɖewo gome la, woƒe ŋuti koe ɖo loholoho vie, ƒoƒoe meƒo ŋuti na wo o, woƒe lãme koe xɔ dzo vie eye dɔ sia ƒe dzesi bubu aɖeke megadze le wo ŋu o. Eya ta ame ate ŋu axɔ dɔ sia gake eya ŋutɔ manya gɔ̃ hã o. Ne ame aɖe xɔ dɔ sia evɔ eƒe dzesi aɖeke medze le eŋuti o gɔ̃ la, ate ŋu abae na ame bubuwo.
Aleke Kadzasakpana Wɔna Léa Ame?
Ame ate ŋu axɔ dɔ sia ne eka ame alo lã aɖe si ŋuti dɔlélea le ŋu. Dɔléle sia tea ŋu toa abi kple afi siwo ŋutilã bebe le gena ɖe ame ƒe lãme. Woagate ŋu axɔe ne lã si ŋu dɔlélea le ƒe ʋu alo eƒe tsinyènye alo fifia ka ame ŋuti.
Wotea ŋu xɔa kadzasakpana tso amegbetɔwo hã gbɔ, gake ɖeko mebɔ o. Woate ŋu axɔ dɔ sia le amegbetɔwo ŋuti ne wote ɖe wo ŋuti kplikplikpli eye woƒe gbɔgbɔ, ta, abi, fifia alo abiteƒe ka ame ŋuti. Esia tea ŋu dzɔna ne wowɔ atuu na ame, wokisi na ame alo gbugbɔ nu na ame, alo wodɔ ame gbɔ. Numekukulawo le numekukua dzi, gake womekpɔ kpeɖodzi aɖeke be wotea ŋu xɔa dɔ sia to ŋutsuwo ƒe tsinyènye alo nyɔnuwo ƒe tsinyènye me o.
Woate ŋu axɔ kadzasakpana hã ne woka asi nu siwo ame aɖe si ŋuti dɔléle sia le zã eteƒe medidi o la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu axɔ dɔléle sia ne woka asi eƒe avɔ, abadzivɔ, awu kple nu bubu siwo wòzã la ŋu.
Ðe Woate Ŋu Ada Kadzasakpanaa?
Zi geɖe la, kadzasakpana ŋutɔ vɔna le eɖokui si, eƒe dzesiwo nɔa anyi tso kɔsiɖa eve va ɖo kɔsiɖa ene. Ame akpa gãtɔ siwo ŋu kadzasakpana le la ƒe lãme sẽna le wo ɖokui si eye mehiãna be woawɔ atike na wo o.
Womekpɔ kpɔ atike gobi aɖeke na kadzasakpana o. Dɔlékuiwutikewo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu, gake womekpɔ kpɔ kpeɖodzi aɖeke be woate ŋu ada dɔ sia o. Wole atike gbogbo aɖewo zãm kpɔ, gake womekpɔ ɖo kpe edzi kɔtɛe be woate ŋu ada dɔ sia o.
Aleke Nàwɔ Be Màgaxɔ Dɔ Sia O?
Wotea ŋu doa sakpatɛ ƒe abɔtabui na ame eye wòkpɔa amea ta tso kadzasakpana si me, gake dɔnɔ ʋɛ aɖewo koe wole ezãm na gbɔ. Eya ta ele vevie be míawɔ nu siwo ana be míagaxɔ dɔ sia o la boŋ. Nu siawo dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna:
- Mègaɖe mɔ lã siwo ŋu dɔlélea le (vevietɔ lã siwo dze dɔ alo esiwo ku) naka ŋuwò o.
- Mègazã abadzivɔ kple nu bubu siwo ame si ŋuti dɔlélea le zã la o.
- Ɖa ʋulɛ̃wo nyuie.
- Klɔ asi enuenu kple adzalẽ kple tsi.
- Ƒo asa na kadodo kple ame siwo ŋu dɔléle sia le.
- Ɖɔ motsyɔnu alo nɔtsitsyɔnu ne èle ame dome.
- Zã dɔlékuiwutikewo nàtsɔ klɔ teƒe kple nu siwo ŋuti amewo kaa asii enuenu la.
Nɔ Ŋudzɔ Eye Nàkpɔ Ɖokuiwò Ta
Eya ta nɔ ŋudzɔ vevie. Kpɔ nyuie le ame alo lã siwo ŋuti dɔléle sia le la ŋuti. Do nu siwo akpɔ tawò abe asiwui kple ŋɔtitsyɔnu ene. Lé be na ɖokuiwò, le tsi nyuie eye nànɔ asi klɔm edziedzi. Ne dɔléle sia ƒe abɔtabui alo abɔtasisi le mia gbɔ la, ke sii kaba. Ɛ̃e, nɔ ŋudzɔ.
-
LãmesẽKadzasakpana Hã Gava Ɖo
-
HakpanyawoLogoti Kple Aɖa
-
GbetikewoAgbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ Nye Kesinɔnu Blibo
-
GbetikewoHɔ̃sugogo Be Aklãdɔwo Neɖe Ke!
-
GbetikewoAflatovi Le Kpuie Do Gawu
-
GliwoAdoglo Kple Akpɔkplɔ
-
GliwoYiyi Kple Ɖetsyɔ̃evi
-
FefewoAkpɔkplɔ Kple Akpaviã Eveawo
-
DzɔdzɔmenuwoAkpaviwo Kple Tɔmelãwo Ƒe Ŋkɔwo
-
LãwoAƒemelãwo Kple Gbemalãwo Nye Suku Blibo
-
Nusrɔ̃ƒeAtiwo Kple Woƒe Ŋkɔwo
-
Nusrɔ̃ƒeXewo Kple Woƒe Ŋkɔwo
-
Ame XɔŋkɔwoJohann Bernhard Schlegel Ƒe Agbemeŋutinya
-
Ame XɔŋkɔwoGottlob Christoph Däuble
-
Nusrɔ̃ƒeAnyigbadzitɔwo Ɖo Biliɔn 8 Le Ademakpɔxe 15, 2022
-
HakpanyawoAve Gãwo Me Yetso
-
Ame XɔŋkɔwoAƒenɔ Abla Dzifa Gomashie
-
HadomenyawoSewɔtakpekpemetɔ Dzifa Gomashie Hã Gagblɔe
-
HakpanyawoMenya Be Meble Xoxo
-
HakpanyawoAʋa Sim Loo!
-
Nusrɔ̃ƒeŊutsuvi Kple Gbɔ̃tsu La
-
HakpanyawoAkpalu Ƒe Agoha
-
HakpanyawoGbɔ̃tsu Sue La
-
HakpanyawoDadi Kple Afiwo
-
GbetikewoDefetsui Ƒe Viɖewo Sɔ Gbɔ Loo!
-
HadomenyawoDzigbeŋkɔwo Le Eʋenyigbawo Dzi
-
HakpanyawoLogoti Kple Aɖa
-
AsinudɔwoEʋeawo Ƒe Lãɖemɔnuwo—Fɔlifɔfɔ Kple Tekalitete
-
AsinudɔwoEʋeawo Ƒe Lãɖemɔnuwo Agalãledzi Kple Atukpaxa
-
ModzakaɖeƒeAnyigbaʋuʋu Aɖe Do Voɖi Na Amewo Le Akra
-
AsinudɔwoEƲEAWO ƑE LÃƉEMƆNUWO
-
Ame XɔŋkɔwoVINƆKƆ AKPALU—Eʋeawo Ƒe Hakpanyaŋlɔla Gãtɔ
-
Ame XɔŋkɔwoBella Bellow Hadzila Gbevivitɔ La
-
AsinudɔwoBubumewo Ƒe Kete La!
-
LododowoEƲE LODODOWOAKPA 20
-
LododowoEƲE LODODOWOAKPA 19
-
LododowoEƲE LODODOWOAKPA 18
-
LododowoEƲE LODODOWOAKPA 17
-
LododowoEƲE LODODOWO AKPA 16
-
LododowoEƲE LODODOWO AKPA 15
-
LododowoEƲE LODODOWO AKPA 14
-
LododowoEƲE LODODOWO AKPA 13
-
LododowoEƲE LODODOWO AKPA 12
-
HakpanyawoAGBLEDELA KPLE VIA ETƆ̃AWO