Toɖoɖo Ƒe Dodokpɔ

Aƒetɔ Kofi nye kesinɔtɔ nunyala si si agble gã aɖe le. Subɔvi eve le esi, Kwame kple Yawo. Wo ame evea siaa nye dɔ sesẽ wɔlawo, gake woƒe nɔnɔmewo to vovo kura.
Gbe ɖeka fiẽ la, Aƒetɔ Kofi yɔ Kwame, subɔvi gbãtɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, etsɔ ŋdi medi be nàtsɔ gbedeasi vevi aɖe ayi na nɔvinye nam le Abɔkɔƒe.”
Kwame yɔ mo heʋuʋu ta gblɔ be, “Aƒetɔ, nyemate ŋu ayi o. Edidi akpa, eye nu bubuwo gali mawɔ.”
Aƒetɔ Kofi ɖe hũu vie, eye wòtrɔ ɖe Yawo, subɔvi evelia ŋuti, “Yawo, àyi nama?”
Yawo lɔ̃ kple dzidzɔ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ mayi.”
Aƒetɔ Kofi ko alɔgbɔnu eye wòtsɔ ʋuɖoga de asi na Yawo, “Tsɔe ɖo ʋu yi. Dze mɔ ŋdi kanya.”
Yawo xɔ ga la, emlɔ anyi zã ma kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ɖokui ŋu blibo.
Gake le ŋufɔke la, yame do viviti, eye eteƒe medidi o, tsi gã aɖe kɔ ɖi. Mɔawo zu ba sɔŋ, eye tɔsisi aɖe si wotsona hafi yia Abɔkɔƒe la ɖɔ gbagba. Manya wɔ be woazɔ mɔ o. Yawo lala be tsidzadzaa natɔ, gake ɖeko wògasẽ ɖe edzi.
Esi wòƒo ŋdɔ ga wuieve la, Aƒetɔ Kofi yɔe be, “Yawo, mekpɔe be mète ŋu yi o. Tsidzadzaa na be manya wɔ o.”
Yawo de mo to gblɔ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, meɖe kuku evem ŋutɔ be….”
Aƒetɔ Kofi ko alɔgbɔnu, “Mehiã be nàɖe kuku o. Èlɔ̃ faa be yeayi, eye esiae nye nu vevitɔ. Ʋuɖoga la zu tɔwò.”
Yawo ƒe nu ku wòke ŋku gãa gblɔ be, “Gake Aƒetɔ, nyemewɔ dɔa o ɖe.”
Aƒetɔ Kofi ʋuʋu ta gblɔ be, “Nyateƒee, gake èɖo to. Èlɔ̃ be yeayi, eye ema le vevie wu emetsonua. Dzi si lɔ̃na faa ɖoa to xɔ asi wu dzimesesẽ.”
Ŋu kpe Kwame, si nɔ ŋku lém ɖe wo ame evea ŋuti. Ekpɔe be teƒeɖoɖoa kple nusɔsrɔ̃a siaa to ye ŋu.
Nufiame Si Le Ŋutinyaa Me
Anyo be dzi si lɔ̃na faa ɖoa to nanɔ mía si wu be míanye tagbɔsẽlawo kple kuviatɔwo, elabe vi tsɔdɔe ɖua amesimenu.
-
HadomenyawoToɖoɖo Ƒe Dodokpɔ
-
LãmesẽKadzasakpana Hã Gava Ɖo
-
HakpanyawoLogoti Kple Aɖa
-
GbetikewoAgbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ Nye Kesinɔnu Blibo
-
GbetikewoHɔ̃sugogo Be Aklãdɔwo Neɖe Ke!
-
GbetikewoAflatovi Le Kpuie Do Gawu
-
GliwoAdoglo Kple Akpɔkplɔ
-
GliwoYiyi Kple Ɖetsyɔ̃evi
-
FefewoAkpɔkplɔ Kple Akpaviã Eveawo
-
DzɔdzɔmenuwoAkpaviwo Kple Tɔmelãwo Ƒe Ŋkɔwo
-
LãwoAƒemelãwo Kple Gbemalãwo Nye Suku Blibo
-
Nusrɔ̃ƒeAtiwo Kple Woƒe Ŋkɔwo
-
Nusrɔ̃ƒeXewo Kple Woƒe Ŋkɔwo
-
Ame XɔŋkɔwoJohann Bernhard Schlegel Ƒe Agbemeŋutinya
-
Ame XɔŋkɔwoGottlob Christoph Däuble
-
Nusrɔ̃ƒeAnyigbadzitɔwo Ɖo Biliɔn 8 Le Ademakpɔxe 15, 2022
-
HakpanyawoAve Gãwo Me Yetso
-
Ame XɔŋkɔwoAƒenɔ Abla Dzifa Gomashie
-
HadomenyawoSewɔtakpekpemetɔ Dzifa Gomashie Hã Gagblɔe
-
HakpanyawoMenya Be Meble Xoxo
-
HakpanyawoAʋa Sim Loo!
-
Nusrɔ̃ƒeŊutsuvi Kple Gbɔ̃tsu La
-
HakpanyawoAkpalu Ƒe Agoha
-
HakpanyawoGbɔ̃tsu Sue La
-
HakpanyawoDadi Kple Afiwo
-
GbetikewoDefetsui Ƒe Viɖewo Sɔ Gbɔ Loo!
-
HadomenyawoDzigbeŋkɔwo Le Eʋenyigbawo Dzi
-
HakpanyawoLogoti Kple Aɖa
-
AsinudɔwoEʋeawo Ƒe Lãɖemɔnuwo—Fɔlifɔfɔ Kple Tekalitete
-
AsinudɔwoEʋeawo Ƒe Lãɖemɔnuwo Agalãledzi Kple Atukpaxa
-
ModzakaɖeƒeAnyigbaʋuʋu Aɖe Do Voɖi Na Amewo Le Akra
-
AsinudɔwoEƲEAWO ƑE LÃƉEMƆNUWO
-
Ame XɔŋkɔwoVINƆKƆ AKPALU—Eʋeawo Ƒe Hakpanyaŋlɔla Gãtɔ
-
Ame XɔŋkɔwoBella Bellow Hadzila Gbevivitɔ La
-
AsinudɔwoBubumewo Ƒe Kete La!
-
LododowoEƲE LODODOWOAKPA 20
-
LododowoEƲE LODODOWOAKPA 19
-
LododowoEƲE LODODOWOAKPA 18
-
LododowoEƲE LODODOWOAKPA 17
-
LododowoEƲE LODODOWO AKPA 16
-
LododowoEƲE LODODOWO AKPA 15
-
LododowoEƲE LODODOWO AKPA 14
-
LododowoEƲE LODODOWO AKPA 13
-
LododowoEƲE LODODOWO AKPA 12