Aflatovi Le Kpuie Do Gawu
Aflatovi nye amagbe alo gbe aɖe si ŋkɔ meɖina kura le amagbewo alo gbewo dome o. Nu ka tae míele fu kpem le eyɔm be gbe alo amagbe? Susu la koe nye be amewo menya afi si yewoadae ɖo o. Ame aɖewo be gbe ye wònye, eye ame bubuwo hã be amagbe woayɔe.
Togbɔ be ame geɖe bua aflatovi le xexea me godoo be enye gbe hã la, menye gbe alo amagbe ƒoasie o. Ɛ̃e, kesinɔnu blibo amagbe sia nye. Le nyati sia me la, míakpɔ dɔ vovovo siwo gbe sia dana, ale si woɖanɛ ɖuna kple nu siwo ŋuti míakpɔ nyuie le le gbe sia zazã me.
Aflatovi Ƒe Dzɔtsoƒe
Aflatovi nye gbe aɖe si vuna ɖe anyigba, mekɔna o, eƒe amakpawo le suesuesue, gake wotri ŋutɔ. Eƒe seƒoƒo nɔa aŋutiɖiɖi. Gbe sia tso Persia kple India kaka ɖe xexea me katã. Ewɔna le anyigba xɔdzowo kple fafawo siaa dzi nyuie. Zi geɖe la, wokpɔnɛ le abɔwo, gli gbagbãwo kple aɖukpowo gɔ̃ hã dzi.
Nu Si Ta Wòdaa Dɔ Geɖe
Nunyiame vevi gbogbo aɖewo le gbe sia me. Wo dometɔ aɖewoe nye vitamin A, C kple E kpakple tomenu abe magnesiɔm, kalsiɔm, kple potasiɔm ene. Ami si woyɔna be Omega-3 gbogbo aɖe hã le eme, esia wɔe be amagbe sia to vovo na gbe alo amagbe bubuwo. Míakpɔ dɔ siwo wòdana dometɔ aɖewo.
Aflatovi Tea Ŋu Daa Nutete Kple Tetedɔwo
Amenyinu siwo woyɔna le yevugbe me be flavonoid kple alkaloid le gbe sia me, esiawo wɔnɛ be wotea ŋu zãnɛ wòwɔa dɔ nyuie le nutete kple tetedɔwo dada me. Tetedɔ siawo dometɔ aɖewoe nye ƒunukpeƒetetedɔ, dɔkɔ alo blikɔ, kple ŋutigbalẽdɔléle.
Ŋutilãtakpɔnuwo Le Aflatovi Me
Ŋutilãtakpɔnuwo le eme, eye wokpena ɖe ŋutilã ŋu wòwɔa avu kple lãmenugbagbevi gblẽnuwo. Amagbe sia nana be ameti bliboa nɔa lãmesẽ me.
Aflatovi Kpɔa Ame Ta Tso Dzidɔwo Si Me
Numekukuwo ɖee fia be ami si woyɔna be omega-3 gbogbo si le aflatovi me nana wòtea ŋu ɖiɖia ʋusɔgbɔdɔ (blood pressure alo tension artérielle alo ʋumasinyuiedɔ) kple kolesterɔl sɔgbɔ ƒe nugbegblẽ le ame ŋuti dzi kpɔtɔ. Kolesterɔl nye ʋumenu si nana be ʋua tea ŋu wɔa ʋumenugbagbevi dzĩwo. Gakpe ɖe eŋu la, potasiɔm le aflatovi me zã. Potasiɔm kpɔa ame ta tso dzidɔ si me. Enana be ʋu ƒe sisi nɔa ɖoɖo nu, eye esia wɔnɛ be ʋusɔgbɔdɔ alo ʋumasinyuiedɔ meɖea fu na ame o. Gawu la, enana be lãkusiwo alo lãwawo hã nɔa lãmesẽ me.
Enana Be Nuɖuɖu Wɔa Dɔ Le Dɔ Me Nyuie
Esi wònye atsa alo atsakiti ƒomevi aɖe le aflatovi ƒe amakpawo alo aŋgbawo me ta la, enana nuɖuɖu wɔa dɔ le dɔ me nyuie. Eléa atsidada alo atsidɔdɔ nu, enana woyia nugodo nyuie edziedzi, eye wòtsia dɔgbometetedɔwo nu.
Edoa Ŋusẽ Dɔlélenutsiŋutetewo
Aflatovi nana be ame ƒe dɔlélenutsiŋutete me gasẽna ɖe edzi. Vitamin kple anyigbamenu gbogbo siwo le amagbe sia me kpakple eƒe dɔlélenutsiŋutete na wònye kpeɖeŋutɔ vevi aɖe na amegbetɔwo. Ekpɔa ame ta tso dɔlékuiwo kple dɔlélewo si me.
Ƒunukpeƒetetedɔ kple Ƒunukpeƒeveame
Ŋutete le aflatovi si be wòakpe nutete kple tetedɔwo dzi. Eɖea vevesese kple tete si ƒunukpeƒetetedɔ kple ƒunukpeƒeveamedɔ hena vanɛ la hã dzi kpɔtɔ. Amagbe alo gbe sia zazã edziedzi ate ŋu aɖe vevesese kple tete si tsoa dɔ siawo gbɔ la dzi kpɔtɔ. Ana be ame nate ŋu aʋã eƒe kpeƒewo bɔbɔe wu.
Edaa Ŋutigbalẽmedɔwo
Ne wotu aflatovi hesisii ɖe ŋutilã ƒe akpa si ŋutigbalẽmedɔ aɖe lé la, etea ŋu wua dɔlélea le teƒea. Etea ŋu nana be ŋutifieame kple ŋutilã ƒe ʋusrãdodo nu tsona.
Nuɖuɖu Ƒe Dɔmawɔmawɔ Nyuie Le Dɔ Me
Atsa alo atsakitsi ƒomevi aɖe le gbe alo amagbe sia me. Esia nana be nuɖuɖu wɔna dɔ le dɔ me na ame nyuie. Ale wɔ aflatovi tea ŋu ɖea nuɖuɖu ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie le dɔ me na ame dzi kpɔtɔ.
Ʋusɔgbɔdɔ Kple Kolesterɔl
Ami si nye Omega-3 kple potasiɔm si le aflatovi me wɔe be wòtea ŋu ɖea ʋu ƒe sisi akpa kple kolesterɔl ƒe agbɔsɔsɔ dzi kpɔtɔ. Ezazã le nuɖuɖu me edziedzi ate ŋu aɖe ʋusɔgbɔdɔ kple dzidɔ dzi kpɔtɔ.
Suklidɔ Alo Aɖuɖɔvividɔ
Numekuku gbãtɔwo ɖee fia be aflatovi ate ŋu aɖiɖi sukli ƒe agbɔsɔsɔ le ʋu me dzi kpɔtɔ le ame siwo léa suklidɔ alo aɖuɖɔvividɔ gome. Gake ehiã be woagawɔ numekuku geɖe wu be woase eƒe dɔwɔwɔ kple eƒe agbɔsɔsɔme si sɔ woazã gɔme nyuie wu.
Nya Aɖe Le Amagbe Sia Si Ɖe Kansadɔ Ŋu
Ɖeko numekuku tso akpa si aflatovi wɔna le kansadada me dze egɔmee nye ema. Ke hã, numekuku gbãtɔwo de dzi ƒo ŋutɔ. Nu ka tae? Elabe wokpɔ kersetin (quercetin) kple kaempferol kple esiawo ƒomevi le amagbe sia me. Nu siawo nye ŋutilãtakpɔnuwo eye wotea ŋu ɖea tete dzi kpɔtɔ. Esiae ate ŋu awɔe be woatsi lãmenugbagbevi siwo wɔa kansa la ƒe dɔwɔwɔ nu kura.
Aflatovi La Ŋu Dɔwɔwɔ
Míate ŋu awɔ aflatovi ŋu dɔ le mɔ vovovowo nu.
Eƒe Mumu Ɖuɖu
– Tsɔ aflatovi ƒe amakpa alo aŋgba mumu kɔ ɖe salada alo nuɖuɖu ɖe sia ɖe si me woate ŋu ade amagbee me nàɖu.
– Toe alo tui le mɔ̀ me nàfia eƒe tsi ano.
– Wu aflatovi ɖe detsi, atadi alo nugbagba, alo nu tɔtɔewo dzi atsɔ aɖo atsyɔ̃ na wo alo atrɔ woƒe ʋeʋẽ.
Aflatovi La Zazã Le Nuɖaɖa Me
– Tsɔ aflatovi kple ayo tsaka nàtɔ le ami me atsɔ akɔ ɖe ba, ɖewohĩ dzeteba kple bubuawo ene dzi.
– Fie tsi aflatovi nàtsɔ akpe ɖe nu kpekpe si nèɖa la ŋuti aɖu, elabe amenyinu geɖe le eme.
– Kɔ aflatovi ɖe koklozi kple esiawo tɔgbi dzi natɔ abe ale si nèkɔa amagbe bubuwo ɖe koklozi dzi tɔna ene.
Aflatovi La Zazã Le Atikewɔwɔ Me
– Tsɔ aflatovi ƒe amakpa ƒuƒu de tsi dzodzo me wòaɖe ɖe eme nyuie nàno, ana wò dzi nadze eme bɔkɔɔ, eye wòade wò lãmesẽ hã dzi ŋutɔ.
– De aflatovi vinega alo ami me wòaɖe ɖe eme nyuie nàzãe le dzodoƒe alo adee aha sesẽ me wòaɖe ɖe eme nyuie nàzã abe gbetike ene.
– Tu aflatovi alo to eƒe amakpawo nàtsɔ aɖo ŋutilã ƒe akpa si te dzi ale be vevesese la nu natsi.
Kpɔ Nyuie Le Aflatovi Ŋu Le Esiawo Me
Wogblɔna be aflatovi megblẽa naneke le ame ŋuti ne wozãe le ŋuɖɔɖo me o. Gake ame aɖewo hã be enana lãme gblẽa yewo alo mexɔ dɔ me na yewo o. Eya ta anyo be nàbia mɔfiame tso kɔdzidɔwɔlawo alo gbetikenyalawo gbɔ hafi atso nya me be yeazãe loo alo yemazãe o. Esia le vevie ŋutɔ nenye be numaxɔamedɔ (allergy) le ŋutiwò. Eya ta anyo be nyɔnu funɔwo kple nyɔnu siwo le no nam vi la nakpɔ nyuie le amagbe sia zazã ŋuti. Ele be woabia gbe woƒe ɖɔkitawo alo gbetikewɔlawo woalɔ̃ ɖe edzi na wo hafi woazãe.
Le nyataƒoƒo me la, aflatovi nye dzɔdzɔmetike si woate ŋu azã le mɔ vovovowo nu, ŋusẽ le eŋu, eye viɖe vovovowo le eŋu le atikewɔwɔ me. Aflatovi kpea tete alo tetedɔwo dzi, ŋutilãtakpɔnuwo le eme, ŋutete le esi be wòaxe mɔ na kansadɔ va se ɖe afi aɖe. Ne èzãa amagbe maxɔŋkɔ sia le wò nuɖaɖa, tiinono kple bubuawo me la, àkpɔ eƒe viɖewo eye ànɔ lãmesẽ aɖe si nu me.
Eya ta tee kpɔ, ɖewohĩ esia asɔ na wò, eye wòakpɔ wò kuxi ɖefuname aɖe gbɔ. Ɖo ŋku edzi be menye dɔyɔƒee degbea.org ƒe nyatakakakpɔƒe sia nye o, ke boŋ ɖe wòku nu me tso teƒeteƒewo.
Kpɔ nyati siawo hã: