EƲEAWO ƑE LÃƉEMƆNUWO

Afrikatɔ aɖe le akpoŋ dam

Akpoŋ alo ƒe si woda nyuie la ƒe viɖewoe nye kpoku, adeɣe, ƒã, abɔbi, deɣi kple tsiyi! Kae vivia nuwò ŋutɔ? Ɛ̃, Eʋeawo kpɔa dzidzɔ ɖe tɔmelã ŋuti eye tɔmelã aɖewo ya megbea zea me nɔnɔ o. Esia katã na míekpɔ lãɖelawo ƒe asixɔxɔ.

Lãɖelawo ɖea lã le tsi viviwo kple atsiaƒu siaa me le Eʋe-nyigba dzi. Ke lãɖemɔnu kawoe wozãna? Le nyati sia me la, míakpɔ lãɖemɔnu etɔ̃, woawoe nye ƒudodo, agalãxɛɖoɖo kple gbebublu. Eye nyati siwo akplɔ esia ɖo hã ado dzidzɔ na wò elabe míagakpɔ lãɖemɔnu bubu siwo dometɔ aɖewoe nye kpãɖoɖo, tɔsisi kple atukpaxɛɖoɖo. Ne ènya lãɖemɔnu aɖe si míeyɔ le afi sia o la, míeɖe kuku na míanya.

ƑUDODO ALO AKPOŊDADA

Ƒu, ƒe alo akpoŋ nye gavi si nu woxa tsɔ̃e hena lãɖeɖe. Woyɔa ƒutsɔtsɔ ɖe lã be ƒudodo, ƒedada alo akpoŋdada. Ƒudodo doa dzidzɔ na ame ŋutɔ. Nu ka tae? Elabe menye dɔ sesẽ wònye o, ɖeko wòle abe fefe ene eye míagblɔ ko be modzakaɖeɖee.

AKpoŋ le ame aɖe ƒe asi me

Eʋe aɖewo gblɔna be ƒea tsɔ lã, ɖewo be akpoŋ la tsi lã eye bubuwo hã be ƒu la ɖe lã. Míate ŋu agblɔ wo katã le ale si míedoa míaƒe gbetagbe lae nu. Gake aleke wodoa ƒu?

Wosaa ka ɖe ati nu eye wotsia ƒu ɖe ka la nu. Wosaa ati sue aɖe, si fona abe futufutu ene ɖe ka la ŋu si woyɔna be kpokpoli. Ne lã aɖe tsɔ ƒua la, kpokpoli la buna ɖe tsia me zi ɖeka eye ƒudola alo akpoŋdala nyana enumake be yelé tɔmelã aɖe. Ele na ƒudolaa be wòahe ƒua zi ɖeka. Kusi si nu wode ɖɔkae nɔa ƒudolaa xa le tsia me si me wòdea lã siwo wòɖe lae. Woɖea lã votavota siwo ƒe ɖewoe nye akpa, abɔyi, adeɣe, klofi, ŋɔtsi, adekɛ. Kaka ɣetrɔ naɖo la, ƒudolaa ƒe kusia yɔna taŋ kple lã ɖeɖe sɔŋ. Sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa mefena le lãɖedɔ sia ŋu o. Nyɔnuwo nɔa lalam le tɔa to be yewoaƒle lã adzra.

Lãɖelawo dzraa wo na nyɔnuawo eye woawo ŋutɔ tsɔa ɖewo yia aƒe me ɖamena. Ne èto mɔ sia dzi la, àte ŋu alé ƒã, adeɣe kple ŋɔti gɔ̃ hã, gake ele be nàbla godzi nyuie. Ne mèbla go dzi nyuie o la, ƒã ade wò tɔ.

AGALÃXƐ ALO AGALÃXA

Lãɖemɔnu bubu si ŋuti dɔ Eʋeawo wɔna le nuto aɖewo mee nye agalãxɛ alo agalãxa ɖoɖo. Aɖaŋu ka gbegbee lãɖemɔnu sia hã lɔ ɖe eme? Na míakpɔe ɖa.

Agalãxɛ aɖe

Agalãxɛɖoɖo mesesẽ kura o. Lãɖela la dzea defɔ alo pãmplo lɛlɛlɛ tsɔ lɔ̃a agalãxae. Woɖea mɔnu ɖe xa la ŋuti, afi si agalãwo ato age ɖe eme. Azɔ wotɔa lãviwo alo akpa siwo wofli kakɛkakɛe la ɖe ka nu sana ɖe eme. Woɖoa xa la ɖe tagbamu, atsiaƒu alo tɔsisi me. Ne agalãwo kpɔ lãviawo le xaa me ko la, wodia xaa ƒe mɔnu gena ɖe eme. Kaka woanya la, wotsi atsyã me. Womagate ŋu ado go le xaa me. Aglã siawo wɔa avu ʋuu nu koe tia kɔ na wo. Tsitsiawo gblɔna be, ne enyo na adela lae wògblɔna be afi si ko yenɔ dae nye esi. Ɛ̃, lãɖelaa ate ŋu ako alɔgbɔnu aʋuʋu ta. Elabe ɖuɖu va aƒe.

Ne ègakpɔ agalã le fetridetsi me la, nàɖo ŋku aɖaŋu si gbegbe lãɖela wɔ hafi te ŋu lé agalã ma la dzi eye nàda akpe nɛ ɖe eƒe kutrikukua ta. Vevietɔ la, míada akpe na Yehowa Mawu ame si wɔ agalã be wòado dzidzɔ na amegbetɔwo.

GBEBUBLU ALO TSIBUBLU

Míeva ɖo lãɖemɔnu etɔ̃lia dzi. Eyae nye gbebublu alo tsibublu. Lãɖemɔnu sia te kame vie, gake dɔdɔameɖokuitɔ meyɔa mo eye ɖɔɖɔɖɔe woɖaa kpe wòbina. Nyateƒeae nye be lãɖemɔnu sia ɖea vi geɖe. Gake aleke wowɔnɛ?Lãɖelawo nɔa ha me ƒoa xlã gbekɔe si me tsi le, eye wogbodoa tsia alo blunɛ. Wotsɔa asi kua ba le tɔa gɔme nɔ dadam ɖe gbea me le tsia me. Esia wɔnɛ be dzidzi ƒoa lãwo wotɔtɔna henɔa bebeƒe dim. Vavãe, womeɖoa sisi gadɔa alɔ̃ o. Tɔmelãwo kpɔe be nu si ko yewoate ŋu awɔe nye be yewoaɖo agbi alo aɖo ba, si fia be woasi abe ɖe ba me. Ke aleke lãɖelawo wɔna léa wo? Lãɖela siawo nɔa asi tsam le tsia me kple tɔa gɔme eye woléa tɔmelã bebela siawo asiasii.

Nu si nyo le lãɖemɔnu sia ŋutie nye be lãɖelawo tea ŋu léa lã gã siwo be ɖe gbea te. Wò ŋutɔ àte ŋu akpɔ lã siwo woaɖe le Ziɔ alo Amu me la ɖaa le susu me. Ɖewohĩ àyɔ ƒã. Ƒãa! Ɖe wòvivina loo! Ke ɖeko míagblɔ be, “Nezɔ.”

NA WÒAƉE VI NA WÒ

Lãɖemɔnu siawo katã dometɔ aɖe ate ŋu aɖe vi na wò, eye míeka ɖe edzi be àtsɔ aɖaŋu blibo awɔ esiae.

Lãɖemɔnu etɔ̃ siawo kpe ɖe mía ŋuti míekpɔ agbagba siwo Eʋeawo dzena hafi tea ŋu kpɔa tɔmelã ɖuna. Le dukɔ aɖewo me la, tɔdziʋu gãwo kple ɖɔ ŋkuvi kpakple ɖɔ ŋkugãwoe wozãna. Míagakpɔ lãɖemɔnu bubu siwo yia edzi le Eʋeawo de le nyati siwo akplɔ esia ɖo la me.

Numekula si ku nu me heƒo nyati siawo nu ƒu lae nye aƒetɔ Ɖela Dankwah, si nye Eʋegbeŋutinunyala kple gbegɔmeɖela bibi.

 

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top