Eʋeawo Ƒe Lãɖemɔnuwo
Agalãledzi Kple Atukpaxa

Afrikanyɔnuvi aɖe lé lã ɖe asi

Atukpaxa alo atukpaxɛ anya ɖi nya yeye na wò. Nu kae wònye? Lãɖemɔnu hamehame siwo ŋu dɔ Eʋeawo wɔna la dometɔ ɖekae. Míeƒo nu tso lãɖemɔnu etɔ̃ ŋuti le nyati si nye Eʋeawo Ƒe Lãɖemɔnuwo me va yi. Míesrɔ̃ nu vevi aɖewo le nyati ma me ku ɖe lãɖemɔnu vovovoawo ŋuti. Ke nu kae míakpɔ le nyati sia me?

Míagaƒo nu tso lãɖemɔnu etɔ̃ bubu aɖewo ŋuti le nyati sia me. Mɔnu siawoe nye agalãledziɖoɖo alo kpãɖoɖo kple atukpaxɛɖoɖo alo atukpaxaɖoɖo kple ɖɔkpɔkplɔ.

Agalãledziɖoɖo Alo Kpãɖoɖo

Lãɖemɔnu bubue nye esi woyɔna be kpãɖoɖo. Wotsɔa milogoe xoxo eye woɖea nutuvia le enu. Wokpaa ʋuƒo gbabɛ dea enu. Wotsɔa sabala, negboe alo agbeli mumu kakɛ dea milogoe xoxoa me ɖoa kpãmɔ̀ lae. Woɖonɛ ɖe gota ke menye tɔ me o. Tɔwo, dzegbesi, alo tagbamu ƒe gowo dzie woɖonɛ ɖo. Woɖonɛ le afi si agalãledziwo alo agoglãwo ɖe do ɖo le me. (Agalã siwo ƒe nɔƒe nye tɔwo ƒe gowo dzie woyɔna be agalãledziwo.)

Agalãledzi

Woɖoa kpã la ɖe doawo nu. Ne wodo ko la wogena ɖe goea me be yewoaɖu nuawo. Tete mɔ̀ la fena alo tuna ɖe wo nu kpla. Kpãɖolaa vana trɔnɛ ɖe golo, kevi, tɔka alo tɔkpo tɔxɛ aɖe me.

Adã nɔa mo na wo wu tɔmegalãwo. Woƒe aɖugbowo sesẽ ŋutɔ. Woawoe wotsɔna ʋlia wo ɖokui tae. Gake agalãledziwo vivina ŋutɔ!

Nuɖuɖu vevie wònye. Wotsɔnɛ ɖaa dzeŋkplẽ alo akplẽdzĩi. Wo ɖuɖu ɖe wònana be ame ƒe lãmeƒuwo sẽna gla.

Ne ègaƒle ɖe le asi me alo èle eƒe detsi vivi aɖe ɖum la, ɖo ŋku edzi be menye aɖaŋu vie agalãledzilélawo wɔna o. Ɛ̃e, kafu wo ɖe woƒe agbagbadzedzea ta.

Atukpaxɛɖoɖo Alo Atukpaxaɖoɖo

Ne tsi ɖɔ teti la tɔmelãwo abe akpa ene tea dzidzi. Esia ganyea dɔ na tɔƒodelawo. Woɖoa nu si woyɔna be atukpaxa alo atukpaxɛ. Wozãa biya alo wisiki ƒe atukpa gãwo na lãɖemɔnu sia. Woɖea tukpaa gɔme, ke woxea eƒe nugbɔ sue la. Woɖaa akplẽ hekaa vi aɖe dea eme. Woɖonɛ ɖe tɔ me afi si megoglo o, hetua ati tsɔ dea dzesi afi siwo woɖo atukpaxɛawo ɖo. Akpaviwo gena ɖe atukpaa me be yewoaɖu nuɖuɖua. Wogena ɖe eme bibibi ŋutɔ. Anɔ gaƒoƒo eve megbe la atukpaxɛɖolaa trɔna gbɔna. Ewɔna dzaadzaadzaa tsɔa asi bua alo tsyɔa atukpaa nu. Etrɔa lãwo ɖe kusi me eye wògaɖea zɔ ɖe atukpaxa bubuwo dzi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eƒe kusi la yɔna taŋ.

Etsɔa nudogba dzidzenɛ dzrana. Atukpaxɛkpawo melolona o, eye wobɔbɔna ŋutɔ. Taflatsɛ míaƒe nyagãɖeɖi siwo aɖu tu le nu me na gɔ̃ hã lɔ̃a eɖuɖu le esi wole wluiwluiwlui hebɔbɔ ta.

Ame aɖewo yɔa atukpaxɛkpa be “ɖukpleƒui” elabena eƒe ƒuwo bɔbɔ ŋutɔ. Eƒe detsi ɖe wòvivina ŋutɔ.

Ɖɔkpɔkplɔ

Lãɖemɔnu ɖekae nye ɖɔkpɔkplɔ. Wokplɔa ɖɔ le atsiaƒu kple tɔsisi kpakple tagbamu me. Ɖɔ la didina ŋutɔ. Ame ɖeka nɔa kɔtoe le afii eye ame evelia nɔa kɔtoe le afimɛ. Wodea kpakpɛ alo kɔrke ɖɔa tame be wòaho ɖe dzi ne wole ɖɔa kplɔm eye wodea sabukpe viviviwo ɖɔa nu le ete be wòayi to ne lãwo nagato egɔme asi o. Wohea ɖɔa ɖɔɖɔɖɔ va gotae alo tɔdziʋua me heɖea lã siwo ɖo ɖɔa me le eme.

Te Lãɖemɔnu Siawo Kpɔ

Eya ta ne mo be yeadzaka wò la di milogoe alo atukpa aɖe nàdze mɔ. Ame aɖewo doa lo be anyigba meblea ame o. Nenema ke tɔsisi hã meblea ame o. Yi nàte lãɖemɔnu atɔ̃ siwo míekpɔ va yi dometɔ ɖeka kpɔ.

Míekpɔ ƒudodo alo akpoŋdada, agalãxaɖoɖo alo agalãxɛɖoɖo kple gbebublu alo tsibublu. Eye míekpɔ agalãledziɖoɖo alo kpãɖoɖo kple atukpaxɛɖoɖo alo atukpaxaɖoɖo.

Le nyati si akplɔ esia ɖo me la, míagakpɔ lãɖemɔnu ene aɖewo: Tekalitete, asabudada, fɔŋlifɔfɔ kple xaɖoɖo.

Numekula si ku nu me heƒo nyati siawo nu ƒu lae nye aƒetɔ Ɖela Dankwah, si nye Eʋegbeŋutinunyala kple gbegɔmeɖela bibi.

 

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top