Anyigbaʋuʋu Aɖe Do Voɖi Na Amewo Le Akra

Anyigbaʋuʋu le Akra

Anyigbaʋuʋu aɖe do voɖi na amewo le Ghana ƒe fiadu Akra (Accra) kple eƒe golɔgoewo me le Dzoɖa, Dzome (December) 12, 2022.

Dukɔa me nyakakadɔwɔƒewo kple Twitter-zãla aɖewo gblɔ be anyigbaa ʋuʋu zi gbãtɔ le ŋdi ga 10 me, eye wògaʋuʋu le ŋdi ga 11:30 lɔƒo.

Aƒenɔ Susan Asare le nuto siwo me anyigba ʋuʋu le la dometɔ ɖeka me.

Egblɔ tso anyigbaʋuʋu sia ŋu le BBC Pidgin be: “Mele nye xɔ me. Kasia mekpɔe be anyigba dze ʋuʋu gɔme le nye afɔ te. Vɔvɔ̃ lém ŋutɔ.”

Egblɔ kpee be: “Anyigbaʋuʋu bliboa xɔ sekɛnd ʋɛ aɖewo ko. Nye kple nɔnye siaa míesee le mía ɖokuiwo me be anyigba le ʋuʋum le mía te. Gake míenya be nu ŋutɔŋutɔe o.”

Anyigbaʋuʋu sia de Adabraka, Gbawe, McCarthy Hill, Kwabenya kple Mallam ke.

Anyigbaʋuʋuwo ŋuti nunyalawo gblɔ be esia ƒe sesẽme de Richter dzidze 4.

Ghana Anyigbaŋutinunyalawo ƒe Dɔwɔƒe ƒe numekulagã Nicholas Opoku de dzi ƒo na Ghanatɔwo be ŋɔ megadzi wo o eye womegatsi dzodzodzoe o. Gake eɖe nu me be nuto mawo le dukɔa ƒe akpa si anyigba anɔ ʋuʋum le.

Xlẽ esia hã: Anyigbadzitɔwo Aɖo Biliɔn 8 Etsɔ Ademakpɔxe 15, 2022

Nya Si Anyigbaʋuʋuwo Ŋuti Nunyala Aɖe Gblɔ

Aƒetɔ Opoku gblɔ le Citi Prime News me le Dzoɖagbe be: “Nu si míele gbɔgblɔm le ɣeyiɣi siawo katã mee nye be Akra le nuto siwo me anyigbaʋuʋu tea ŋu dzɔna le la me. Eya ta tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, míanɔ anyigbaʋuʋu sue siawo teƒe kpɔm. Suesue siawo anɔ dzɔdzɔm va de asi na esime gã aɖe nadzɔ.”

Menye esiae nye zi gbãtɔ si anyigba ʋuʋu le Ghana o. Le Masa (June) 24, 2020 dzi la, anyigbaʋuʋu si ƒe sesẽme nye Richter dzidze 4 dzɔ le fiadua me. Amerika Du Ƒoƒuawo ƒe Anyigbaŋutinunyalawo ƒe Dɔwɔƒe gblɔ be anyigbaʋuʋu sia ƒe sesẽƒe nɔ nuto aɖe si didi tso Gbawe gbɔ abe kilometa 7 ene. Anyigba ʋuʋu va yi le Tedoxe (March) kple Dzome 2018 me. Eye wògaʋuʋu le Dzodze (February) kple Tedoxe 2019 hã me.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top