Defetsui Ƒe Viɖewo Sɔ Gbɔ Loo!

Defetsui alo dzegbesui

Defetsui alo degbesui nye gbe ʋeʋĩ aɖe si wozãna ŋutɔ le anyigba xɔdzowo dzi. Le kpɔɖeŋu me, gbe sia xɔ ŋkɔ ŋutɔ le Benin, Nigeria, Ghana, Togo, Kamerun kple Madagaskar. Nenema kee wòxɔ ŋkɔ le Anyiehe Asia kple Bismark Ƒukpohatsotso la hã dzi. Woda asi ɖe gbe sia dzi le Polinesia, Hawaii, Brazil, Panama, Karib-duwo kple Mexiko be ezu yewo de ƒe gbe koŋ.

Míayɔ gbe sia be amagbe hã, elabena amewo ɖanɛ ɖuna abe amagbe ene. Amewo nyanɛ ɖuna abe ale si wonyaa gboma ene. Defetsui alo degbesui nɔa anyi ƒea katã. Wodonɛ le aƒe me eye egatea ŋu nɔa gbe me hã. Degbesui ʋẽna lilili, wozãnɛ abe nu ʋeʋĩ ene le dukɔ aɖewo me.

Gake menye amagbe koe defetsui nye o, enye dɔdagbe alo atike hã. Degbesui tea ŋu wua dɔlékui vovovowo aleke kee wo nu sẽe o. Amenyinu vovovowo le defetsui me. Amenyinu siawo dometɔ aɖewoe nye tannin, fenɔl, kalsium, fɔsfor, ayɔn, vitamin A kple bubuwo. Nu siawo katã nyo ŋutɔ na ame ƒe lãmesẽ.

Susu siawo tae míedi vevie be míaƒo nu tso vi siwo amagbe sia ɖena ŋu.

Enana Be Ŋku Kpɔa Nu Nyuie

Vitamin A sɔ gbɔ ɖe defetsui me, eye esia nana be ŋku tea ŋu kpɔa nu nyuie. Le nyateƒe me la, Vitamin A hiã be ŋkuvi alo ŋku ƒe gadaglamakui nawɔ dɔ nyuie. Eya tae degbesui ate ŋu akpe ɖe ŋutiwò ŋutɔ le ŋku ƒe fuɖenamewo gome.

Ne vitamin A mesɔ gbɔ le lãme na wò o la, ate ŋu ana be nàlé dɔ aɖe si nana be ame ƒe ŋkuwo megawɔa aɖatsi o. Ame siwo le dɔ sia lém megatea ŋu faa aɖatsi o. Eya ta degbesui ƒe aŋgbawo ɖuɖu ate ŋu awɔe be ame naƒo asa na dɔléle sia.

Funɔwo nakpɔ nyuie: Ne funɔ aɖe ɖua amagbe sia fũu akpa la ate ŋu agblẽ nu le vi nɔdɔme la ŋu. Nyɔnu siwo le no nam vi hã nakpɔ nyuie le amagbe sia ŋuti.

Enana Be Nuɖuɖu Wɔa Dɔ Nyuie Le Dɔ Me

Defetsui tea ŋu nana be ame medea atsi alo eƒe ƒodo hlana o, eye wònana hã be nuɖuɖu wɔa dɔ le dɔ me na ame ɖe ɣeyiɣi dzi. Degbesui ƒe tii nana be ame ƒe dɔ me dzea akɔ anyi ne eƒe dɔ me mele wɔwɔm nyuie o, eye enana hã be wodea afɔdzi nyuie. Defetsui ƒe tii léa dzixɔdzo alo dzifiafiã hã nu.

Eɖea Sukli Dzi Kpɔtɔna Le Ʋu Me

Ŋutete manyagblɔ aɖe le defetsui si be wòaɖe sukli dzi kpɔtɔ le ʋu me. Defetsui kpɔa ame ƒe ƒomeɖe si nye ŋutinu si wɔa lãmetsi si woyɔna be ƒomeɖetsi (insulin) la ta. Numekuku tso afiwo ŋu ɖo kpe nyataƒoƒo sia dzi. Esi wona defetsui afiwo la, eɖe sukli ƒe agbɔsɔsɔ dzi kpɔtɔ le woƒe ʋu me. Eye esi wodo esia kpɔ le suklidɔléla aɖewo ŋu la, eɖe sukli dzi kpɔtɔ le woƒe ʋu me.

Enana Be Dzi Wɔa Dɔ Nyuie

Amenyinu siwo nye kalsiɔm kple magnesiɔm le defetsui me, eye amenyinu eve siawo ɖea ami alo kolesterɔl manyomanyo dzi kpɔtɔ le lãme. Enana be ʋu tea ŋu sina le lãme na ame nyuie. Kolesterɔl manyomanyo tea ŋu nana be ame xɔa dzidɔ. Eya ta ne ame tsitsiwo le defetsui ɖum la, ate ŋu aɖe dzidɔ ƒe afɔkua dzi kpɔtɔ.

Míate ŋu axe mɔ ɖe dzidɔwo kple ʋukamedɔwo ƒe akpa gãtɔ nu ne míeɖua defetsuiŋgbawo.

Xlẽ esia hã: Hɔ̃sugogo Be Aklãdɔwo Neɖe Ke!

Enyaa Nudzodzoeviwo Kple Muwo

Dzɔdzɔmetike ƒokpli siwo woyɔna be kãfɔr, sineole, kple limonene le defetsui ƒe aŋgbawo me. Esiawo wɔe be defetsui tea ŋu nyaa nudzodzoeviwo kple muwo. Ne muwo kple tagbatsuwo ɖe kpe na mi la, miate ŋu ade defetsui ze alo adoe ɖe ze me alo adoe ɖe aƒea me ƒe teƒeteƒewo. Esia ana nudzodzoeviawo katã nasi dzo.

Eye ne enya nudzodzoeviwo dzoe la, ke ɖe mievo tso asrãdɔ alo atikesi hã si mee nye ekem.

Ewua Dɔléle Siwo Tsoa Ʋlo Ƒomevi Aɖewo Gbɔ

Numekukuwo ɖee fia be degbesuimakpa wua dɔlékui siwo tsoa ʋlo alo hlo ƒomevi aɖewo gbɔ. Eya ta le ŋutigbalẽdɔ aɖewo gome la, ne wotu degbesuimakpawo tsɔ ɖo teƒea la, wokuna.

Defetsui Léa Tete Nu

Defetsui hã tea ŋu ɖea tete dzi kpɔtɔna abe ale si yevutike siwo woyɔna be aspirin kple ibuprofen hã ɖea tete dzi kpɔtɔna ene. Defetsuiŋgbawo nyo na ame siwo aŋɔmeɖui le dzinukpɔɣi, dɔmeɖui, toɖui kple asrãdɔ alo atsikesi ɖea fu na la ŋutɔ. Ele be woaɖa amagbe sia ƒe aŋgbawo anɔ nonom eye woakpɔ gbɔdzɔe.

Etsia Mitsinyenye Alo Miŋɔŋɔ Nu

Le dukɔ geɖewo me la, wozãa defetsui tsɔ tsia mitsinyenye alo miŋɔŋɔ nu. Eya ta defetsui ƒe aŋgbawo tea ŋu tsia mitsinyenye alo miŋɔŋɔ nu ale gbegbe. Ne ame aɖe le mitsi nyem alo ŋɔ mi la, ele be wòatu defetsuia ahade dze vi aɖe eme eye wòanoe.

Nu si na be defetsui tea ŋu tsia mitsinyenyee nue nye ami aɖe si le eme si wɔa dɔ ɖe dɔgbovia dzi tẽe.

Gbɔgbɔtsiameƒo Kple Gbɔgbɔmasuame

Ne ame aɖe ƒe ŋɔti me xe alo amea mele gbɔgbɔm nyuie o la, ate ŋu atugu defetsuiŋgbawo le asiƒome eye wòanɔ egbɔm.

Enana Be Nu Me Meʋẽna Na Ame O

Ne ame aɖe ɖua defetsui ƒe ati abe ati ɖuɖu ene la, awu dɔlékuiwo le nu me nɛ eye wòana hã be eƒe aɖuwo magblẽ o. Eya ta àte ŋu aŋe defetsui ƒe ati anɔ ɖuɖum edziedzi. Àte ŋu ade defetsui ƒe ke aha sesẽ me anɔ nonom, ana be ŋusẽ naɖo ŋuwò eye ɖeɖi manɔ ŋuwò tem kabakaba o. Nenema kee àte ŋu atsɔ eƒe ke la aɖo tii atsɔ anɔ nu me ƒosom ne wò vetome ƒlɔ alo ewɔ abi.

Defetsui Wua Abi

Wotsɔa defetsui bla abi hã. Ame aɖewo hã tsɔnɛ blaa agbɔgbɔ alo ahɔ̃vi na vidzĩ si wodzi eteƒe medidi o. Wozãa defetsui ƒe ami le abiwutike aɖewo wɔwɔ me.

Enana Be Taɖa Tsina Nyuie

Ne wowɔ kansatike na ame aɖewo la, ɖa nyɔna le ta na wo. Numekukuwo ɖee fia be defetsuiŋgbawo ƒe ami tea ŋu nana be ame siwo wozã dɔdamɔnu siawo tɔgbi na la ƒe ɖa gatona.

Edoa Ŋusẽ Ame Le Gbɔdɔdɔ Gome

Amenyinu aɖewo le defetsui me siwo nana be ŋutsu tea ŋu lĩna alo tsona nyuie. Eye amenyinu sia tea ŋu nana hã be ŋutsuwo ƒe aʋa tea ŋu nɔa lãmesẽ me. Enana hã be ŋusẽ nɔa lẽvi siwo nɔa woƒe tsinyènye me la hã ŋu.

Le go bubu me la, dzɔdzɔmetike siwo woyɔna be anetol kple boron hã le defetsuiŋgbawo me. Dzɔdzɔmenu siawo nana be lãmetsi si woyɔna be estrodzen dzina ɖe edzi le nyɔnuwo ƒe lãme. Eye dzɔdzɔmenu siawo ke nana be lãmetsi si woyɔna be eudzenol dzina ɖe edzi le ŋutsuwo me. Eudzenol sia wua dɔlékui siwo nɔa tsi siwo dona le nyɔnuwo ŋu me.

Defetsui Kpɔa Nuɖuɖuwo Ta

Wotea ŋu tsɔa defetsui kpɔa nukuwo kple nuɖuɖuwo ta. Ɖeko wòle abe ale si wozãa atikewo kple sabalatiwo alo kinigbewo tsɔ kpɔa nuɖuɖuwo tae ene.

Ami Ʋeʋĩwo kple Ami Ɖuɖuwo

Woate ŋu azã defetsui ƒe amiwo awɔ adzalẽwo, ami ʋeʋĩwo, ami sisiwo kple dɔmiwo.

Na Wòaɖe Vi Na Wò Kple Wò Ame Malɔ̃nugbɔawo

Míekpɔe le nyati sia me be defetsui wɔa dɔ geɖe ŋutɔ. Eɖea vi geɖe. Ewua dɔlékuiwo, woate ŋu atsɔe aɖo tii, woate ŋu aɖae abe gbe ene ano, woate ŋu atsɔe aɖo abi, woate ŋu aɖae abe amagbe ene aɖu, eye woate ŋu atugui agbɔ hã.

Ke hã tsitsiawo gblɔna be nunya la adidoe, asi ɖeka metunɛ o. Eya ta ne wò hã èganya nu bubu aɖe si defetsui wɔna evɔ míeŋlɔe ɖe nyati sia me o la, ke ŋlɔe ɖe susuŋlɔɖi ƒe aɖaka si le nyatia te la me naɖo ɖe mí. Ne ènya nu tso gbe bubu aɖewo ŋu nàdi be yeana míanya alo nàdi be míaƒo nu tso eŋu na ye la, na míanya le susuŋlɔɖi ƒe aɖakaa me le nyatia ƒe nuwuwu.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top