Hɔ̃sugogo Be Aklãdɔwo Neɖe Ke!

Hɔ̃sugogo alo xetro

Hɔ̃sugogo alo xetro alo yetro nye gbe aɖe si nɔa anyi ƒea katã, ekɔkɔ vie, eŋuti le glidzaglidza eye ŋudzawo le eŋuti. Gbe sia ƒe alɔwo le sue nogoenogoe lebelebe, fu kedzekedzewo le eŋuti eye wole dzĩe. Gbe sia kɔkɔna abe meta ɖeka ene. Eƒe amakpawo alo aŋgbawo le bɔlɔbɔlɔe. Eƒe kuwo le suesue nogonogoe eye wole yibɔ. Nu siwo le abe fu ene le ati bliboa ŋu. Wozãa ati sia ƒe akpa sia akpa le atikewɔwɔ me, vevietɔ eƒe amakpawo kple kewo.

Ami vevi aɖe le hɔ̃sugogo ƒe kewo me. Eƒe kuwo le yibɔe eye ami ŋutiɖiɖi aɖe si ƒuna afã kple afã nɔa wo me. Azɔ hã amenyinu geɖe le wo me.

Xlẽ esia hã: Defetsui Ƒe Viɖewo Sɔ Gbɔ Loo!

Hɔ̃sugogo Zazã Le Atikewɔwɔ Me

Hɔ̃sugogo doa ŋusẽ ame eye wònana ame ƒe susu nɔa ŋute. Enana be aɖuɖɔ dzina ɖe aɖuɖɔtoe me kabakaba eye woɖɔa aɖuɖɔ kabakaba. Enana hã be gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nu sẽna ɖe srɔ̃tɔwo me. Eƒe tsi (alo afi) nana be woɖɔa aɖuɖɔ kabakaba. Enana ame ƒe ayi alo ŋutigbalẽ alo agbadze me fana miɔɔ.

Hɔ̃sugogo Daa Tetedɔ Ƒomevi Aɖewo

Gbe sia ƒe tsi (afi) tea ŋu daa tetedɔ ƒomevi aɖewo ŋutɔ, vevietɔ tetedɔ si tsoa tsilɔlɔ ɖe lãme na ame gbɔ. Woatsɔ nyi ƒe aɖuɖɔ atsaka gbe sia ƒe tsi ano. Woate ŋu ano gram 1.5  va ɖo gram 3.

Hɔ̃sugogo Daa Aɖuɖɔtoemedɔwo

Wozãa hɔ̃sugogo ƒe ke tsɔ daa agbadza kple aɖuɖɔtoemedɔléle kpakple asikɔmedɔlélewo. Dɔ siawo dometɔ aɖewoe nye aɖuɖɔtoemetetedɔ kple ayikumekpedɔ (kidney stone alo calcul rénal). Woate ŋu aɖa gbe sia ƒe ke na dɔnɔa wòanɔ gram 30 alo gram 60 nom zi eve alo zi etɔ̃ gbe sia gbe. Woɖaa eƒe aŋgbawo alo amakpawo hã na agbadzadɔléla alo babadɔlélawo. Esiawo nye dɔ siwo amewo xɔna zi geɖe to gbɔdɔdɔ me. Àte ŋu akɔ tsi dzodzoe ɖe eƒe kuwo dzi ahatu nu ɖe wo nu wòanɔ anyi vie, eye nàkui ano. Esia hã wɔa dɔ ŋutɔ le agbadzadɔ, babadɔ kple aɖuɖɔtoemedɔléle bubuwo gome.

Hɔ̃sugogo Daa Aklãdɔlélewo

Hɔ̃sugogo ƒe ke tea ŋu wɔa dɔ ŋutɔ le aklãdɔlélewo abe asrãdzẽ (atikesidzẽ) kple aklãtetedɔ (hepatitis alo hépatite) hã gome. Ewɔa dɔ ŋutɔ le aklãtetedɔwo gome. Woaɖa gbe sia ƒe ke gram 60 le tsi lita afã me, wòanɔ dzoa dzi miniti 20 va ɖo 30. Dɔnɔa nano gbe ɖaɖa sia mililita 30 va ɖo mililita 60 zi eve alo zi etɔ̃ gbe sia gbe.

Hɔ̃sugogo Daa Ʋumasɔgbɔdɔ Alo Ʋuvɔlelãmenamedɔ

Xetro klɔa ʋu me na ame eye wòtea ŋu nana be ʋu dzina ɖe lãme na ame siwo ʋu mesɔ gbɔ le lãme na o. Woaɖa gbe sia ƒe ke gram 60 le tsi lita afã me, wòanɔ dzoa dzi miniti 20 va ɖo 30. Dɔnɔa nano gbe ɖaɖa sia mililita 30 va ɖo mililita 60 zi eve alo zi etɔ̃ gbe sia gbe.

Hɔ̃sugogo Daa Kpeƒedɔlélewo

Hɔ̃sugogo wɔa dɔ ŋutɔ le lãmevee kple kpeƒedɔlélewo gome. Kpeƒedɔléle siawo dometɔ aɖewoe nye ŋuɖui, dɔkɔ (alo klikɔ) [dɔléle aɖe si nana be ame ƒe alɔnu kple kpeƒewo tena] ene gome.

Vivi tɔxɛ aɖeke mele hɔ̃sugogo ƒe amakpa me o. Woate ŋu azã eƒe aŋgba ɖeɖe ko alo atsakae kple ahamɛ ƒe aŋgbawo. Woate ŋu atugu gbe sia ƒe aŋgbawo (alo gbe eve siawo ƒe aŋgbawo) ahafia tsia kɔ ɖe nu me. Azɔ woatsɔ nyinotsi, adrotsi (adrutsi alo yevune si wɔ adru ƒe tsi) alo atikutsetsemetsi (juis de fruit alo fruit juice) atsaka xetro ƒe tsi si wofia ƒe gram 20. Eye woate ŋu atsɔ gbe sia ƒe aŋgba si wotu la gativi eve ahatsɔ nyinotsi mililita 120 va ɖo 180 alo tsi mililita 100 atsakae ano hã.

Kpeƒoame Sesẽwo Kple Gbɔxi Ƒomevi Aɖewo

Woatugu yetro ƒe aŋgbawo, ade yɔkumi vi aɖe eme ano. Ne wotugu gbea alea no la, etea ŋu kpea kpeƒoame sesẽwo kple gbɔxi ƒomevi aɖewo dzi ŋutɔ.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top