VINƆKƆ AKPALU
Eʋeawo Ƒe Hakpanyaŋlɔla Gãtɔ

Vinɔkɔ Akpalu le eƒe xɔ mɔnu

Vinɔkɔ Akpalu lae nye papa tsitsi si le ketea me
Hakpanya viviwo le Eʋeawo si. Wodzia ha siawo le azãɖuƒewo, kuteƒewo kple wɔna vevi bubuwo me.

Eʋeawo mefena le hakpanyawo ŋuti kura o, eye wodea asixɔxɔ hakpanyaŋlɔlawo hã ŋuti ŋutɔ.
Togbɔ be hakpanyaŋlɔlawo de ha le Eʋenyigba dzi hã la, hakpanyaŋlɔla ɖeka aɖe ya ƒo wo katã ta: Eyae nye Vinɔkɔ Akpalu. Míagblɔ eƒe agbemenya vi aɖe ko ne nàse.

Wodzi Vinɔkɔ Akpalu

Wodzi Vinɔkɔ Akpalu le ƒe 1888 me lɔƒo le Tsiame si te ɖe Anyako ŋu le Volta Nutome. Akpalu fofo ŋkɔe nye Kpodo Ahiamadi. Aƒetɔ Ahiamadi nɔ Fiaxo, si didi kilometa 10 tso Aŋlɔgã gbɔ. Dadaa Ehi, ya nye Anyakovi dzidzi, eye eya hã nɔ ƒukpo bubu aɖe dzi.

Vinɔkɔ Akpalu si nye hakpanyaŋlɔla gãtɔ si nɔ Eʋenyigba dzi

Wodzi Akpalu le nɔnɔme madeamedziwo me. Eƒo nu tso nya siawo ŋuti le eƒe hakpanyawo dometɔ ɖeka me. Ɣleti etɔ̃ do ŋgɔ na edzidzi la, aʋa dzɔ le Anyako. Abe ale si wònɔna le ŋkeke mawo me ene la, futɔ siwo nye Europatɔwo do ŋɔdzi na Anyakotɔwo be yewoatɔ dzo woƒe dua. Eya ta eva hiã be Anyakotɔwo nasi. Akpalu dada, si fɔ fu ɣleti adee nye ema la, si dzo le Anyako yi Tsiame, afi si wòdzi Akpalu le.

Akpalu Fofo Ƒe Asitsatsa

Aƒetɔ Kpodo Ahiamadi, Akpalu fofo, nye asitsala. Etsɔa adzɔnuwo abe atama, aha, tu, ɖu kple avɔ ene yia Eʋenyigba ƒe dzigbenutowo me. Ne etrɔ gbɔna la, eƒlea rɔba kple detsiƒonu va dzrana. Enɔ asitsatsa sia dzi ƒe geɖe. Esi wònye be asitsatsa dea ame dzi ɣemaɣi wu agbledede ta la, aƒetɔ Kpodo metsi dzi kura ɖe anyigbaƒeƒle ŋu o. Esia va de via ŋutsu Akpalu fukpekpe geɖe me emegbe.

 

Akpalu Ƒe Ayaɖuɖuwo

Esi Akpalu fofo nye asitsala kple mɔzɔla ta la, eya ŋutɔ mete ŋu he via o. Wogblẽ Akpalu ɖe dadaa kple eƒe ƒometɔwo gbɔ. Dadaa ku esime wònye ŋutsuvi dzaa ko, eye wòva tsi eƒe ƒometɔ aɖe si me. Ƒometɔ sia sẽ ŋuta le Akpalu ŋu ale gbegbe be ɖeko wòva si dzo le egbɔ.

Ɣeaɖewoɣi la, etsia dɔmeɣi. Awu ʋɛ aɖewo koe nɔ esi. Togbɔ be ele nenema hã la, wozi edzi wòwɔa dɔ sesẽ le aƒea me wu ɖevi bubuawo. Nyateƒee, wosẽ ŋuta le eŋu ale gbegbe be eƒe nu wɔ nublanui na eɖokui eye wòɖe eƒe seselelãmewo gblɔ le hakpanyawo me.

Akpalu Zu Hakpanyaŋlɔla

Kaka Akpalu naxɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ la, ezu hakpanyaŋlɔla kple hafiala. Zi geɖe la, eƒoa ɖeviwo nu ƒu le ƒuta hefiaa hadzidzi wo. Eteƒe medidi o, eƒe nuwɔna sia he ame tsitsiwo ƒe susu. Gake eƒe hadzidziwo to vovo na ʋuƒoƒo kple haƒoƒo siwo katã nɔ anyi ɣemaɣi.

Eva trɔ asi le eƒe hawo ŋuti ale be woate ŋu aƒo ame tsitsiwo ƒe ʋu si woyɔna ɣemaɣi be Atigo alo Dekɔ la ɖe wo dzi. Ɣemaɣi la, melɔ̃ ɖe edzi gbã be ye ŋutɔe ŋlɔ yeƒe hakpanyawo o. Ɖe wògblɔ boŋ be ye fo si dzia haawo la tɔe, elabena woxɔe se be hakpanyaŋlɔlawo ƒe agbe va wua enu ɖe fukpekpe me godoo. Eya ta be ame nagblɔ be yenye hakpanyaŋlɔla la, efia be ele eƒe agbe kple dzidzɔkpɔkpɔ dem afɔku me. Gake emegbe la, eva lɔ̃ ɖe edzi bliboe be ye ŋutɔ kpa haawo, be nu si be yeadzɔ ko nedzɔ.

Akpalu ɖe srɔ̃ zi ade gake medze edzi o. Srɔ̃nyɔnuawo dometɔ aɖewo gblẽe ɖi le vimadzimadzi ta; bubuwo hã ku. Via nyɔnu ɖeka kolia si wodzi nɛ le eƒe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ me hã va ku emegbe.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top