Eʋegbe Biblia Gbãtɔ Ƒe Ŋutinya

Eʋegbe Biblia gbãtɔ ƒe akametiwo.

LE NYATEƑE me la, Osɔfo B. Schlegel, si nye Bremani Mawunyadɔgbedeha, ƒe mawunyadɔgbedela dze Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gɔme ɖeɖe gɔme ɖe Eʋegbe me le ƒe 1858 me, eye Bremami Biblia Habɔbɔ tae le ƒe ma ke me.

Le ƒe 1861 me la, wota nya nyui gbalẽ eneawo. Le ƒe 1874  me la, Bremani habɔbɔa bia tso Britisi Duta Biblia Habɔbɔ si be wòata apostolo Paulo ƒe lɛta siwo gɔme osɔfo Mr. Ulerz ɖe ɖe Eʋegbe me.

Wota Biblia

Le ƒe  1878 me la, wota Nubabla Yeye bliboa. Wota Nubabla Xoxoa ƒe agbalẽ geɖewo hã ɣemaɣi. Esiawo dometɔ aɖewoe nye Mose Ƒe Agbalẽ Evelia, Yosua, Rut kple Samuel. Kaka Tedoxe 31, 1884 naɖo la, woma Nubabla Xoxoa ɖekaɖeka 4500 eye woma Nubabla Yeyea ɖekaɖeka 3000.

Biblia Le Eʋegbe me.

Dzidzɔ gã tɔxɛ aɖee nye Eʋe Biblia gbãtɔ la ƒe vava le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi ƒe tititina lɔƒo tututu. Nu si ɖi Noa ƒe ahɔnɛ ma, si ɖagbe amitiŋgba fẽ tso tsi miemie teƒe aɖe va Aɖakaʋua mee abe Mawu ƒe xɔname tso hiãkameawo me ƒe dzesi aɖe ene.                                 

“Ɖe Ema Mawunya La Hã Kue Nye Ekem!”

Le aʋa la ƒe dzɔdzɔ teti me la, trɔ̃nu aɖe gblɔ be: ‘’Dzamawo ƒe Mawu la ku, ɖe ema Mawunya la hã kue nye ekem!’’ Gake ekui wòɖuɖu, le Dzome, 1916 me tututu ko la, Biblia gbãtɔwo va ɖo Keta! Teƒe sia teƒe ƒe Kristotɔwo ɖu Biblia-ŋkeke nyui le esi wonyae be dɔ nyui vevi aɖe nue wònye wowu na yewo la ta.

 Wowu Biblia Blibo La Ƒe Gɔmeɖeɖe Nu Keŋ

Eʋegbe BIblia Gbãtɔ 1

Ƒe 1877 me kee osɔfo Merz te ŋu wu Nubabla Yeyea ƒe gɔmeɖeɖe gbãtɔ nu eye le ƒe 1898 me, osɔfo Yakob Spieth kple osɔfo GottLob Daeuble gakpɔe, to eme nyuie, wota. Le ƒe 1911 me la, wowu Biblia blibo la ƒe gɔmeɖeɖe nu keŋ. Detɔ siwo nya wo degbe la nyuie abe Andrea Aku, Samuel Quist kple Ludwig Adzaklo ene kple hamemegã eve kpe ɖe yevusɔfo eveawo ŋuti le eme.

Ale Biblia, Mawu ƒe Nya, si nye gbɔgbɔ ƒe yi la zu Mawu ƒe nunana gã aɖe le Xexemeʋawɔɣi sesẽ la me na Eʋeawo.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top