Eʋeawo Ƒe Lãɖemɔnuwo
Fɔlifɔfɔ Kple Tekalitete

Habɔ aɖe si amewo le dzidzɔ kpɔm le

Asabudada, fɔlifɔfɔ, xaɖoɖo kple tekalitete míatsɔ aƒo Eʋeawo ƒe lãɖemɔnuwo ƒe nyati doŋgɔawo ta le nyati sia me.

Le nyati siwo do ŋgɔ me la, míeƒo nu tso lãɖemɔnu vovovowo ŋu. Anɔ eme be èganya bubuwo abe ʋãdada ene. Ne ènya ɖe la, ke na míanya ale be míaŋlɔe ɖe afi sia ale be wòaɖe vi na ame bubuwo.

Azɔ na míakpɔ lãɖemɔnu ene mamlɛawo. Woawoe nye asabudada, fɔlifɔfɔ, xaɖoɖo kple tekalitete.

Asabudada

Asabu nye ɖɔ tɔxɛ si nu asabukpewo le si wodana wòtsyɔa tɔmelãwo dzi. Asabukpeawo ƒe kpekpe na ɖɔ la yia to hetsyɔa lãwo dzi. Ale si wowɔe na woyɔe be asabu.

Tɔƒodela aɖe le asabu dam.

Fɔlifɔfɔ Alo Mikpafɔfɔ

Tɔdɔ bubue nye afɔli, aɖɔɖe kple mikpa fɔfɔ. Woyɔa aɖɔɖe si le tagbamu me be mikpa eye woyɔa esi wofɔna le amugã kple atsiaƒu me be fɔli alo afɔli. Gake míagayɔ wo katã kpuie le nyati sia me ko be afɔli, fɔli, aɖɔɖe alo mikpa.

Ele na fɔlifɔla be wòado ɖi aɖo tsia gɔme ke afi si mikpa alo afɔliwo le. Atsa asi le anyigba le tsia me adi wo. Ne eƒe asi ka wo ko la, efɔnɛ abe etɔ̃ ene alo wu nenema hehona vaa dzi. Edaa wo ɖe gagba alo nugoe si le tsia dzi me. Egadoa ɖi la ake yia tɔa gɔme fɔnɛ. Enɔa esia wɔwɔ dzi va se ɖe esime nugoea yɔ. Egbɔna vaa aƒe ɖadzanɛ ho gbogboe.

Mikpa kple afɔli ɖe wòvivina ŋutɔ. Ƒu mele wo me o, eya ta wolɔ̃a tagbamu me tɔ yɔyɔ be mikpa, àte ŋu aɖui ahami zi ɖeka. Wotsɔnɛ tɔa kalamii alo ɖanɛ mumui. Evivina ŋutɔ.

Xaɖoɖo

Lãɖemɔnu bubue nye xaɖoɖo. Wotsɔa fɔ lɔ̃nɛ eye woɖea mɔnu ɖe eŋu afi si lãwo ato age ɖe eme. Woɖonɛ ɖe afi si lãwo le totom le tɔsisi nu eye ne woge ɖe eme ko la womegatea ŋu dona o.

Ɣeaɖewoɣi la woɖonɛ ɖe gbe te le tɔsisi nu. Adeɣewo, akpawo, ƒãwo, gbolonuwo, klofiwo, adekɛwo te ŋu gena ɖe eme. Ɣeaɖewoɣi la dawo nyàa tɔmelãwo ɖe enu gena ɖe eme. Edzɔ ɖe dzinye kpɔ. Ɖeko mesi le xà la gbɔ.

Tekalitete

Lãɖemɔnu bubue nye tekalitete. Nyɔnuwo koŋue wɔa dɔ sia le tagbamu me. Wolãa deʋaya ƒe ɖɔmee sana ɖe wo nɔewo nu wòdidina, abe afɔ 80 ene. Ame evee tenɛ, ame ɖeka léa eƒe kɔtoe le afii eye ame evelia léa kɔtoe kemɛ. Wokplɔnɛ abe ale si wokplɔa ɖɔ le tagbamu me ene. Lãléla geɖe siwo ade 20 alo wu nenema nɔa tekalia yome. Ne lãwo abe akpa ene kpɔ tekalia gbɔna ko la, wovɔ̃na heɖoa agbi alo ba. Afi si woɖo agbia ɖo la ɖea dzesi, ale ame si ƒe akɔme wòɖo agbia ɖo la léa wo. Le nuto aɖewo hã me la, nyɔnuawo zãa ɖɔwo abe ale si wòdze le fotoa me ene.

Ame aɖeke mekpɔ mɔ ava nɔvia ƒe akɔme alé lã o. Wodea ka kusi si nu wode ɖɔkae sana ɖe woƒe ali le tsia me. Kaka nyɔnuawo nagbɔ le ɣetrɔ me la, woƒe kusiawo yɔna dzinadzina alo taŋtaŋ. Wonaa lã gbogbo ame eve siwo te tekali la. Woawo hã kpɔa wo tɔ gome sɔsɔe. Menye ga vie wokpɔna le dɔ sia me o.

Woléa akpa, abɔyi, kple gbɔvilolo. Tekalikpawo nya kpɔna ŋutɔ.

Akpa siwo nèɖuna ƒe geɖeawo nye tekalikpawo.

Ɖo Ŋku Wo Dzi

Lãɖemɔnu ʋɛ siwo ŋuti míeƒo nu tsoe le nyati etɔ̃ siawo me gakpɔtɔ le vi ɖem na amewo le Eʋenyigba dzi eye ame kae nya ne wò hã àva hiã mɔnu siawo etsɔ. Esi wònye be ave dodo mesea dzogbe zuna o, eye amenɔƒe mesea glikpo zuna o ta la, anyo be nànya lãɖemɔnu vovovo siwo ŋuti míeƒo nu tsoe.

Tu xo na viwòwo alo nɔviwòwo. Na woanya nu tso Eʋeawo ƒe asinudɔwo kple dɔwɔnawo ŋu. Kokloxɔ xoxo mekpea ŋu na koklo o.

Lãɖemɔnu  siwo ŋuti míeƒo nu tso la woe nye: (1) ƒudodo alo akpoŋdada, (2) agalãxɛɖoɖo alo agalãxaɖoɖo, (3) gbebublu alo tsibublu. (4) kpãɖoɖo, (5) atukpaxaɖoɖo, (6) asabudada, (7) ɖɔkpɔkplɔ, (8) fɔlifɔfɔ, (9) xaɖoɖo kple (10) tekalitete.

Míava ƒo nu tso tɔsisi kple bubuawo ŋu le nyati bubuwo me.

Numekula si ku nu me heƒo nyati siawo nu ƒu lae nye aƒetɔ Ɖela Dankwah, si nye Eʋegbeŋutinunyala kple gbegɔmeɖela bibi.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top