GLITOTO LE EƲE ME

Papa aɖe le gli tom na eƒe ƒomea

Dzinu le ɖiɖim nyuie le kɔƒea me fiẽ sia. Tɔgbui Kɔmedza kple ɖeviwo le xexe le dzidzɔ kpɔm ŋutɔŋutɔ. Nu kae na be ɖeviawo ƒo xlã Tɔgbui Kɔmedza le dzidzɔ kpɔm alea? Ènya nu si wɔm wolea? Wole gli tom.

Le nyati sia me la, míakpɔ nu si nye gli, glitoto kple ale si woƒoa glitoto tae. Nu siwo míagblɔ tso glitoto ŋuti le nyati sia me la ƒe akpa aɖewo ate ŋu ato vovo le Eʋe-nyigba ƒe nuto vovovoawo me. Eya ta mègaxɔe vevie nenye be ale si wogblɔe le nyati sia me mesɔ kple mia gbɔ tɔwo tututu o. Àte ŋu aŋlɔ ale si wogblɔnɛ le mia gbɔ la ɖo ɖe mí faa. Le nyati siwo ava ɖe esia yome me la, míagava dzro se siwo kplɔa glitoto kple ale si míawɔ be glitoto naɖe vi na míawo ŋutɔ kple mía viwo la me.

NU KAE NYE GLI?

Gli nye ŋutinya aɖe si wokpa aɖaŋutɔe hetsɔ nya de nu na xexemenuwo alo kpaa nuwɔna aɖe dea wo ŋuti be woatsɔ afia nu vevi aɖe amegbetɔ tso agbenɔnɔ ŋuti.

Le kpɔɖeŋu me, wogblɔna be Yevi Golotoe alo Yiyi kple srɔ̃a Funɔ wode agbeligble evɔ míenya nyuie be lãwo medea agble o.

NU KAE NYE GLITOTO?

Glitoto nye mɔ si nu wogblɔa ŋutinya kpakpa siwo woyɔna be gli la le. Wogayɔa glitoto be glitete. Efia be woate ŋu agblɔ hã be te gli.

ALE SI GLITOTO YINAE

Glitola alo glitela naa kaklã gliselawo gbã be woanɔ to dzi hena gli la sese. Egblɔna be: “Mise gli loo!” alo “Gli kpem!” Ke nenye be gliselawo le to dzi la, woawo hã gblɔna be: “Gli neva!”, “Neva míase!” alo “Gli zem!”

Glitola yia edzi yɔa nuwɔla vevi siwo le gli si to ge wòala me la ɖekaɖeka. Le kpɔɖeŋu me, “Gli zɔ glãmaglãma yi ɖadze Yiyi dzi!”, “Wòyi ɖadze srɔ̃a Funɔ dzi!”, “Wòyi ɖadze Tsikakɛ dzi!”, “Wòyi ɖadze gbemelãwo katã dzi!” Nenye be glitola le glimenuwɔlawo yɔm ɖekaɖeka be gli dze wo dzi la, gliselawo ƒona dea edzi nɛ be, “Edze edzi!”, “Wòdze edzi zem!”, “Wòdze edzi gli!”, “Wòdze wo dzi gblayi!”

Le nuwɔla veviawo yɔyɔ vɔ megbe la, glitola gblɔa ŋutinya kpakpa la kple aɖaŋu, kpakple atsiã ɖe sia ɖe si ko awɔe be eƒe nya la navivi eselawo nu.

ATSIÃ SIWO YIA EDZI LE GLITOTO ME

Ɣeaɖewoɣi la, glisela aɖe ate ŋu ade gli la me, to ha aɖe dodo ɖa kple edzidzi me. Hafi wòado haa ɖa la, egblɔna be, “Gbe ma gbe mele eteƒe.” Esia wɔnɛ be amewo dina be yewoaxɔe se be nya siwo gblɔm glitola le la anya dzɔ vavã. Glitola xɔnɛ nɛ be, “Neva míase.” Ne ha la nye ha nyanyɛ la, teƒea nɔlawo katã xenɛ hedzina hoo. Ame aɖewo kura dea kpo eme alo ɖua ɣe ɖe ha la dzi.

Ne haa wu enu la, glimedelaa gblɔna na glitola be, “Kpɔ aɖe!” Esia naa mɔnukpɔkpɔ glitola be wòayi gli la toto dzi. Gake hafi wòayi edzi la, eyɔa glimenuwɔla aɖe ɖe glimedela la ŋu be eyae nye nuwɔla ma le gliwo de gbe ma gbe. Nuwɔla si woyɔna ɖe glimedelaa ŋu la nyea glimenuwɔla siwo dzi glitola tɔ asii le glia ƒe gɔmedzeƒe la dometɔ ɖeka kokoko. Kpɔɖeŋu, “Gbe ma gbe la, wòe nye Yevi Golotoe la.” Wɔna siawo katã wɔnɛ be teƒea nɔlawo katã kloe ŋlɔna be be menye kodzogbe siae nuawo le dzɔdzɔm le o. Nenye be gli la didi la, wotea ŋu dea eme wòwua zi ɖeka.

Glitola gayia eƒe dɔ dzi le adzoa dede eme alo ha la dzidzi vɔ megbe.

GLITOTO LA TA ƑOƑO

Zi geɖe la, glitola ƒoa glia ta to xexemenu aɖe ƒe nɔnɔme alo nuwɔna aɖe me ɖeɖe me. Le kpɔɖeŋu me, “Nu sia tae akagã meto ɖa o ɖo,” alo “Nu ma tae ha nɔa nu glũm ɖe ke me ɖo.” Esia wɔnɛ be gliselawo yia ŋugble me ʋĩi, hedina be yewoaxɔe se be glimenuwɔna aɖe mee xexemenu aɖe ƒe nɔnɔme alo nuwɔna dzɔ tso.

Ɣeaɖewoɣi la, glitola trɔna ɖea eme be ŋutinya si katã yegblɔ la nye nya kpakpa ko, ale be magatsɔ eɖokui ado aʋatsokalae le gliselawo ŋkume o. Egblɔna be, “Esiae nyagã aɖe tsɔ blem eye nye hã metsɔ ble mie.” Afi mae gliselawo hã nyɔna le be menye nyateƒe ŋutɔ tom glitola le kã o. Gliselawo nyɔna tso léameɖebome si lé wo le glia katã toɣi la me azɔ.

Le esia megbe la, gliselawo kafua glitola ƒe numewɔwɔ alo nyaɖaŋuwɔwɔ hegblɔna nɛ be, “Adzonume wò.” alo “Dzenume wò.” Esia gɔme koe nye be eya ƒe nu mee adzo alo fefe vivi le wòwɔ na yewo loo, alo eya ƒe nu mee dze vivi le wòɖo na yewo. Ke eya hã kaa hatsɛ le wo ŋu le ale si wogbɔ dzi ɖi se eƒe nyaawo la ta, hegblɔna na wo be, “Adzoseto globogloboe mi,” alo “Dzeseto globoe wò.” Le teƒe aɖewo la, glitola gahea ame bubu dea toa me be eya hã nava to gli. Egblɔna be, “Ame si be atia medzɔ o la neva dzɔe!”

Wotu nyati sia ɖe Aƒetɔ S. K. Amegashie ƒe agbalẽ si nye Gligbalẽ la dzi.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top