AGBLEDELA KPLE VIA ETƆ̃AWO

Ŋutsuvi etɔ̃awo le dɔ wɔm

Agbledela aɖe nɔ anyi kpɔ gbe aɖe gbe. Eƒe ŋkɔe nye Dzeademíasɔ. Ŋutsuvi etɔ̃ nɔ esi. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Dɔnyo, eyometɔ ƒe ŋkɔe nye Alɔkame eye dɔmlɛa ƒe ŋkɔe nye Nuteƒe.

Dzeademíasɔ dea mɔlugble. Ewɔa nuku na ame geɖe be aƒetɔ Dzeademíasɔ wɔa dɔ kple moveviɖoɖo gake viawo katã nye kuviatɔwo. Womekpena ɖe wo tɔ ŋuti le agblea me o. Aƒetɔ sia mekpɔa dzidzɔ le agbe si ƒomevi nɔm viawo le la ŋuti o.

Gbe ɖeka la Aƒetɔ Dzeademíasɔ dze dɔ kpata. Esi ŋutsu sia kpɔ be yele kuku ge la, eyɔ via etɔ̃awo ƒo ƒui eye wògblɔ na wo be yele kuku ge. Egblɔ na wo be: “Menya nyuie be mele kuku ge. Ne eva eme alea la, miɖim abe bubume ene. Metsɔ nye kesinɔnu si le asinye la ɣla ɖe mɔlugble la me. Ne miehiãe la miŋlɔ mɔlugble la me ko miake ɖe eŋuti.”

Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo me la, aƒetɔ Dzeademíasɔ mia nu kpoo. Dzeademíasɔ ƒe kunya sia kpe dua ɖo. Viawo yi ɖado ga eye woɖi wo tɔa abe bubume ene.

Le tsyɔ̃ la wɔwɔ vɔ megbe la, viŋutsu etɔ̃ siawo wɔ takpekpe eye woɖoe be yewoayi aɖadi kesinɔnua le mɔlugble la me. Woŋlɔ agblea me ŋkeke etɔ̃ sɔŋ gake womeke ɖe kesinɔnu aɖeke ŋu o. Woku anyigba la kple kodziwo, sofiwo kpakple ʋeɖekodziwo gake womekpɔ kesinɔnu ɣaɣla si dim wole la o.

Le kɔsiɖa ɖeka ƒe nuwuwu la, woŋlɔ agble blibo la katã me gake womeke ɖe kesinɔnua ŋu o. Mawu ɖi tsi gã aɖe dza. Esi Dɔnyo nɔ alɔ̃ dɔm le zã me la, eku drɔ̃e eye wòse ame aɖe gblɔ nɛ be: “Yi nàƒã mɔlu ɖe nu si mieŋlɔ la me abe ale si tɔwò wɔnɛ ene.”

Dɔnyo gblɔ nu si wòse la na nɔviawo. Wolɔ̃ ɖe edzi eye woyi wu mɔlukuiwo ɖe agble bliboa me. Le ŋkeke aɖewo megbe la, mɔlu la mie. Agble bliboa yɔ kple mɔlu. Le ƒe etɔ̃ megbe la, Dɔnyo kple nɔviawo zu kesinɔtɔwo.

Gbe ɖeka Dɔnyo gblɔ be: “Kesinɔnu ɣaɣla vavã. Mía tɔ nya be ne mímewɔ dɔ le ɣeƒe ku megbe o la dɔ awu mí, eya tae wòɖo aɖaŋu sia na mí ɖo. Bubu kple gãnyenye le dɔ sesẽ wɔwɔ me eye alɔ mawɔdɔ meɖua nu o.”

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top