EƲE LODODOWO AKPA 19

Golo aɖe le eƒe aziwo ŋu dzɔm
Vi dzronu medzroa golo ƒe azi o

901. Tsoɖoe medea ablɛ ƒe se o.
902. Tsoɖoe medea atadi ƒe se o.
903. Tsomo kple limoa katã ɖekae.
904. Tsukunɔ metsɔa ame ƒe godui wonyanɛ amama o.
905. Tsyɔ̃evi medɔa alɔ̃ ɖe globiƒe o.
906. Tsyɔ̃evi meɖia ŋdiƒo dzɔa dzi o.
907. Tu maɖinu nyo wu kpo.
[Elabena tu ƒe vɔvɔ̃ le eŋu kokoko.]
908. Tuasimea mefiaa dzeƒe ame o.
909. Tugbedzedze la telɔe, asie nɔa eŋu.
910. Tugbedzedze la telɔe, asie nɔa eŋu wònyona.
911. Tukpee fiaa aʋadzedze.
912. Vakpɔɖa mewua agbletɔ o.
913. Vɔ̃wɔla ƒe ŋkume metoa gbe o.
914. Ve ƒe ŋukpea lo ƒe ŋukpee.
915. Veŋukpea loŋukpee.
916. Vevee aklã ŋu wònɔna.
[Aklã ye Tɔŋutɔwo yɔna be tù.]
917. Vevee, tua ŋu wònɔna.
[Aklã ye Tɔŋutɔwo yɔna be tù.]
918. Vi dzronu medzroa golo ƒe azi o.
919. Vi ɖitɔa mewɔa tɔ nugbe o.
920. Vi kple nɔ metsɔa gbe ɖeka o.
921. Vi masenu aŋɔkae kua to nɛ.
922. Vi matsadukpɔe gblɔna be ye dada koe ƒoa detsi vivi.
923. Vi mekɔa tɔa ɖe dzi be nekpɔ nyi ɖa o.
924. Vi menyea mi ɖe ata dzi na ame wotsɔa hɛ kpanɛ o.
925. Vi menyea mi ɖe tɔa ƒe ata dzi wòtsɔa hɛ kpanɛ o.
926. Vi metsɔa miasi fiaa eƒe dedu o.
927. Vi si ke be ye nɔ madɔ alɔ̃ o la, eya hã medɔnɛ o.
928. Vi si nya asikɔklɔ lae ɖua nu kple ame tsitsiwo.
929. Vi tatɛ mekea ɖi kple bafa o.
930. Vi tsɔdɔe ɖua amesimenu.
931. Vi vɔ̃ nyo wu ko.
932. Vi vɔ̃ nyo wu kotsitsi.
933. Vinɔ ƒovi meƒoa vi ƒe dɔme o.
934. Vinɔkɔ menya ekpavɔ o.
935. Vivi mevɔna le agɔku ŋu hafi wotsɔnɛ ƒua gbe o.
936. Ʋlẽe gblɔe be aleawogbe tae ne yewɔ atɔ la, yeɖoa ga enu.
[Wolé ŋku ɖe ale si ʋlẽ wɔa atɔe be ne tsi dza eye ahom tu hã ye viwo nanɔ dedie la ŋu. Esia nye nufiame be amegbetɔ naɖo ŋu etsɔ si gbɔna hafi awɔ nu.]
937. Ʋlofiwulae sea kpododo.
938. Volui be ye dada gblɔ na ye be ne yeku la, yemegase asusɔwo ƒe ha o.
[Voluí alo voloe, akpakpagalekɔme. Asusɔwo nye xeviwo ƒe hatsotso aɖe. Asusɔwo (asiɔ̃wo) la ame geɖewoe. Wofɔ esia hã tso volui ƒe agbenɔnɔ gbadzaa me. Godoo la, volui kple srɔ̃a kpakple viawo ko nàkpɔ. Ke asiɔ̃wo ya nɔa yame vĩi. Enye nuxlɔ̃ame be “xɔlɔ̃ geɖe dzedze la, aʋlie.”]
939. Voluie gblɔ be, “Hũu hũu hũu, nya le dɔme.”
[Wofɔ esia tso volui ƒe xɔxlɔ̃ kple ale si wòdea ta to nɔa ta lɔ̃m hafi nɔa xɔxlɔ̃m la me. Enye nufiame tso ame ɖokui kple ame ƒe nugbɔléle nyuie ŋu. Nya geɖe nɔa dɔme gake womia ta ɖe edzi.]
940. Ʋu le nu me gake womia ta toa exa.
941. Ʋu meɖina fia vi yɔna o.
942. Ʋutɔtrɔ ŋue wotrɔa ɣeɖuɖu ɖo.
943. Vuvɔ mewɔa ame wodzea dzo me o.
944. Wɔ baɖaa ku baɖae wua ame.
945. Wɔ ɖe te gbɔ mewɔna ɖe ʋle gbɔ o.
[Ame si fena kple te la mate ŋu awɔe ɖe makani ƒomevi aɖe si woyɔna be ʋle si fiaa ŋuti na eɖula la ŋuti o.]
946. Wobena medea kɔrtu o.
947. Wobewobe meyia fiaƒe me o.
948. Wole tò dim hawo le bublum.
949. Womedaa kalãmi ɖe dadi gbɔ o.
950. Womedɔa nu atsusi kple nu o.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top