Akpalu Ƒe Agoha

Nyɔnu aɖewo le ɣe ɖum vevie

Agoha nyui le ʋua me,

Madzi na Baɖugbeawo woase.

Agoha nede ne mítso!

Keke Alada ke, Akpalu gbɔna.

Ga menɔa amewo nu o;

Sɔwo nu ga nɔna.

Gbagameʋu, ʋua, ɖu teŋge, teŋge;

Agoha nyui le ʋua me,

Madzi na Baɖugbeawo woase.

Mebena, miɖo dzi ɖe Mawu ŋu!

Migayi ha dzi ge miaɖo boŋu o

Tsyɔ̃evi vi la, Mawue kplɔnɛ.

Agoha nyui le ʋua me,

Madzi ne Baɖugbeawo woase.

Agoha nede ne mítso!

Keke Alada ke Akpalu gbɔna.

Ga menɔa amewo nu o.

Sɔwo nu ga nɔna.

Gbagameʋu, ʋua ɖu teŋge, teŋge;

Sɔwo nu ga nɔna.

Gbagameʋu, ʋua ɖu teŋge, teŋge;

Madzi na Baɖugbeawo woase.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top