Dzigbeŋkɔwo Le Eʋenyigbawo Dzi

Eʋe ɖetugbuiwo le ɣe ɖum vevie

Aɖaŋkɔ alo Dzigbeŋkɔwo Le Eʋenyigbawo Dzi

Dzigbeŋkɔ alo aɖaŋkɔ nye ŋkɔ si wotsɔ na ame le ŋkeke alo aɖa si dzi wodzii ɖo la nu. Eʋeawo tsɔa ŋkɔ na wo viwo zi geɖe le ŋkeke alo aɖa si dzi wodzi wo la nu, wogatea ŋu yɔa ŋkɔ siawo be azãgbeŋkɔ.

To vovo na dzigbeŋkɔwo la, ame aɖewo tsɔa Biblia me ŋkɔwo, Koran me ŋkɔwo, hatseŋkɔwo, bubuŋkɔwo, plasiŋkɔwo, tsidetaŋkɔwo kple bubuawo. Eya ta mewɔ nuku be nàkpɔ Eʋeʋi wòagblɔ na wò be yeƒe ŋkɔe nye Toma, Isifu, Paul, Clément, Isidore, Albert, Osei kple bubuawo o.

Le nyati sia me la, míakpɔ dzigbeŋkɔ aɖewo kple woƒe ŋkekewo le ŋutsu gome kple nyɔnu gome siaa.

Dzoɖa

Ŋutsuŋkɔwo

Kɔdzo, Kuadzo, Kudzo, Kwadzo, Paku

Nyɔnuŋkɔwo

Adzo, Adzoa, Adzotɔ, Adzowa, Adzowɔ, Adzoya, Adzoyo, Kɔdzowa, Kuadzowa, Kwadzowa, Sieɖu

Braɖa

Ŋutsuŋkɔwo

Ablam, Kɔbla, Kɔmla, Kuabla, Kuamla, Kwabla, Kwamla, Tieku

Nyɔnuŋkɔwo

Abina, Abla, Ablatɔ, Ablayo, Ablewa, Ablɔwɔ, Abra, Abratɔ, Abrayo, Kɔm

Kuɖa

Ŋutsuŋkɔwo

Anyaku, Aŋku, Kɔku, Kraka, Kuaku, Kwaku

Nyɔnuŋkɔwo

Aku, Akutɔ, Akuwa, Akuwɔ, Akuyo, Aŋkua, Aŋkuwa, Aŋkwa, Kuya, Sabia

Yawoɖa

Ŋutsuŋkɔwo

Ayao, Ayawo, Ayawɔ, Preku, Yawo, Tutu

Nyɔnuŋkɔwo

Awo, Awotɔ, Awoyo, Ayaba, Ayawa, Ayɔwɔ, Bosio, Eya, Yawa, Yawɔ, Yabi, Yao, Yaya, Yɔwɔ

Fiɖa

Ŋutsuŋkɔwo

Akofi, Kofi, Tuo

Nyɔnuŋkɔwo

Afi, Afia, Afiba, Afitɔ, Afiwa, Afiwɔ, Afiyo, Afua, Afuwa, Efua, Fuwa, Kobi

Memleɖa

Ŋutsuŋkɔwo

Kɔami, Kɔmi, Kɔwu, Kuame, Kuami, Kwame, Kwami, Kwawu, Tuampo, Yeboa

Nyɔnuŋkɔwo

Ama, Ame, Ami, Amitɔ, Ameyo, Sewa

Kɔsiɖa

Ŋutsuŋkɔwo

Kɔsi, Kuasi, Kwasi, Tambo

Nyɔnuŋkɔwo

Akɔs, Akɔsiwa, Awusi, Esi, Esitɔ, Kɔsiba, Kɔsiwa, Kɔsiwɔ, Mab, Mambo, Tende

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top