Ave Gãwo Me Yetso

Nyɔnu nublanuitɔ aɖe.

Ave gãwo me yetso;

Yedo ɖe dzogbe hã tsi le ye ƒom.

Ame siwo nye dadavitɔwo,

Woyɔ wo ɖe xɔ me nya gbem na wo.

Ku, wò nya menyo o!

Miganɔ ewɔm o;

Minyae be Mawugãe dzim.

Mebe, maxlẽ fu ɖe ha me,

Yewo tɔwo, maxlẽ fu ɖe ha me.

Wolé gbetɔ blibo dzra ɖe tsitrenu,

Wo viwo heɖu!

Nyawo katã dzɔ ɖe ye dzi.

Atsuwo nanɛ, Tsɛwo nanɛ,

Wole kpɔkpɔm alea;

Vi kple nɔ woyi awɔba.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top