Gottlob Christoph Däuble

Gottlob Christoph Däuble ƒe ŋutinya

Dzidzɔ gã aɖe ŋutɔ wònye be wota Eʋegbe Biblia le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi. Biblia sia le vi geɖe ɖem va se ɖe egbe sia na Eʋeawo le afi sia afi si wole. Wometutu Mawu ƒe ŋkɔ le Biblia sia me o.

Gake ame kawoe tsɔ wo ɖokuiwo ke be woate ŋu awɔ dɔ sia ade goe? Wo dometɔ ɖekae nye aƒetɔ Gottlob Christoph Däuble. Esi woɖe Eʋegbe Biblia gɔme la, eyae kpe ɖe osɔfo Yakob Spieth ŋuti wogbugbɔ xlẽe to eme le ƒe 1898 me. Ame kae wònye? Na míakpɔe ɖa.

Gottlob Christoph Däuble Ƒe Ƒometɔwo

Gottlob Christoph Däuble nye Yakob Däuble (Jakob Däuble) kple srɔ̃a Luise ƒe viŋutsu mawunyadɔgbedela, si wogayɔna be dutanyanyuigblɔla gbãtɔ. Wodzii le Sindelfingen le ƒe 1822 me.

Gottlob Christoph Däuble fofo Jakob Däuble ʋu tso Hasslach si te ɖe Herrenberg ŋu va nuto si woyɔna be Gerlingen me le ƒe 1841 me. Ƒome siwo le Gerlingen bubu aɖeke metsɔ viŋutsu kple vinyɔnu geɖe ke na mawunyadɔgbededɔa wu Däuble ƒomea o. Aƒetɔ Yakob Däuble nye nufiala eye vi wuiɖekɛ nɔ esi wòkplɔ va nuto sia me. Via ŋutsu etɔ̃ va zu mawunyadɔgbedelawo eye via nyɔnu eve hã va zu mawunyadɔgbedelawo srɔ̃wo.

Gottlob Däuble Megaxa Xɔ Asrafo Ƒe Hehe O

Aƒetɔ Gottlob Däuble nye avɔlɔ̃la bibi hã. Enɔ lalam be woayɔ ye na “asrafo ƒe hehexɔxɔ.” Esi menye ƒe blaeve viwo katãe woate ŋu ayɔ na asrafo ƒe hehexɔxɔ o ta la, wodaa akɔ. Ame sia ame si da xexlẽme kɔkɔ aɖe le akɔdadaa me la, wonaa mɔe be magaxɔ asrafo ƒe hehe o.

Däuble da xexlẽdzesi kɔkɔ si nye 216. Esia wɔe be megaxa xɔ asrafo ƒe hehe o. Ekpɔe be Mawu ŋutɔe nye ema le mɔ tam na ye. Eka ɖe edzi be eyra ɖe ɖoɖo si le ye si be yeazu mawunyadɔgbedela la dzi.

Nu Si Ʋã Jakob Däuble Wòtsɔ Via Gottlob Na

Aƒetɔ Jakob Däuble, si nye Gottlob Christoph Däuble fofo la, nɔviŋutsu aɖe si le Gerlingen xlɔ̃ nui be ne medi be yeadze agɔ le Württemberg-fia dzi o la, ke netsɔ via ŋutsu ɖeka na wòawɔ dɔ le Ɖela la ƒe nuŋeŋedɔa me.

Le ƒe 1843 me la, Gottlob Christoph Däuble tsɔ eɖokui na be yeawɔ mawunyadɔgbededɔa eye woxɔe ɖe Basel. Le ƒe 1848 me la, woɖoe ɖe Ɣetoɖoƒe Bengal.

Dɔ Nyui Si Wòwɔ Na Eʋeawo

Aƒetɔ Däuble wɔ akpa vevi aɖe le Eʋegbe Biblia la gɔme ɖeɖe me.

Wowu Eʋegbe Biblia ƒe akpa si amewo lɔ̃a yɔyɔ be Nubabla Yeye la gɔme ɖeɖe nu le ƒe 1877 me.

Le ƒe 1898 me la, aƒetɔ Gottlob Christoph Däuble si ganye osɔfo hã kpe ɖe osɔfo Yakob Spieth ŋuti wogbugbɔ Biblia la xlẽ to eme nyuie hafi wova tae.

Eya ta ne èlé Eʋegbe Biblia xoxoa ɖe asi egbea la, ɖo ŋku edzi be ame aɖewoe wɔ dɔ sesĩe hafi wotae. Eya ta xlẽe wòaɖe vi na wò. Wò hã wɔ nane wòaɖe vi na ame bubuwo.

Gottlob Christoph Däuble Ƒe Ku

Numekukuwo megana míenya nu boo tso eƒe agbenɔnɔ ŋuti o. Le kpɔɖeŋu me, nyatakakawo na míenya be enɔ Bengal, gake míeganya nu boo aɖeke tso du bubu siwo me wòanya yi ŋu o.

Eku le Afɔfiɛ 13, 1853 (April alo avril 13, 1853).

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top