Gbɔ̃tsu Sue La

Gbɔtsu sue aɖe le ahuhɔ̃e me kpɔm

Gbe ɖeka la, gbɔ̃tsu sue aɖe va aƒe ƒe ʋɔtru, si le ʋuʋu la nu, eye wòyi ɖe aƒea me. Eti kpo ge ɖe xɔ la me, eye wòkpɔ nu nyuiwo le afi ma fũu.

Gbɔ̃tsu sue la ƒe mo wɔ yaa le nu siawo ƒe nyonyo ta eye wòke ŋku le nu kpɔ gãa. Esi wòdi be yeakpɔ nu sia nu tsitotsito ta la, ede ablegɔ dzi. Ke esia mesɔ gbɔ nɛ o, eya ta wòde kplɔ̃ dzi le xɔa me. Wotsɔ ahuhɔ̃e gã aɖe ku gli ŋu le kplɔ̃ la gbɔ lɔƒo. Nu ka gbɔ̃tsu kpɔ? Ekpɔ eɖokui le ahuhɔ̃e la me hesusu be gbɔ̃tsu bubu aɖee di be yeatu dzo ye.

Dzi ku gbɔ̃tsu sue la le gbɔ̃tsu evelia sia kpɔkpɔ me, eye wòdo ɣli be, “Gbɔ̃tsu sue, va ne mítu dzo mía nɔewo!” Gbɔ̃tsu sue la kɔ eɖokui ɖe dzi, tsi tsitre ɖe eƒe megbefɔwo dzi, eye wòtu dzo gbɔ̃tsu si wòkpɔ le ahuhɔ̃e la me. Kasia ahuhɔ̃e gã la ge va dze gbɔ̃tsu sue la dzi eye wògbã tsayaa. Enumake aƒea tɔ ge ɖe xɔa me, ede ka gbɔ̃tsu sue la, eye fefe la nu tso.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top