Adoglo Kple Akpɔkplɔ

Adoglo kple akpɔkplɔ le atadigble me

Eva me gbe ɖeka bena Adoglo kple Akpɔkplɔ wonye xɔlɔ̃ veviwo eye tsi metsana toa wo dome o. Gbe ɖeka la, dɔ va to eye agblemenukuwo tsrɔ̃ keŋ le agblewo dzi. Esia wɔe be lãwo megakpɔa nu ɖuna o. Egawɔe bena lã geɖewo tsrɔ̃ gɔ̃ hã. Gbe ɖeka Adoglo nɔ tsa ɖim ʋuu henɔ nu si wòaɖu la dim. Kasia, eva ke ɖe atadigble gã aɖe ŋuti.

Esi wòkpɔ atadigblea la, ekpɔ dzidzɔ ŋutɔ elabena ekpɔ eƒe nuɖuɖu vevitɔ. Esia ta eda akpe na Mawu. Etrɔ, nye kɔ kpɔ afi sia afi gake mekpɔ ame aɖeke o. Ale wòge ɖe agblea me hede asi atadi la ɖuɖu me. Eɖui ʋuu va se ɖe esime wòɖi ƒodo nyuie. Etrɔ dzo le mamlɛa gbɔ elabena dɔ mewua ame wotɔa dzo texɔ o. Eyi ɖagblɔ afɔ nyui si wòyi ɖakli la na exɔlɔ̃ Akpɔkplɔ. Akpɔkplɔ ɖe kuku nɛ be le ŋufɔke la ye hã yeayi agble la me kplii. Adoglo lɔ̃ ɖe edzi nɛ.

Vavã esi ŋu ke la, xɔlɔ̃ eveawo dze mɔ. Esi woɖo afi ma la, Adoglo dze aye eye wògblɔ na Akpɔkplɔ bena wòanɔ agblemɔa dzi kpɔm ne yeayi aɖagbe atadi la vɛ, ke ne agbletɔ gbɔna la, nelia aku wòayɔ ye. Ame dɔ me manya. Akpɔkplɔ lɔ̃ ɖe edzi nɛ. Adoglo yi agblea me eye wòde asi atadi la ɖuɖu me. Akpɔkplɔ nɔ mɔa dzi kpɔm kple susu bena ye xɔlɔ̃ la agbe atadi la vɛ, ye hã yeaɖu ɖe godoo. Adoglo nɔ agblea me eye wònɔ nua ɖum, nɔ eɖum kasia, agbletɔe nye esi va do. Akpɔkplɔ de asi akulialia me nɔ exɔlɔ̃ la yɔm gake mese eŋkɔ o.

Esi agbletɔ la va la, elé Akpɔkplɔ eye wòde asi eƒoƒo me. Akpɔkplɔ gblɔ nɛ be ye xɔlɔ̃e kplɔ ye vɛ. Agbledela kplɔ Akpɔkplɔ yi be wòafia exɔlɔ̃ la ye. Esi woɖo afi ma la, wodi Adoglo ʋuu ɖeɖi te wo ŋu. Adoglo si dzo xoxo. Dɔ me ve agbletɔ la eye wògaƒo Akpɔkplɔ ʋuu eƒe ŋutigbalẽ xɔ abi keŋ eye eƒe dzime hã ɖo kpo. Esia ta nenye be miekpɔ akpɔkplɔ egbegbe la, eƒe ŋutigbalẽ mezrɔ̃ o eye eƒe dzime hã ɖo kpo ɖo.

Esia tso Aƒetɔ S.K. Amegashie ƒe Gligbalẽ me.

 

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top