Johann Bernhard Schlegel
Ƒe Agbemeŋutinya

Mawunyadɔgbedela Johann Bernhard Schlegel nye Eʋegbelɔ̃la aɖe si tsɔ eƒe agbe ke ɖe Eʋegbea sɔsrɔ̃.

Johann Bernhard Schlegel, nye mawunyadɔgbedela alo dutanyanyuigblɔla tso Württemberg, du si me mawunyadɔgbedela xɔŋkɔ geɖe tso.

Ede suku le Basel eye Dziehe Dzamani Mawunyadɔgbedede Ƒe Habɔbɔ si le Bremen dɔe ɖe Kluviƒuta le Afrika.

Johann Bernhard Schlegel Ƒe Ɖevimenɔɣi

Wodzii le Tedoxe 2, 1827 dzi le Belsen, eye edzilawo léa be na wo viwo ŋutɔ.

Eƒe tagbɔ kɔ ŋutɔ le sukunusɔsrɔ̃ me le gɔmedzesuku. Eye nɔa si nye mawuvɔ̃la hã ƒã lɔlɔ̃ na Kristotɔwo ƒe nyateƒea ɖe eƒe dzi me.

Egblɔ le eƒe agbemeŋutinya me be zɔhɛ vɔ̃ɖiwo te kpɔ be yewoable ye de nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi me. Esi Bernhard Schlegel dzudzɔ sukua dede la, eƒe sukutatɔ ƒoe ɖe nɔa nu be wòana wòayi sukua dede dzi, gake ɖekakpuivi la melɔ̃ ɖe edzi kura o. Esi Schlegel gbe nɔa ƒe nuxlɔ̃ame ta la, wohe to nɛ hedee teladɔ me.

Schlegel Tɔtɔ Kura

Ʋiʋli blibo nɔ eya amea me, menya ne yeasubɔ Mawu loo yeati yeƒe zɔhɛ vloeawo ƒe agbe baɖa nɔnɔ yome o. Eya ŋutɔ ŋlɔ bena: “Mawu se nɔnye ƒe gbedodoɖa vevie la, Kristo ƒe amenuveve ɖu dzi.”

Esi wòdzudzɔ hadede kple eƒe zɔhɛ vloeawo la, menye dzu kple vlodoame vi aɖee wolɔ ƒui o abe ale si eya ŋutɔ hã nɔ mɔ kpɔm nɛ ene.

Teladɔsɔsrɔ̃ Kple Mawunyadɔgbedede Ƒe Suku Dede

Ewu teladɔsɔsrɔ̃ la nu esime wòxɔ ƒe 16, eye wòzɔ mɔ yi Basel. Ekpɔ dɔ le dɔwɔƒe aɖe si te ɖe Basel ŋu. Emegbe wòva di dɔ le Basel ŋutɔ. Le afi sia la, eva nya nu tso mawunyadɔgbedede alo dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe dɔa ŋuti nyuie. Ale wɔ didi vevi aɖe nyɔ ɖe eme be yeazu mawunyadɔgbedela. Ebia be yeado go kple Basel Mawunyadɔgbedede ƒe Kɔmiti la, eye wowɔ ɖoɖo do go kplii.

Le ƒe 1847 me la, woxɔe ɖe mawunyadɔgbesuku la me. Ewu ƒe 6 ƒe nusɔsrɔ̃ blibo la nu le afi sia dedie. Eƒe nunana nyuiwo kple veviedodo gã la na wòzu sukuvi nyuitɔwo dometɔ ɖeka enumake. Le eƒe xɔlɔ̃wɔwɔ kple dzimekɔkɔ ta la, eteƒe medidi o eƒe nufialawo kple sukuvi bubuwo va ka ɖe edzi bliboe. Efɔna fɔŋli ga 4 nɔa kplɔ̃ ŋuti nɔa Hebrigbe kple Helagbe siwo sɔsrɔ̃ vivia enu wu la srɔ̃m. Eƒe mawunyagbɔgblɔwo dea ƒuto me na eƒe nyaselawo ŋutɔŋutɔ.

Schlegel Zu Mawunyadɔgbedela

Le ƒe 1853 me la, woɖoe ɖe Dziehe Dzamani Mawunyadɔgbedede Ƒe Habɔbɔ si le Bremen. Habɔbɔ sia ɖoe be yeadɔe ɖe mawunyadɔgbedeƒe le Kluviƒuta le Ɣetoɖoƒe Afrika. Ezã eƒe vovoɣiwo le Bremen tsɔ srɔ̃ Eŋlisigbe geɖe wu. Edze mɔ le Dzome 1853 me eye wòva ɖo Christiansburg le Dzove 1854 ƒe domedome. Esia nye ɣleti ɖeka ƒe mɔzɔzɔ.

Mawunyadɔgbedela Zimmermann ŋlɔ tso eŋu be: “Nyemekpɔ ame aɖeke si ti kpo dze mawunyadɔgbededɔa me enumake eye wòyi edzi le eƒe agbe me katã kple dzonɔameme sia tɔgbi kpɔ o.” Woɖoe mawunyadɔgbedela le Keta, du aɖe si le egbegbe Ghana me.

Schlegel To Eʋegbe La Ŋɔŋlɔ Vɛ

Ŋutsu kalẽtɔ sia tso ɖe dɔ ŋu kpla. Etso ɖe dutagbe kple degbea hã sɔsrɔ̃ ŋuti enumake. Menye nu vie wònye be wòasrɔ̃ Eʋegbea ƒe gbeŋutisewo o. Esrɔ̃ gbea memie, eye wòto Eʋegbe la ŋɔŋlɔ vɛ.

Eléa nuŋlɔti kple pepa ɖe asi nɔa to ɖom Eʋeawo ne wole woƒe dzewo ɖom. Esea woƒe nyawo eye wòŋlɔa wo ɖi. Eteƒe medidi o eva kpɔ Eʋevi ɖekakpui bibi aɖewo kpe ɖe eɖokui eŋuti le dɔ sia wɔwɔ me. Ke hã esi meɖu tu na Eŋlisigbe o ta la, ewɔ vodada geɖewo. Gake dzi meɖe le eƒo o.

 Yayra Geɖewo Do Tso Eƒe Dɔawo Me

Yayra geɖewo do tso eƒe dzigbɔɖi kple kutrikuku me na Eʋeawo. Gake meŋlɔ eƒe dɔ vevitɔ si nye mawunyagbɔgblɔ na Eʋeawo la be o.

Ɖevi siwo le suku la me koŋue wòfiaa nu sia nu nyuie, eye eƒe nufiafiawo doa dzidzɔ na wo.

Le Ademakpɔxe 1855 me la, Schlegel ƒe lãme gblẽ vevie. Taɖuame sesẽ aɖe ɖe kpe nɛ. Edzo yi Akropong ɖaɖi ɖe eme le afi ma. Esi wòhaya la, etrɔ gbɔ va Keta le Afɔfiɛ 1856 me.

Ewɔ dɔ sesĩe eye wòte ŋu ŋlɔ nuxlẽgbalẽ wu enu, eye woɖoe ɖe eƒe habɔbɔa be wòata. Eyi edzi le nu srɔ̃m tso Eʋegbea ŋuti nunya hã ŋu vevie. Ale wɔ le Dasiamime 1856 me la, eŋlɔ agbalẽ si dzi wòda ŋkɔ ɖo be: “Eʋegbe me nyawo kple lododowo nu ƒoƒo ŋuti nunya vevi.” Eƒe dɔ sia xɔ ŋkɔ ŋutɔ vevietɔ esi wònye ƒe eve kple afã pɛ koe nye ema wòva Eʋenyigba dzi.

Schlegel Ʋu Yi Eʋeawo Dome

Enye dzidzɔ nɛ be wodɔ mawunyadɔgbedela Knecht be wòava wɔ dɔ kpli ye. Mawunyadɔgbedela Knecht ye ŋlɔ Schlegel ƒe agbemeŋutinya. Ame eve siawo se vivi na dɔa ɖekae.

Schlegel xɔe se bliboe be hafi mawunyadɔgbededɔa nakpɔ dzidzedze la, ele be mawunyadɔgbedelawo nanɔ dumevi dzidziwo dome. Egblɔ be nyagbɔgblɔ na wo le kplɔ̃ ta ɖeɖe mesu na esia wɔwɔ o. Ele be mawunyadɔgbedela naɖe gbeƒã na amewo le woƒe agbe me nuwɔnawo wɔƒe kple woƒe dɔwɔƒewo. Wokpɔe be Anyako, du si me amewo sɔ gbɔ ɖo wu le nuto ma me la sɔ na dɔ sia wɔwɔ ŋutɔ. Woƒle anyigba si le teƒe nyui aɖe le afi ma.

Schlegel Ʋu Yi Waya

Le Afɔfiɛ 1857 ƒe nuwuwu la, ezɔ mɔ yi Waya, eye wònɔ afi ma va se ɖe ƒe si kplɔe ɖo ƒe Dzome me. Eyi eƒe gbegɔmeɖeɖedɔa dzi le afi ma, eye wòtsa ɖaɖe gbeƒã le nuto vovovowo me. Ewɔ dɔ le suku si le nuto ma me hã me. Le ƒe ma ke me la, ewu Biblia ŋutinyawo ƒe agbalẽ aɖe gɔme ɖeɖe nu eye wòɖoe ɖe wo de be woata. Eɖe Yohanes ƒe nya nyui gbalẽ wɔdɔɖeamedzi la hã gɔme ɖe Eʋegbe me. Ke hã eva de dzesii be ale si yebui tsã be Wayagbe lae nye Eʋegbe adodoetɔ la mele teƒe o.

Ɖekakpui aɖe si woyɔna be Christian, si kpena ɖe eŋu ŋutɔ le eƒe gbegɔmeɖeɖedɔa me la hã va gblẽe ɖi dzo. Schlegel ɖe mɔ na ɖekakpuia be wòayi aɖasrã nɔa si le dɔ lém la kpɔ, gake ɖekakpuia megatrɔ gbɔ va egbɔ o. Ɖekakpuia ƒe nuwɔna sia te ɖe edzi vevie, eya ta ebia be woagbugbɔ aɖo ye ɖe Anyako. Eyi eƒe gbegɔmeɖeɖedɔwo dzi le du sia me, eye wòwu nya nyui gbalẽ eneawo gɔme ɖeɖe ɖe Eʋegbe me nu. Nya nyui gbalẽ eneawoe nye Mateo, Marko, Luka kple Yohanes.

Dɔ Aɖeke Menye Dɔ Gugu O

Eyi edzi nɔ gliwo kple lododowo nu ƒom ƒu tso nutoa me vi dzidziwo gbɔ. Zi geɖe la, ewɔa dɔ va se ɖe zãtiƒe. Ƒãa hafi wòɖina ɖe eme le ŋdɔkutsu dzatsɛ gɔ̃ hã me.

Aleke gbegbe teladɔ si Schlegel srɔ̃ ɣemaɣi la va ɖe vi nɛe nye esi. Gbe ɖeka exɔlɔ̃ Knecht to nyatoƒoe be yeƒe awuwo kple awudziwuiwo le ŋu kpem na ye. Eteƒe medidi o Schlegel kpe ɖe eŋu. Woƒle awutɔvɔwo le Keta, eye nɔvi eve siawo nɔ awuwo tɔm va se ɖe esime awu sɔ gbɔ ɖe wo si zã.

Schlegel Ɖe Srɔ̃

Schlegel ƒe didi vevi si wòɖe gblɔe nye be yeadi be yeanɔ Afrika ƒe 10 hafi atrɔ ayi yewo de.

Ɣemaɣi la, eƒe lãme sẽ ŋutɔ, ale be ebia tso eƒe kɔmitia si be woaɖe mɔ na ye yeaɖe srɔ̃. Le Anyɔnyɔ 1858 me la, ezɔ mɔ yi Christiansburg be yeaɖaɖe yeƒe ŋugbetɔ Lydia Stöcklin si tso Basel. Dzomee woɖe srɔ̃a.

Eteƒe medidi o srɔ̃a Lydia va kpɔe be Afrikae yeva vavã! Asrã alo atikesi sesẽ aɖewo ɖe kpe nɛ. Schlegel nɔa eŋu le dɔba dzi zã kple keli. Lydia ƒe lãme va sẽ gla.

Schlegel Ƒe Dɔléle Kple Eƒe Ku

Gake eteƒe medidi o Lydia ŋutɔ hã gava zu dɔnɔdzikpɔla, elabe srɔ̃a Schlegel ŋutɔ hã gadze dɔ. Eƒe taɖuame xoxoa gatrɔ gbɔ.

Esi wobia tso Schlegel si be wòayi mɔkeke la, egbe. Eƒe zɔhɛ Knecht va ƒoe ɖe enu ale be mawunyadɔgbedede ƒe dzo ganyɔ ɖe eme. Eya kple eƒe zɔhɛ wode sɔ dzi dze mɔ.

Mɔzɔzɔa te ɖeɖi eŋu vevie, ege le sɔ dzi zi eve sɔŋ, eye wòku ƒe enyi zi geɖe le mɔa zɔzɔ me. Esi wòtrɔ gbɔ la, dɔlélea te eŋu. Esi ɖɔkita aɖeke mele Anyako o ta la, eɖoe be yeagayi Akropong. Mawunyadɔgbedela Plessing ƒoe ɖe enu wòva Keta boŋ, elabe ele bɔbɔe wu be wòaɖo tɔdziʋu le Keta ayi Akropong. Dɔa ɖi tsi ɖe eŋu hafi wòva ɖo, eye eƒe dɔlélea nɔ nyanyram ɖe edzi gbe sia gbe.

Schlegel ƒe nɔnɔmea nye nuxaxa na srɔ̃a kple mawunyadɔgbedela geɖewo, eye wonɔ eŋu le dɔba dzi va se esime wòmia nu kpoo le Damɛ 1, 1859 dzi. Schlegel xɔ ƒe 32 pɛ ko ɣemaɣi.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top