EƲE LODODOWO AKPA 17

clear glass bottle with white background
Ŋku eve mekpɔa atukpa me o

801. Nunyoname ƒe do womeɖenɛ abɔ buna ɖe eme o.
[Ne anyo na wò la menye wò agbagbadzedze akpa me ko wòatso o.]
802. Nuŋɔnue ŋɔa nu.
803. Nutukpɔ mesea glitutu o.
[Ne nu tu kpɔ la eteƒe medidina hafi wòva tua gli hã o.]
804. Nuvinametɔ menye dzoɖuametɔ o.
805. Nuwɔzã medo o.
806. Nya baɖa menye dzonu nyui wònye wodea kɔ na ame vi o.
807. Nya dzedɔmee faa dzi.
808. Nya madzɔkpɔ kple eƒe ɖikekee.
809. Nya mewua ame dzi gakua ame o.
810. Nya wuame nɔƒe medidi o.
811. Nya gblɔmasea, ne kpɔ memu o la, glie kana.
812. Nyatsɔke menye hotsɔke o.
813. Nyɔnu si ɣea ze la, medea tɔme kaba o.
814. Nyɔnu si kpɔa nublanui na ŋutsuwo fũu akpa la, gboloe woyɔna nɛ.
815. Nyɔnuwo la ameʋuɖelawoe.
[Efia be nyɔnu gbolowo la ameʋuɖelawoe]
816. Nyi ɖiku medoa ahlɔ̃e ƒe afɔkpa o.
817. Nyi ɖiku menye tsikpo gbɔ nu o.
[Tsikpó nye nu si me wotsɔa kluviwo alo hawo le.]
818. Nyi ɖiku nyo wu lãxɔ gbɔlo.
819. Nyiŋutsie ɖaa nyi.
[Nyiŋutsi fia tsi si wotsɔ fia tsi nyilã. Lododo sia nye nufiame na amegbetɔ be magadzi nu si gbɔ eƒe ŋutete ŋu o.]
820. Nyiwutue gbãna ɖe ahlɔ̃e ŋu.
821. Nyonyo la telɔe, asi wotrɔna le eŋu hafi wòwɔna.
822. Ŋɔŋɔe mevɔna le kpɔ̃ ŋu o.
823. Ŋɔŋɔe mevɔna le kpɔ̃vi ŋu o.
824. Ŋɔti be yemele naneke dim wu gbɔgbɔ o.
825. Ŋɔvi be atadi le vevem gake yele eƒe dɔ me.
[Nenye be atadi ɖi hẽe hele vevem katakata hã la, ŋɔvi dzia vi ɖe eme eye ŋɔvi boliboli sia nɔa agbe le eme tsina. Esia wokpɔ kpa nya sia ɖe ŋɔvi ŋu. Enye nuxlɔ̃ame be dzidodoe nye nuwɔwɔ.]
826. Ŋdi menyona na ame wokoa nu o.
827. Ŋdi menyona na ame, wokoa fiẽ o.
828. Ŋkuɖekatɔ mefena le ke me o.
829. Ŋku eve mekpɔa abɔɖiabɔ me o.
830. Ŋku eve mekpɔa atukpa me o.
831. Ŋkuagbãtɔwo de la, ŋkuɖekatɔe ɖua fia.
832. Ŋukpe ta gbolowɔla toa xɔ xa.
833. Ŋukpe vi nyo wu ŋukpe gã.
834. Ŋutasẽlae dzia vi le kponɔ ƒe dɔme.
835. Ŋutsuwo be, daavi wòe zɔ menye nya aɖeke o, hedenyuie sie nyaa le.
836. Sabala le nogo, gake mɔ le eme.
837. Sabala le nogo, mɔ le eme.
838. Safui sesẽe ʋua gaʋɔ.
839. Siamea ŋlɔe be abitɔ ƒe ŋku le edzi.
840. Sika la, agakpe sesẽwo me ko wònɔna.
841. Sisi eve menɔa ame ŋu o.
842. Sonue gblɔ na zɔklalɛ be ne eti kpo yi yame hã la ye me ko dze ge wògagbɔna.
843. Ta ɖeka medea adaŋu o.
844. Ta ɖeka meɖoa aɖaŋu o.
845. Ta gbɔlo metsɔa ahlihã o.
846. Ta meɖua ame woƒoa tsi klo o.
847. Ta mekpena wu tigoe o.
848. Ta menɔa agbe klo ɖɔa kuku o.
849. Ta menɔa anyi klo ɖɔa kuku o.
850. Tababla la aƒe wotsona.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top