EƲE LODODOWO AKPA 16

Nyɔnu aɖe le nu dom na vi

751. Ne ze ɖe wu ze la, tɔmedegbee wokpɔnɛ le.
752. Nenem mlekpui lae nènye ye nenem nakeawo le yiyim ɖe mewò.
753. Nenema-ko-wowɔnɛ medoa ame ɖe ŋgɔgbe o.
754. Nenye teɖugbee nye teƒãgbe la anye ne gbɔ̃wo hã maɖu tetsro o.
755. Nomaxee ta Xiƒeawo de ahedɔƒe me nɔ ge dokpoe.
756. Nu bubu be yedo moyɛ nudila.
757. Nu bubue na wodia gbɔnu le lubu me.
758. Nu eve mewɔa akplẽ le agba me o.
759. Nu gã kala metsia agba ɖome o.
760. Nu gãwo gbɔ vɔvɔ̃ tsoa aƒe ɖo.
761. Nu ka dim ŋɔti le wu gbɔgbɔ.
762. Nu kamafiaŋku la, ɖe wòléa ve na ame.
763. Nu kpeta menɔa abɔ o.
764. Nu li ɖi ata wu nyi.
[Nu si ƒe ata lolo wu nyi tɔ.]
765. Nu ɖi ata wu nyi.
[Nu si ƒe ata lolo wu nyi tɔ.]
766. Nu lokpo meʋlia atsu o.
767. Nu nyui ŋu asi nɔna.
[Esia fia be asixɔxɔ gã aɖe le nu nyui wɔwɔ ŋuti.]
768. Nu nyui wɔla ƒe ta metsia ba me o.
769. Nu si ame aɖe ɖu he ku la, tagbee wònɔna nɛ.
770. Nu si atso aʋa na sɔtsu la le sɔnɔ ƒe dɔme.
771. Nu si dadi kpɔ hetrɔ ŋku ɖe adzɔge la, nu mae avu kpɔna henɔa wówom.
772. Nu si le du ƒum la ye fɔa nu si le anyimlɔƒe.
773. Nu si ŋku kpɔ lae asi minyana.
774. Nu si ta agbledeawo tsi aƒe ɖo la, asideawo ɖe wogbɔna va kpɔnɛ.
775. Nu si tsoa aʋa na sɔ la sɔ ƒe dɔmee wòle.
776. Nu si wɔ akagã eƒe dzodome bɔ la, ne ewɔ lã aɖewo la, ahɔhɔ̃e ado na wo.
777. Nu si wɔ akagã ƒe ta la eya kee wɔ tegli ƒe ble.
[Tegli kee wogayɔna be ɖaɖi.]
778. Nu si wɔ klo la, ne abɔbɔe wòwɔ la, goa masusɔ o.
779. Nu si wɔ klo nenye ɖe wòwɔ abɔbɔ la eƒe go masusɔ o.
780. Nu si wɔ pete ƒe ta lae wɔ ɖaɖi ƒe ble.
[Pete kee wogayɔna be akagã eye wogayɔa ɖaɖi hã be tegli.]
781. Nu sia nu si gɔmedzedze li na la nuwuwu hã li nɛ.
[Eya ta nɔvi do dzi le xaxa me.]
782. Nu tsu ɖula xɔlɔ̃e nye akɔli.
783. Nu vɔ̃ wɔwɔ la lãnɔe, vi wòdzina fũu.
784. Nu vevi mesena tsia gbɔya o.
[Gbɔya fia yame.]
785. Nu vevi mesena tsia yame o.
[Gbɔya fia yame.]
786. Nudonamela megbea asiɖuɖɔ o.
787. Nudonamela megbea asiɖuɖɔ o, gake mègana dedzia nawu ɖoɖoa o.
788. Nuɖuɖu menɔa ame si dɔ gawua ame o.
789. Nuɖuitɔ ɖe wònyaa eɖokuiléle.
790. Nue glo kpɔ̃ wòɖu gbe.
791. Nue gloa lo wòɖua bɔlu.
792. Nue wɔ ŋɔti dze gbã.
[Nu vevi wɔ ŋɔti ame ƒe gbe me xe.]
793. Nue wɔ ŋɔti gbe gbã.
[Nu vevi wɔ ŋɔti ame ƒe gbe me xe.]
794. Nue wua lã gãwo woɖua wɔdzre.
795. Nuɣeɖutɔ menyana be dɔto o.
796. Nunametɔ ƒe ta metsia ba me o.
797. Nunya adidoe, asi metunɛ o.
798. Nunyala ɖeɖe eve memaa hotsui etɔ̃ me o.
799. Nunyala eve memaa hotsui etɔ̃ o.
800. Nunyala medzea anyi le kɔ ɖeka dzi zi eve o.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top