Ɣletiwo Le Eʋegbe Me

Baluwɛ le Togo

Dzove 

Esiae nye ɣleti alo dzinu gbãtɔ le ƒea me. Ɣleti sia ƒe ŋkɔ tso xexea me ƒe dzoxɔxɔ si nɔa anyi le ave siwo menye ave tsu alo ave tsitsiwo o la ƒoƒo ƒe gɔmedzedze me. Le dzoxɔxɔ sia ta woyɔa ave siawo be Dzove.

Ŋkeke 31 ye le ɣleti sia me. Le ɣleti sia me la, pepi alo baluɣee dona eye gbewo hã bia dzo. Le blema la, Romatɔwo xɔe se be Ianus nye mawu na agbowo, ʋɔtruwo, gɔmedzedzewo kple nuwuwuwo. Le esia ta, wotsɔ ŋkɔ na ɣleti gbãtɔ sia be Ianuarius si tso ianua si fia ʋɔtru le Latingbe la me. Woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be January eye woyɔnɛ le Fransegbe me be Janvier.

Dzodze 

Esiae nye ɣleti alo dzinu evelia le ƒea me. Le ɣleti sia me la, wotɔa dzo ave siwo woƒo la, eye wodzraa anyigba dzi ɖo na nuku yeyewo ƒaƒã. Xexea me xɔa dzo ŋutɔ, esia tae woyɔa ɣleti sia be Dzodze.

Ŋkeke 28 ye le ɣleti sia me, gake le ƒe ene sia ƒe ene megbe la, ezua ŋkeke 29. Woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be February eye woyɔnɛ le Fransegbe me be Février.

Tedoxe

Esiae nye ɣleti alo dzinu etɔ̃lia le ƒea me. Adatsi gbãtɔwo dzana le ɣleti sia me, eye woxea do siwo me woku te le va yi la, esia tae wotsɔ ŋkɔ na ɣleti sia be Tedoxe.

Ŋkeke 31 ye le ɣleti sia me. Le blema la, Romatɔwo yɔa ɣleti sia be Martius si nye woƒe aʋamawu Mars ƒe ŋkɔ. Woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be March eye woyɔnɛ le Fransegbe me Mars.

Afɔfiɛ 

Esiae nye ɣleti alo dzinu enelia le ƒea me. Anyigba xɔa dzo gbãgbãgbã hefia afɔ na ame le ɣleti sia me, esia tae woyɔe be afɔfiɛ.

Ŋkeke 30 ye le ɣleti sia me. Ɣleti sia ƒe ŋkɔ anya tso nya eve aɖewo me. Gbãtɔe nye Latingbe me nya Aprilis si fia seƒoƒo ƒe ʋuʋu, elabena ɣleti sia mee atiwo ƒoa se hetsena le nuto mawo me.

Eveliae nye Aprilis si tso Helatɔwo ƒe lɔlɔ̃mawu Afrodite ƒe ŋkɔ me. Anglosasontɔwo tsɔ ŋkɔ na ɣleti sia be Oster-monat alo Eostur-monat si nye woƒe mawu Eostre alo Ostara ƒe ŋkɔ. Ŋkɔ sia me Easter alo Pâques tso. Woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be April eye woyɔnɛ le Fransegbe me be Avril.

Damɛ 

Esiae nye ɣleti alo dzinu atɔ̃lia le ƒea me. Tsidzadza nana be atiwo kple gbewo dea ama nyuie le ɣletia me. Esia tae wona ŋkɔ ɣleti sia be Damɛ.

Ŋkeke 31 ye le ɣleti sia me. Le blema la, Helatɔwo tsɔ woƒe mawu Maia ƒe ŋkɔ na ɣleti sia. Romatɔwo bui be enye vidzidzi ƒe mawu. Woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be May eye woyɔnɛ le Fransegbe me be Mai.

Masa 

Esiae nye ɣleti alo dzinu adelia le ƒea me. Le ɣleti sia me la, ati aɖe si woyɔna be Masɛ la ƒoa se eye wohea kpeƒoame, taɖuame kple vuvɔdzeamedzi vanɛ. Esia tae wona ŋkɔ ɣleti sia be Masa.

Ŋkeke 30 ye le ɣletia me. Le blema la, Romatɔwo tsɔ Yuno si nye woƒe mawu aɖe ƒe ŋkɔ na ɣleti sia. Woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be June eye woyɔnɛ le Fransegbe me be Juin.

Siamlɔm

Esiae nye ɣleti alo dzinu adrelia le ƒea me. Le ɣleti sia me la, sẽ ko tsi kɔna ɖi, sẽ ko ŋdɔ ʋuna. Esia wɔnɛ be sẽ ko woɖe nunyanyawo le nusiaka dzi sẽ ko wogasia nuwo le ka dzi, wowɔa esia zi geɖe le ŋkekea me. Esia tae wona ŋkɔ ɣleti sia be Siamlɔm.

Ŋkeke 31 ye le ɣletia me. Le blema la, Romatɔwo tsɔ ŋkɔ na ɣleti sia be Yuli, elabe eya mee wodzi Romatɔwo ƒe Fiagã Yulio Kaisaro le. Woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be July eye woyɔnɛ le Fransegbe me be Juillet.

Dasiamime

Esiae nye ɣleti alo dzinu enyilia le ƒea me. Te yeye dona le ɣleti sia me, eye esi wònye be ɖeviwo tsia dzi ɖe nuɖuɖu ŋuti ta la, ne wobe yewoaklɔ asi aɖu koliko la, wodea asi ami dzodzo me hebuna xaa be tsi mee. Esia tae wona ŋkɔ ɣleti sia be Dasiamime.

Ŋkeke 31 ye le ɣletia me. Le blema la, Romatɔwo tsɔ ŋkɔ na ɣleti sia be Augustus, elabe eya mee wodzi Romatɔwo ƒe Fiagã Augustus le. Woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be August eye woyɔnɛ le Fransegbe me be Août.

Anyɔnyɔ

Esiae nye ɣleti alo dzinu asiekelia le ƒea me. Ɣleti sia nye kelegbledeɣi, eye tsi nɔa nyɔnyɔm. Esia tae wona ŋkɔ ɣletia be Anyɔnyɔ.

Ŋkeke 30 ye le ɣletia me. Le Latingbe me la, septi gɔme enye adre eye septem gɔme enye adrelia. Le Romatɔwo gbɔ la, ɣleti siae nye adrelia. Woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be September eye woyɔnɛ le Fransegbe me be Septembre.

Kele

Esiae nye ɣleti alo dzinu
ewolia le ƒea me. Gbe aɖe si woyɔna be Kele bɔna le ɣleti sia me.

Ame aɖewo hã susu be ɣeaɖewoɣi tsi dzana le ame eve siwo do agbleliƒo la dometɔ ɖeka ƒe agble me eye medzana le ame evelia ya tɔ me o. Esia nana be ke alo keléle ɖoa agbletɔ eveawo dome. Esia tae wona ŋkɔ ɣleti sia be Kele.

Ŋkeke 31 ye le ɣletia me. Le blema la, ɣleti siae nye enyilia le Romatɔwo gbɔ. Woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be October eye woyɔnɛ le Fransegbe me be Octobre.

Ademakpɔxe

Ademakpɔxe alo Adeɛmekpɔxe nye ɣleti alo dzinu wuiɖekɛlia le ƒea me. Le ɣleti sia me la, afu alo ahũ xɔa xexea me litii eye esia wɔnɛ be adelawo alo adeawo metea ŋu kpɔa xewo alo lãwo dzea si kaba o. Esia tae wona ŋkɔ ɣleti sia be Adeɛmekpɔxe.

Ŋkeke 30 ye le ɣletia me. Le blema la, ɣleti siae nye asiekelia le Romatɔwo gbɔ. Woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be November eye woyɔnɛ le Fransegbe me be Novembre.

Dzome

Esiae nye ɣleti alo dzinu wuievelia le ƒea me. Le ɣleti sia me la, xexea me xɔa dzo vivivo, vevietɔ le ŋdɔ me. Esia tae wona ŋkɔ ɣleti sia be Dzome.

Ŋkeke 31 ye le ɣletia me. Le ɣleti sia me la, pepi dona. Le blema la, ɣleti siae nye ewolia le Romatɔwo gbɔ. Woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be December eye woyɔnɛ le Fransegbe me be Décembre.

Ƒoave

Esiae nye ɣleti alo dzinu wuietɔ̃lia le ƒea me. Le ɣleti sia me la, pepi si do le dzome la nu sẽna ɖe edzi eye esia wɔnɛ be atiwo lũa xe, tɔsisiwo kple tɔʋuwo miena, ale wɔ tsiku ɖina.

Xexea me ƒe dzoxɔxɔ si nu sẽ wɔnɛ be ave dodowo kekeake gɔ̃ hã me kɔna abe ɖe woƒo wo ene. Esiae ta wona ŋkɔ ɣleti sia be Ƒoave. Gake ewɔ abe womegale exlẽm de ɣletiawo me o ene. Esia ta megadzena le agbalẽ geɖeawo me o.

Eʋeawo Ma Ƒea Alo Ɣleti Wuieveawo Ɖe Akpa Ene Me

Adame: (Tedoxe, Afɔfiɛ, Damɛ). Tsidzaɣi gã, agblemenukuwɔɣi.

Afome alo Fofome: (Masa, Siamlɔm, Dasiamime). Kuɖiɣi sue, agblemenukuŋeɣi.

Keleme: (Anyɔnyɔ, Kele, Ademakpɔxe). Tsidzaɣi sue, agblemenukuwɔɣi.

Pepime: (Dzome, Dzove, Dzodze). Kuɖiɣi gã, agblemenukuŋeɣi. o

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top