Gbegɔmeɖeɖe Ŋuti Mɔfiamewo

Gbegɔmeɖelawo le dɔ dzi.

Nu kae nye Gbegɔmeɖeɖe? 

Nu si gbegɔmeɖeɖe fia lae nye be woaɖe nya aɖe si wogblɔ alo nane si woŋlɔ ɖe gbe aɖe me la gɔme ɖe gbe bubu me.

Ele vevie be míanɔ ŋku ɖom edzi be gbegɔmeɖeɖe adodoea bia be woaɖe gɔmesese si le nya aɖe si wogblɔ alo nane si woŋlɔ si la gɔme ɖe gbe bubu me, ke menye be míanɔ nya ɖekaɖekawo gɔme ɖem ɖe gbe bubu me o.

Le nyati sia me la, míayɔ gbe si me wogblɔ nya alo ŋlɔ nane si gɔme wòle be míaɖe ɖo la be “dzrogbe,” eye míayɔ gbe si me wòle be míaɖe nya la gɔme ɖo la be “degbe.”

Nu Si Gbegɔmeɖeɖe Nye

Ebia be woaɖe gɔmesese la ɖeɖe ko ɖe go, ke menye be woaɖe egɔme nyaɖenyanu o. Elabe gbegbɔgblɔ menye nya ɖekaɖekawo ko o. Gbe ɖe sia ɖe ƒe gbeŋutisewo kple nyagbetutuɖo toa vovo tso gbe bubu tɔwo gbɔ, eye menye nya siwo le gbe aɖe me la katãe nàkpɔ le gbe bubu me o. 

Eye le gbe ɖeka dolawo gɔ̃ hã dome la, etea ŋu dzɔna be nya siwo dɔ aɖewo wɔlawo alo nuto aɖewo me tɔwo gblɔna toa vovo na woƒe nuto bubuwo me tɔwo tɔ.

Avɔlɔ̃lawo ate ŋu azã nya aɖewo le Eʋegbe me si gɔme tɔƒodela mate ŋu ase o eye nenema ke nyawo ate ŋu anɔ tɔƒodela si si avɔlɔ̃la hã manya o.

Azɔ na míakpɔ gbegɔmeɖeɖe ƒe mɔnuwo.

Gbegɔmeɖeɖe Ƒe Mɔnu Bɔbɔewo 

Le nyati sia me la, míakpɔ gbegɔmeɖeɖe ƒe mɔnu bɔbɔetɔ, eye míakpɔ bubuwo le nyati siwo akplɔ esia ɖo me.

Míadze egɔme kple gbegɔmeɖeɖe ƒe mɔnu bɔbɔetɔ. Esia bia be woaɖe nu si woŋlɔ ɖe dzrogbea me la gɔme ɖe degbea me.

 

Dɔa ate ŋu ayi ale:

  • Gbegɔmeɖelawo dometɔ ɖe sia ɖe axlẽ nyatia ato eme nyuie
  • Ne woxlẽ nyatia to eme vɔ la, woakpe ahadzro eme hafi adze egɔmeɖeɖe gɔme
  • Gbegɔmeɖelawo nakpɔ egbɔ be nu si gɔme yewoɖe la me kɔ eye meto vovo tso Dzrogbea gbɔ o eye wòsɔ ɖe gbeŋutisewo nu.

Afɔɖeɖe Siwo Hiã

Xlẽ nyati si le dzrogbea me la katã keŋ eye nàdze agbagba ase egɔme nyuie.

Ne mèse nyawo katã gɔme o la, ke màte ŋu aɖe egɔme nyuie o. Ne mèse nya alo nyakɔsɔkɔsɔ aɖe gɔme o la, ke dze agbagba nàse egɔme gbã. Ɖewohĩ awɔ na wò be nya aɖewo gɔme ɖeɖe sesẽ akpa alo mehiã be woaɖe wo gɔme o, ke hã ele be nàse wo gɔme gbã hafi atso nya me nenema.

Gbã la, miɖe nyati bliboa gɔme tẽe. Gake migaɖe egɔme nyaɖenyanu o. Miɖo ŋku edzi be nyagbeawo ƒe gɔmesese gɔme ɖem miele. Ne mieɖe nyatia gɔme tẽe ɖe degbea me vɔ la, migbugbɔ to gbegɔmeɖeɖe la katã me nyuie ale be miate ŋu atrɔ asi le eŋu evɔ mianɔ dzrogbea me nuŋlɔɖia dzi kpɔm o. Miate ŋu atrɔ dzrogbea me nuŋlɔɖi la abu anyi ɖe kplɔ̃ dzi ale be miaganɔ edzi kpɔm hafi anɔ miaƒe gbegɔmeɖeɖea me tom o. Esia awɔe be gbegɔmeɖeɖea anɔ dzɔdzɔme nu eye wòasɔ kple ale si degbea dolawo ƒoa nu le bubumɔ kple dzɔdzɔme nu.

Midze agbagba miaƒe gɔmeɖeɖea xexlẽ nanɔ bɔbɔe.

Mitsɔ nu si gɔme mieɖe ɖe degbea me la sɔ kple dzrogbea me nuŋlɔɖia tsitotsito miakpɔ ɖa be gɔmeɖeɖea de pɛpɛpɛ mahã. Esia fia be miakpɔe ɖa be yewoɖe susu ɖe sia ɖe si woɖe gblɔ le dzrogbea me la gɔme ɖe degbea hã me mahã. Afi siae wòle be miaɖɔ vodada ɖe sia ɖe ɖo le ahaka ɖe edzi be gɔmesese ɖe sia ɖe va pɛpɛpɛ le degbea me.

Aʋatsoxɔlɔ̃wo Le Gbegɔmeɖeɖe Me 

Kpɔ nyuie le nya kple nyakɔsɔkɔsɔ siwo míayɔ be “aʋatsoxɔlɔ̃wo” ŋu.

Enye dzrogbea me nya siwo míegblẽna ɖe degbea me, esia dzɔna ne gbeawo tso gbeƒome ɖeka me abe Eŋlisi kple Franse, alo Eʋegbe kple Adãgbe ene eye mímenya nya siwo míatsɔ aɖe wo gɔme nyuie o.

Ke ne mènya nya si tututu nàtsɔ aɖe egɔme o la, ɖe wò nuxlẽlawo ya ate ŋu ase egɔmea? Womate ŋu ase egɔme o.

Ne nya yeye aɖe do le gbe aɖe me la, wotea ŋu zãa nya mawo ŋutɔ tẽe le gbe bubuwo me, eye magahiã be woaɖe wo gɔme kokoko o. Le kpɔɖeŋu me: bafana, si nye akpete alo akplo aɖe ƒomevi, dɛgɛ alo burkina, si nye nunono aɖe si wotsɔ li kple nyinotsi wɔna.

Gake miɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be gɔmesesea gɔme ɖem miele, ke menye nya ɖekaɖekawo o.

Ne Miedo Go Nyakɔsɔkɔsɔ Aɖe Le Dzrogbea Me

Ne miedo go nyakɔsɔkɔsɔ aɖe le dzrogbea me eye etɔgbi mele degbea me o la, ɖewohĩ miate ŋu azã nya geɖewo aɖe eme. Le kpɔɖeŋu me, nya “computer” alo “ordinateur” mele Eʋegbe me o. Eya ta wolɔ̃a egɔmeɖeɖe be “kɔmpiuta” eye ame aɖewo hã ɖea egɔme be “adaŋudemɔ.” Gake ele be míakpɔ nyuie be míaganɔ nyawo kpam le mía ɖokui si dzodzro evɔ wòhenye be ŋkɔ aɖe li koŋ amewo yɔna na nu si míewɔnɛ o la hafi o.

Ne mienya ale si miaɖe nya aɖe gɔme o la, ke mido ta ɖe degbedola adodoeawo alo gbegɔmeɖela bubuwo gbɔ.

Aleke kee wòɖale o, dzrogbemenya aɖewo age ɖe degbea me godoo. Le kpɔɖeŋu me, Eʋevi geɖe va le dzrogbemenya siwo dometɔ aɖewo nye “kɔmpiuta,” “ɔrdi” alo “telefon” zãm le degbea me.

Gake esia nyea kuxi ne enye nya yeye eye ame geɖewo mekpɔ nyae nyuie o. Ne edzɔ alea la, mizã dzrogbemenya eye miaɖe egɔme alo aɖe eme zi ɖeka. Le kpɔɖeŋu me: Dukplɔla be yeaƒle kɔmpiuta (si nye adaŋudemɔ si wotsɔ léa nyatakakawo ɖi) na sukunufiala ɖe sia ɖe.

Nyagɔmeɖegbalẽwo Zazã Le Gbegɔmeɖeɖe Me 

Migadze agbagba be miaɖe nya ɖekaɖekawo gɔme o. Ke miɖe nyakɔsɔkɔsɔ alo nyagbe blibo si ŋu gɔmesese blibo le la gɔme boŋ.

Nyawo ƒe gɔmesese nɔa te ɖe nɔnɔme si me wozã wo le alo nya siwo ƒo xlã wo la dzi. Miɖe nyawo gɔme ɖe nya siwo ƒo xlã wo nu. Miate ŋu azã nyagɔmeɖegbalẽ faa, gake mikpɔ nyuie ne miele nya ɖekaɖekawo ƒe gɔmeɖeɖe dim.

Nyagɔmeɖegbalẽwo zazã nyo, gake gɔmeɖeɖe vovovowo tea ŋu nɔa nya ɖeka si. De dzesii be nyagɔmeɖegbalẽ nyuitɔe nye esi ɖea nyawo gɔme le woƒe gɔmesese vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, gɔmesese vovovowoe le nya “aba” si. Ate ŋu afia:

  1. Nu si dzi womlɔna.

             Dada ɖo aba na ɖeviawo.

  1. Nu gbadza aɖe ƒe akpa aɖe.

             Etsɔ avɔawo ɖo aba ɖe wo nɔewo dzi.

  1. Kese ƒe dzodzo le atilɔwo dzi.

             Kesevi siae le aba ɖem alea?

  1. Ate ŋu anye seselelãmefianya si fia be nane ti ame alo wu tsɔtsɔ na ame.

             Aba! Tɔwò va glo.

Eya ta ne mitia gɔmesese aɖe ɖe bubu teƒe la, ke nya si miedi be yewoagblɔ ƒe gɔmesese abu kura. Eya ta ne ewɔ na mi be gɔmeɖeɖea ɖi ɖeƒomevi le degbea me la, migaŋe aɖaba ƒu edzi o.

Anyo be miabia aɖaŋuɖoɖo tsɔ wu be miaŋlɔ nu trama aɖe.

Miate ŋu anya gɔmesese siwo katã le nya aɖe si, vevietɔ le hatsekanyawo gome o.

Le kpɔɖeŋu me, wogblɔna le Eʋeawo ƒe nuto aɖewo me be “kpevi,” evɔ nya sia medo ƒome aɖeke kple kpe o, ke boŋ ga ɖuɖuae wowɔnɛ.

Nuŋɔŋlɔmɔnu Le Gbegɔmeɖeɖe Me 

Mehiã be nànye gbenyala bibi hafi ate ŋu aɖe gbe gɔme o. Ne ènya degbea nyuie la, àte ŋu asee le ɖokuiwò me nenye be nyagbea gɔme ɖeɖe de alo mede o.

Mele be miakplɔ dzrogbea ƒe gbeŋutise kple nyagbetutuɖo ɖo le degbea me o negbe ɖe wòsɔ le degbea me ko hafi.

Le kpɔɖeŋu me, le gbe aɖewo me la, ŋkɔteƒenɔnya doa ŋgɔ na dɔwɔnya eye meléna ɖe eŋuti o, evɔ le Eʋegbe me la, etea ŋu doa ŋgɔ alo megbe na dɔwɔnya eye etea ŋu léna ɖe dɔwɔnya ŋu gɔ̃ hã.

Mehiã be míaɖe dzrogbea me nya ɖe sia ɖe gɔme nenye be womahiã hafi gɔmesese nava le degbea me o. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu agblɔ le Eŋlisigbe me be “The ship sank lower in the water” evɔ ne wogblɔ ko le Eʋegbe me be “tɔdziʋua nyrɔ vĩ” la gɔmesesea katã va eye magahiã be woayɔ ‘tsi’ le gɔmeɖeɖea me o.

Nenema ke migahe ɖe megbe ne ehiã be miazã degbea me nya geɖe hafi gɔmesese bliboa nadze go o.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top