Sewɔtakpekpemetɔ Dzifa Gomashie Hã Gagblɔe

Sewɔtakpekpemetɔ Dzifa Gomashie Hã Gagblɔe

Aƒenɔ Dzifa Gomashie hã gagblɔe ake. Nu kae míewɔnɛ? Eyae nye mía degbea, Eʋeŋkɔwo kple Eʋeawo ƒe nuɖuɖu. Le Eʋevi aɖewo gome le Ghana la, enye ŋukpe na wo be woava tso wo ɖo woanɔ Eʋegbe dom. Ɛ̃e, womelɔ̃na kura be woanya be Eʋeviwoe yewonye o.

Eʋeŋkɔwo Le Bubum

Ɖewo hã ne ebia wo ŋkɔ la woagblɔ be Fafali, Mawuli, Seɖinam, Aseye kple bubuawo, gake ne èdo Eʋegbe na wo la, woagblɔ be “Menti,” si fia le Twigbe me be “Nyemesee o.”

Nu ma tɔgbi ŋutie Ghana ƒe Sewɔtakpekpemetɔ Abla Dzifa Gomashie si le Anyiehe Ketu teƒe, hã ŋlɔ nu tsoe.

Nyati kpui si woda ɖe eƒe Facebook la ɖe nu si dzɔ ɖe Eʋeawo ƒe nuɖuɖu vivi aɖe si gbɔ womelɔ̃a nu le o dzi la me. Nuɖuɖu vivi ma si woyɔna le Eʋenuto aɖewo me be ‘Bɔbɔ’ alo ‘Abɔbɔ’ la va zu Ghanatɔwo ƒe nuɖuɖu xɔŋkɔ aɖe si ame geɖe lɔ̃a yɔyɔ be ‘Gɔbɛ.’

Nu Si Aƒenɔ Gomashie Gblɔ

Nu si Sewɔtakpekpemetɔ Abla Dzifa Gomashie ŋlɔ ɖe eƒe Facebook lae nye esi:

“Ekema aleke Eʋeawo ƒe nuɖuɖu vivi, Bɔbɔ (ayi kple dzomi), si aɖaŋudɔwɔlawo kple sukuviwo lɔ̃na wu la, dzo le Aŋlɔ, Eʋedome, Agave kple eƒe nutowo me va ɖo Akra abe Gɔbɛ ene?

Akpetesi dzo le Atiavi kple Likpe eye wòva ɖo Teshie abe Apeteshi ene, míetɔ afɔ to be woneyɔ wo nyuie o.

Kete zɔ mɔ tso Afiadenyigba kple Eʋedome kɔƒewo me, va ɖo duawo me abe Kente ene. Míetɔ afɔ to be woneyɔ wo nyuie o.”

Nu Kae Dzɔ Ɖe Akplẽ Zotolia Dzi? 

Eyi edzi be: “Akplẽ dzo le Adafienu kple Dzelukɔƒe eye wòva ɖo Accra abe Banku kple Akple ene abe ɖe wole towo dome aʋa aɖe wɔm le mɔa dzi eye wotso nya me be yewoama mɔ ene. Míetɔ afɔ to be woneyɔ wo nyuie o, ɖe míedo alɔ wo wogblẽe ɖe edzi boŋ.

Nu ka tututue le mɔ si tso Eʋenyigba dzi yi teƒe bubuwo la dzi si trɔa nuwo ƒe ŋkɔwo si wɔnɛ be naneke medzona le Eʋenyigba dzi va ɖoa teƒe mawo dedie o? Nyitsɔ laa, medo go nye sukuhati tsãtɔ aɖe si ŋkɔe nye Selasie. Egblɔ nam be fifia Cinderella woyɔna na ye. Megblẽ naneke o. Gake nu ka tae woyɔa Aku si tso Akatsi fifia be Ekua, Ablatɔ fifia Abena eye woyɔa Afitɔ fifia be Afia?

Edzɔ ale gbegbe be Eʋevi si  ŋkɔe nye Kɔbla va zu Kwabena, eye ne mebia eƒe ŋkɔ la, ayɔ eƒe ŋkɔ nam le Twigbe me alo Gɛ̃gbe me, eye esi gawɔ kɔbɛ wu la, ayɔe nam  le Eŋlisigbe me evɔ wòhenya nyuie be Eʋevi akuakue menye.

Ŋutifafa be Peace ye nye yeƒe ŋkɔ, eye Nugbedodo be Promise ye nye yeƒe ŋkɔ fifia.”

Kɔkli Kple Aƒealete Dɔ̃

Egblɔ yi edzi be: “Eteƒe madidi o woanɔ míaƒe Ayikplẽ yɔm le  Koforidua be Ayekle, míaƒe Kɔkli ava zu Kaki le Kumasi, woava nɔ Eŋlisiŋkɔ aɖe yɔm na míaƒe Ekukatsa le Kape Kost.

Fia Gbemu siwo dzi womeda ŋkɔ ɖo be  Green o lam, Aƒealete siwo womeyɔna be Apelete o lam kple bubu geɖewom ale be magate ŋu se vivi na ŋkɔ deagbeameme siwo mía tɔgbuiwo yɔna tsã la ahaɖo ŋku wo dzi kple  vivisese blibo.

Kplɔm yi ŋkeke siwo me womeɖoa “e” Selasi nu alo ŋlɔnɛ kple “s” eve o la me. Kplɔm yi ŋkeke siwo me woŋlɔa Aƒlao be Aflao gake yɔnɛ be “Aƒlao” la me. Woŋlɔnɛ be Aflao menye esi wodi be woayɔe le “blɔfɔ” me, si fia le yevugbe me ta o, ke boŋ esi “ƒ” mele kɔmpiutanuŋlɔkpe dzi o tae. Kplɔm yi ɣeyiɣi si me woyɔa Keta be “Keta” ke menye “Kita” o la me.

Ŋkɔ Bubuawo Ya Ɖe?

Aƒenɔ Gomashie gblɔ kpee be: “Afi kae Ametamemanya, Agbeme, Nugbedo, Dzidzadze, Ƒomevili, Husunukpe, Dangoe, Ŋgɔli le.

Megadzɔ gbeɖe be woatrɔ míaƒe ŋkɔ fadziname siwo nye  Fafali, Dzifa, Edudzi, Nuteƒe, Esinu, Exɔnam, Elɔm, Elikem kple ŋkɔ bubu geɖewo hã nublanuitɔe alea woava zu ŋkɔ masegɔmenawo o. Akpe na mi.”

Akpa Si Ka Mí Katã

Nya kae míagblɔ fifia? Gbeawo katã fiƒode wonye. Babel alo Babilon yee Mawu tɔtɔ gbe na amegbetɔwo katã le. Gbeawo dometɔ aɖeke menyo wu nɔvia o. Gbe si wòde mí Eʋeawo nu lae nye Eʋegbe. Kokloxɔ xoxo mekpea ŋu na koklo o. Eya ta mina wòanye dada na mí míafia Eʋegbedodo, Eʋegbeŋɔŋlɔ kple Eʋegbexexlẽ mía viwo. Ame siwo le Gɛ̃ alo Akra (Accra) kple eƒe golɔgoeawo me naɖo ŋku edzi be wole Eŋlisigbea fiam yewo vi le suku xoxo, wole Twigbe kple Gɛ̃gbe srɔ̃m le wo tɔ sukuvi bubuawo gbɔ xoxo. Eʋegbe la koe tsi eme.

Esi wònye be xegbee xe dona ta la, mina míafia Eʋegbe mía viwo le Ghana. Le Togo la, Eʋegbee ɖu fia abe ale si Twigbe ɖu fia le Ghana ene. Menye gbe ƒoasiie Eʋegbe nye o. Vavãe, tetɔ ƒe ŋkumee te kpɔna hafi bina, míawo ŋutɔwoe awɔe wòanyo, mina míawɔe.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top