Bubumewo Ƒe Kete La!

Avɔlɔ̃la ƒe afɔ eveawo le anyi yim le gbɔgbɔm. Ka aɖewo to eƒe afɔbidɛwo me wòtsɔ le avɔkawo hem le dzi yim le gbɔgbɔm. Kaka nàkpɔ la, elɔ̃ avɔ nyui aɖe si le atsyɔ̃ blibo me. Eƒe amadedewo nya kpɔ eteƒe mekɔ o. Ɛ̃, bubumewo ƒe avɔ lɔ̃m wòle! Avɔ mae woyɔna be kete alo kente.

Afi kae kete alo kente lɔlɔ̃ dzɔ tso? Ame kawoe zãa avɔ sia egbea? Le nyati sia me la, míatee kpɔ be míakpɔ afi si kete dzɔ tso, ame siwo zãnɛ le gɔmedzedzea me kple ame siwo va le ezãm egbea.

Afi Si Kete Dzɔ Tso

Xotutu aɖewo gblɔ be Asanteawoe dze ketelɔlɔ̃ gɔme. Wotua xo be Kurugu kple Ameyaw siwo nye nɔvi eve aɖewo le kɔƒe si woyɔna be Bonwire me la yi adegbe gbe ɖeka le ŋdɔ aɖe me. Le gbea me la, wokpɔ Yiyi alo Yevigolotoe wòle yiyiɖɔ lɔ̃m. Yiyiɖɔ la nya kpɔ na wo ale gbegbe be woɖoe be yewo hã yewoawɔ etɔgbi. Esi wotrɔ yi aƒe me la, wotsɔ ka yibɔ kple ɣi lɔ̃ avɔ si wova na ŋkɔ be kete.

Evɔ ne èva Eʋenyigba dzi la, woagblɔ na wò be edzɔ tso Eʋeawo gbɔ. Woawo hã woagblɔ xotutu ma tɔgbi ke na wò be Eʋevi aɖewoe yi adegbe le Agɔtime ɖakpɔ Yiyi ƒe nuwɔna ma teƒe. Eya ta míate ŋu agblɔ afi si tututu ketelɔlɔ̃ dzɔ tso kple kakaɖedzi o. Nu si ko míenyae nye be nuto eve siwo woyɔna le xotutu mawo me Bonwire kple Agɔtime gakpɔtɔ xɔ ŋkɔ kokoko le ketelɔlɔ̃ me.

Aɖaŋudɔ Aɖe Ŋutɔe Ketelɔlɔ̃ Nye

Ketelɔ̃la tsɔ ɖeti, seda kple nu bubuwo trea ka siwo wòatsɔ alɔ̃ avɔbɛwoe. Avɔbɛwoe nye avɔ lebelebe siwo wova kpena wòzua avɔ blibo.

Le nuto aɖewo me la, wodea goma ɖetia hesianɛ. Ne eƒu la, woxatsanɛ ɖe ʋumedi suesuewo ŋu. Wodea goma ɖetikɛ la be wòasesẽ na elɔlɔ̃. Wotsiãa ɖetikɛawo eye wodenɛ xa me. Ne wode ɖetikɛwo xa me vɔ la, wodenɛ agbati me hedzea elɔlɔ̃ gɔme. Avɔlɔ̃la dzea agbagba wɔa dzesi si wòdi la ɖe avɔbɛ la me. Avɔlɔ̃la sẽa avɔbɛawo eye wòtɔnɛ wòzua avɔ tata blibo.

Ale Si Kete Dzroa Amewoe

Nyɔnu aɖe kple srɔ̃a le kete me Ketewo 

Ƒe alafa geɖe va yi la, Ɣetoɖoƒe Afrika fiawo ɖu anyigba si dzi tomenu xɔasiwo bɔ ɖo, si Europatɔ anyigbadilawo yɔ be Sikaƒuta la dzi. Afi siae wokua sika gbogbo aɖe le na Asanti-fiawo kple woƒe fiaƒomewo si na wozua hotsuitɔwo. Wotsɔa sikanu xɔasiwo kple avɔ siwo wolɔ̃ etɔxɛe ɖoa atsyɔ̃e na fiagã siawo kple fia siwo le wo te tsɔ ɖea woƒe hokpɔkpɔ, ŋusẽ, kple amegãnyenye fiana le wo teviwo ŋkume. Wova tsɔ ŋkɔ na avɔ tɔxɛ si fiawo tana be kete. Ɖewohĩ Twigbe me nya si nye kɛntɛn si fia kusi le Eʋegbe mee wowɔnɛ, elabe avɔ sia lɔlɔ̃ ɖi kusilɔlɔ̃. Gbe bubu dolawo hã lɔ̃a avɔ sia le Ɣetoɖoƒe Afrika. Le Asante-fiawo gome la, kete va zu dzesi tɔxɛ si le tsitre ɖi na amegãnyenye kple fianyenye.

Womeɖe mɔ le fiawo ƒe kete ƒe atsyã nyui lɔlɔ̃ ŋu na ame sia ame o. Woɖo fiawo ƒe avɔlɔ̃la bibiwo ƒe ƒuƒoƒo ɖi be woalɔ̃ avɔ xɔasi siawo. Wokpɔa kete siawo ƒomeviwo lɔlɔ̃ ta be wòanɔ ɣaɣla. Wode se na avɔlɔ̃la bubuwo katã be womegalɔ̃ atsyã siwo wolɔ̃na na fiawo kple fiaŋumewo ɖeɖe ko la na ame bubu aɖeke o. Fia la dzraa avɔ alafa geɖe ɖo, ɖe sia ɖe kple ale si wolɔ̃e kple eƒe atsyã tɔxɛ. Le kɔnu nu la, fia metaa avɔ ɖeka tɔgbi le dutoƒo ɣesiaɣi o.

Kete Ƒe Amadedewo Didi

Le ƒe alafa 16 lia me la, avɔ ƒomevi bubuwo te dodo le Ɣetoɖoƒe Afrika. Womelɔ̃ avɔ yeye siawo le Afrikatɔwo ƒe agbati dzi o, ke boŋ anyigba didi aɖe dzie wowɔe le. Europatɔ ƒudzimɔzɔla siwo nɔ nyiɖu, sika, kple kluviwo dim lae tsɔ avɔ siawo va Afrika. Ka siwo le amadede dzeani vovovo mee wotsɔ lɔ̃ dutavɔ siawoe. Eteƒe medidi o, dutavɔ siwo wolɔ̃ kple ka dzẽ, aŋutiɖiɖi, kple gbemu va zu adzɔnu vevi aɖe le asitsatsa me. Ame ʋɛ aɖewo ko sie ga le be woate ŋu aƒle avɔ xɔasi siawo tso Europatɔ asitsalawo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me le Sikaƒuta la, Asanteawo ƒe kesinɔtɔ siwo kpɔa sika, nyiɖu, kple kluviwo koe tea ŋu ƒlea wo. Gake menye avɔae nye nu si dim wole o.

Ne avɔa nya ka avɔlɔ̃lawo si ko la, wotsɔa dzigbɔɖi tua ka dzeaniawo eye wogblẽa avɔa ƒe akpa susɔea ɖi. Emegbe wogbugbɔ lɔ̃a ka xɔasi siawo le fiavɔlɔ̃lawo ƒe agbatiwo dzi. Esi woƒe amadede vovovoawo nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi la, nenema kee atsyã siwo asinudɔwɔlawo wɔna hã nɔ nyonyom ɖe edzi. Esia na be woƒe avɔlɔlɔ̃ gava nyo sãsãsã wu tsã.

Wotaa tɔmelã, xevi, atikutsetse, aŋgba, ɣeɖoto, anyieʋɔ, kple dzɔdzɔmenu siwo nya kpɔna la ɖe avɔawo me. Gɔmesese tɔxɛ aɖe nɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu na wo. Avɔ siwo me wolɔ̃ ka si le abe sika ene ɖo la le tsitre ɖi na hokpɔkpɔ, gbemua hea susu yia nu yeye dzi, yibɔa le tsitre ɖi na blanuiléle, dzĩa fia dziku, eye klosaloa le tsitre ɖi na dzadzɛnyenye kple dzidzɔ.

Kete Si Li Egbea

Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, fia sesẽwo ƒe ŋusẽ va nɔ to yim. Megava hiã be woade vovototo avɔ si fiawo zãna kple esi dumevi dzrowo zãna dome o. Avɔ dzeani sia ƒlelawo va dzi ɖe edzi esime wova te ezazã le wɔna dzrowo me. Esi wova lɔ̃a kete kabakaba be woakpɔ avɔ geɖe wu na amewo ta la, eƒe atsyɔ̃ɖoɖo, nyonyo kple asixɔxɔ dzi va ɖe kpɔtɔ.

Ketekpo aɖe Ketevɔ siwo li egbea

Egbea wolɔ̃a kete akpa gãtɔ kple ka siwo menye akuakuawo o. Wotsɔa ketevɔ tɔa akplowo, kɔmeblanu, alidziblanuwo, kukuwo kple nudodo bubuwo le agbɔsɔsɔ gã aɖe me. Avɔlɔ̃la ʋɛ aɖewo koe gawɔa ketelɔlɔ̃ ƒe mɔnu si wozãna le blema la ŋu dɔ. Wobua kete akuaku xoxoa kesinɔnui fifia eye wònye domenyinu na dzidzimeviwo le ƒomea me. Nyateƒee, kete nyuitɔ si wolɔ̃ le agbati dzi siwo wobuna fiawo ƒe avɔe tsã la megale nenema egbea o.

Eya ta ne èbe yeaƒle kete la, lé ŋku ɖe eŋu nyuie, nya du si me nàdɔe le, ɖewohĩ àdi be yeadɔe tso Bonwire, alo Agɔtime loo alo Agbozume. Elabe woxɔ ŋkɔ ŋutɔ le ketelɔlɔ̃ me. Gake kpɔ nyuie, ke ŋku, eye nàƒle kete adodoea, elabena bubumewo ƒe avɔe wònye tsã.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top