Menya Be Meble Xoxo

Afrikatɔ si lé blanui

Nye ŋutɔ menya be meble xoxo;

Menye ame ye lagado o.

Nye ŋutɔ menye be meble xoxo;

Menye ame ye lagado o.

Amewo ƒe nu vevie, gbɔya wòtsie;

Amewo ƒe nu dimakpɔe, gbɔya wòtsie;

Kle le dzo sim ƒe dzo gaƒo kle.

Ame malɔ̃ tsitse agbadze dzi wòdɔa

Medɔ agbadze dzi; megbe tsitse dɔ agbadze dzi

Mebe manɔ ati gã ɖome ne ʋedzi meƒom o.

Mele ati gã ɖome tsie ʋedzi gaƒom.

Mitsi na adela gã kemie be,

Ne ekpɔm megatsɔ tu ɖe ŋunye o;

Nyee le avea me le wowom.

Bobofo megatsɔ tu o;

Nyee le avea me le wowom.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top