Akpɔkplɔ Kple Akpaviã Eveawo

Akpɔkplɔ kple akpaviã eveawo le yame

Akpɔkplɔ kple akpaviã eve aɖewo nɔ anyi gbe aɖe gbe. Xɔlɔ̃ etɔ̃ siawo wɔa nu sia nu ɖekae. Wokpena ɖe wo nɔewo ŋu hã le mɔ vovovowo dzi. Le ɣeyiɣi aɖe me la, ku sesẽ aɖe va ɖi si he dɔwuame va anyigba blibo la dzii. Tsi aɖeke hã meganɔ anyigba ma dzi woano o. Eya ta wova ɖoe bena yewoadi anyigba bubu si dzi yewoate ŋu akpɔ nuɖuɖu kple tsi le la; ne menye nenema o la, yewoaku.

Ke gbe ɖeka la, akpavia eveawo dze mɔ hena anyigba la didi. Le ŋkeke eve megbe ko la, wotrɔ gbɔ kple dzidzɔnya be yewokpɔ anyigba nyui aɖe.Xɔlɔ̃ etɔ̃ siawo va dzra ɖo azɔ hena dzodzo. Esi aʋala mele akpɔkplɔ si wòadzo abe xevi ene o ta la, woɖoe be yewoadi ati aɖe ne akpɔkplɔ la nalé kple eƒe nu eye yewo xevi eveawo hã yewoalé ati la ƒe nu eveawo ɖekaɖeka  ahadzo kplii ayi anyigba yeye la dzi.

Akpɔkplɔ kple akpaviã eveawo va dze mɔ la azɔ. Esi woyi yame vɔ keŋ la, ewɔ nuku na akpɔkplɔ ŋutɔ elabena emae nye zi gbãtɔ si wòdzo yi yame kpɔ. Eya ta esi wòkpɔ anyigba hekpɔ etɔ lã bubuwo ɖaa la, edi vevie be yeagblɔ na wo be yee nye akpɔkplɔ gbãtɔ si dzo yi yame kpɔ. Kasia, eƒe nu ɖiɖi le atia ŋu eye wòge hebu ɖe etɔawo.             

Esiae he xɔlɔ̃ vevi siawo ƒe kaklã vɛ.

Esia tso Aƒetɔ S.K. Amegashie ƒe Gligbalẽ me.    

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top