Yiyi Kple Ɖetsyɔ̃evi

Yiyi Kple Ɖetsyɔ̃evi ŋuti gli.

Gbe ɖeka míeli ko la, dɔ gã aɖe va to. Dɔ la nu sẽ ale gbegbe be Yiyi kple viawo mekpɔ naneke woaɖu o. Yiyi ƒe viwo yi afɔdzi de ge gbe ɖeka eye woyi ɖado go Ɖetsyɔ̃evi ƒe viwo hã le afɔdzideƒe la.

Esi wonɔ afɔdzi la dem la, Yiyi ƒe viwo mete ŋu nɔ edem o, elebena naneke menɔ dɔ me na wo o. Evɔ la, wokpɔ be Aɖetsyɔ̃evi ƒe viwo ya nɔ afɔdzia dem ŋutɔ. Esi woyi aƒe me la, Yiyi ƒe viwo yi ɖagblɔ nu si dzɔ la na wo fofo. Yiyi tso enumake yi ɖe Ɖetsyɔ̃evi gbɔ hebiae be wòafia afi si wòle nuɖuɖu la kpɔm le la ye hã. Ɖetsyɔ̃evi gblɔ ale si exɔlɔ̃ xeviwo kplɔnɛ yia atsyãti si le tɔ dome la mee eye wogbea atsyã nɛ la na Yiyi. Yiyi da akpe nɛ hedzo yi aƒe me kple dzidzɔ,             

Esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yiyi fɔ dzaa yi ɖe xeviawo gbɔ hebia tso wo si be woakplɔ ye ayi atsyãti la tee. Eɖe kuku na xeviawo be woaɣe xefu aɖewo na ye hã, ne yeatsɔ adzo kpli wo ayi teƒe lae. Xeviawo lɔ̃ ɣe fuawo na Yiyi eye wòkplɔ wo ɖo yi teƒe la.

Teƒe la ɖoɖo kple maɖomaɖo ko la, Yiyi do ɣli be, ‘Tso! Fofonye ƒe atsyã boŋ mieva le ɖuɖum gbe sia gbea? Kpɔ ɖa, netsɔ na mi. Mibu le afi sia hafi mami ta!’ Xeviawo ƒe mo koe wɔ yaa. Womenya nu si woawɔ o, eya ta ɖeko wodzo kpoo hegblẽ Yiyi ɖeka ɖe afi ma. Gake hafi woadzo la, wo dometɔ ɖe sia ɖe nyɔ eƒe fu le Yiyi ŋu hetsɔ dzoe.

Yiyi lia ati la heɖu atsya la ʋuu va se ɖe esime ɖeɖi te eŋu. Azɔ dzodzo zu agba nɛ. Etsi tɔ dome. Ewɔ ɖɔɖɔɖɔ ɖiɖi ɖe tɔ la me eye wòbia tso lo si be wòakɔ ye atso tɔ lae.

Lo kɔ Yiyi tso tɔ la va ɖo go ɖeka dzi eye wògale agbagba dzem be yeakɔe ayi go mamlɛa dzie. Kasia, Yiyi gblɔ na lo be neɖe abla elabena eƒe dzodome le ʋeʋẽm na ye. Esi lo se nya sia la, dɔ me vee ŋutɔ eya ta lo tsɔ Yiyi do ɖi ɖe tɔ la me enumake eye wòdo le ete.

Afi ma Yiyi ŋuklẽla la ku ɖo nublanuitɔe.

Esia tso Aƒetɔ S.K. Amegashie ƒe Gligbalẽ me. 

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top