EƲE LODODOWO AKPA 18

Totamexe aɖe le to dzi

851. Tagãtɔ meɖɔa kuku ɣeɣe o.
852. Tagbatsu be azɔli le megbe azɔli le ŋgɔ.
853. Tagbatsu be xexeme le megbe le ŋgɔ.
[Nenye be tagbatsu dze ɖi la, eƒoa ƒu eƒe asiwo ɖe ŋgɔ abe eklɔm wòle ene. Egadoa afɔwo hã ɖe megbe nenema ke. Esia ŋue wokpa nya la ɖo. Esia nye nuxlɔ̃ame be amegbetɔ nabu etsɔ si gbɔna kple etsɔ si va yi ŋu hafi anɔ agbe, vevietɔ ɖe nɔvia kple eɖokui ŋu.]
854. Tagbatsutsu be yi mele ye si o gake yesẽa to na avu.
855. Tameyɔe kple asi ƒe godoƒe ɖeko wòle bɔbɔe.
[Eya ta mègayɔ na wò futɔ o.]
856. Tanutsɔ mekea dɔ o, eye asiɖuɖɔ meɖia ƒodo o.
[Tanutsɔ gɔmee nye agba si wodro ɖe ta.]
857. Tasiaɖam menɔa sɔ ŋgɔ o.
858. Tɔmedelae gbãa ze.
859. Tɔmekokloe be yemegblẽ tɔ ƒe nu ne tɔ nakplɔ yeƒe azi o.
[Tɔmekokloe alo tɔkoklo nye tɔdzixe ɖagbi aɖe si ɖi koklo. Efɔa ati sue eve aɖewo dana ɖe tsi dzi le tɔsisiwo me, ɖaa azi ɖe eme ƒoa vi wòtsina. Togbɔ be eƒe atɔ la meɖi atɔ aɖeke o hã la, tɔsisi alo ahomya mekplɔnɛ alo kakanɛ gbeɖe o. Esia nye nukunya eye amegbetɔ lé ŋku ɖe esia ŋu bu tame kpa nya sia de nu nɛ.]
860. Tɔmekpe be yeɖe ŋu ɖi na vuvɔ.
861. Tɔmekpe mesea vuvɔ o.
862. Tɔsisi be ne ɖe yekpɔ ye léla la, anye ne yemagaɖo aga o.
863. Tɔsisi be, ɖee yekpɔ avuléla la, anye ne yemaɖo aga o.
864. Tɔvi be zã do, nɔdzidzi be naneke mele zã me léa ame o.
[Ðo ŋku edzi be, ne avi le ɖiɖim hoo hã la nɔdzidzi ƒe aɖatsi toa vovo.]
865. Tɔvi be zã do, nɔdzidzi be zã medo o.
[Ðo ŋku edzi be, ne avi le ɖiɖim hoo hã la nɔdzidzi ƒe aɖatsi toa vovo.]
866. Tedogbee wotua ati na te.
867. Teƒlegbe tae woƒlea makani xea fea, elabena ƒlemaxe nɔvie nye dimakpɔ.
868. Teƒlegbe tae, woƒlea makani xea fe.
869. To maɖito la akunta woyɔna nɛ.
[Akunta kee wogayɔna be nyo si fia ame si ɖe ame ƒe nɔvi. Eya ta lé be na ɖoƒe si le asiwò la.]
870. To maɖito la nyo woyɔna nɛ.
[Eya ta lé be na ɖoƒe si le asiwò la.]
871. To mekpena wu ta o.
872. Togbɔ be ɖeke menyo o hã la, ɖegbeɖegbee nyo wu ɖekuɖekui.
873. Tokunɔ medea agble ɖe mɔ to o.
874. Totamexe be, yemedoa toku o, to nenɔ agbe yeafɔ axɔ̃e le eŋuti aɖu.
875. Totaxe be yemedoa to ƒe ku o, to nenɔ agbe yeafɔ axɔ̃ le eŋu.
[Totaxe alo kagãɣi, aŋɔɣi nye xevi vedidi aɖe si nɔa lãtsuwo abe lo, nyi, sɔ kple tedziwo ene ŋu nɔa nudzodzoewo kple axɔ̃wo mim le wo ŋu. Esiae wokpɔ kpa nya sia de enu.]
876. Toto mekpɔa avese ƒe dzodzo gblɔna be yeadzo o.
877. Trɔ tsi ɖe tu me na ame.
878. Tre eve le tsi dzi megbea ŋuikaka wo nɔewo o.
879. Tre eve nɔ tɔ ŋgɔ megbea gododo o.
880. Tre memlɔa anyi eƒe afɔ buna ɖe xɔ me o.
[Nuɖalawo aŋlɔe be.]
881. Tre mesaa ahiãkɛ na nɔvia o.
882. Tregbatsɔla megbea kaƒi sese o.
[Kaƒi alo kapi.]
883. Tsaɖila kpɔa nu wu dzidela.
884. Tsaɖitɔ kpɔ nu wu dziyitɔ.
885. Tsi bluhɔ nyo wu zɔ gbɔlo.
886. Tsi ƒo agba ƒo.
887. Tsi ƒo dze ami le nu kom.
888. Tsi ƒo dze ami le nu kom, ŋdɔ ʋu ami le nu xam.
889. Tsi ƒo gli mesea xɔ muna o.
890. Tsi ƒo kɔ medea kɔ tume o.
891. Tsi ƒo kpɔ mesea kpɔ muna o.
892. Tsi lɔ ɖe nu me didi la ta wòzuna.
893. Tsi le tsi tɔ nu eye agba hã le agba tɔ nu.
[Tsí fia gatsi alo atitsi kple bubuawo.]
894. Tsi meɖona wotrɔa zɔmetsi ƒua gbe o.
895. Tsi meléa adeɣenɔ wonyana o.
896. Tsi metsɔa ame gbɔ o, amee tsɔa tsi gbɔ.
897. Tsie vɔna hafi wotsɔa tagba noa wɔ.
[Eya ta ɖe wòvɔna le ame si hafi wòyenɛ. Tagba fia ta si le nu me.]
898. Tsiƒokpe medea kpe tume o.
899. Tsiƒokpe medea kpetome o.
900. Tsileƒe wonyaa aklikɔtɔ le.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top