Aƒenɔ Abla Dzifa Gomashie

Aƒenɔ Dzifa Gomashie le eƒe ɔfis.

Aƒenɔ Abla Dzifa Gomashie nye Ghana nyɔnu fefewɔla, filmwɔla, filmŋlɔla kple dunyagblɔla.

Enye Tsaɖiɖi ƒe Dudɔnunɔla ƒe Kpeɖeŋutɔ tso ƒe 2013 va se ɖe ƒe 2017 me. Ame bubu va xɔ ɖe eteƒe esi Ghana Dukplɔla John Dramani Mahama si tso Dukɔa ƒe Demokrasi Habɔbɔ (NDC) me meɖu dzi le akɔ si woda le ƒe ma me la me o.

Aƒenɔ Gomashie Ƒe Agbemeŋutinya Kpui Aɖe

Wodzi Aƒenɔ Gomashie le Akra (Accra), tɔa ŋkɔe nye Aƒetɔ Patrick Dotse Gomashie, eye nɔa ŋkɔe nye Helen Gomashie. Wodzii le  Siamlɔm 25, 1965 dzi. Ewu sekɛndrisuku nu le St. Louis Senior High School le Kumasi. Le esia megbe la, ede Ghana Yunivɛsiti, afi si wòxɔ ɖaseɖigbalẽ le Fefewɔƒe ƒe Aɖaŋudɔwo me kple ɖaseɖigbalẽ le Fefewɔƒewo Dzi Kpɔkpɔ me. Emegbe eva xɔ “Xexemenunya Ƒe Masta” (Master of Philosophy) ɖaseɖigbalẽ le Afrikatɔwo Ƒe Nusɔsrɔ̃wo me le Afrikatɔwo ƒe Nusɔsrɔ̃wo Ƒe Dɔwɔƒe.

Aƒenɔ Gomashie Ƒe Dᴐwᴐnawo

Aƒenɔ Gomashie ƒe fefewɔdɔ dze egɔme le ƒe 1985 me esime wòva ge ɖe Aɖaŋufefewɔlawo Ƒe Habɔbɔ (Talents Theatre Company) me. Ekpɔ gome le fefe siwo gbɔna me: Black Star, Mambo, Chaka the Zulu, Jogolo kple The Third Woman me. Ewɔ akpa vevi aɖe hã le film geɖewo me siwo dometɔ aɖewoe nye: Ghost Tears, House of Pain kple Heart of Gold hã me.

To vovo na fefewɔdɔa la, eɖo nuɖuɖudzraƒe aɖe si woyɔna be ‘Mama Dzifa’s Kitchen’ le Ashale Botwe, gake megale dɔ wɔm fifia o.

Aƒenɔ Gomashie ŋlɔa GTV si nye Ghana-dukɔa ƒe tividɔwɔƒe ƒe fefe si wona ŋkɔe be Le Dzo Gbɔ (By The Fire Side) ƒe fefewɔgbalẽwo. Eya ŋutɔ hã kpɔa gome le fefeawo wɔwɔ me. Ɖe wotrɔ asi le fefe sia ŋuti be woatsɔ ade dzi ƒo na ɖeviwo be woanɔ nu xlẽm ahatu nuxexlẽŋutetewo ɖo.

Akpa Si Wòwɔna Le Dunyagbɔgblɔ Me

Le ƒe 2013 me la, Dukplɔla John Dramani Mahama ɖoe wòzu Tsaɖiɖi, Aɖaŋudɔwo Kple Dekɔnuwo ƒe Dudɔnunɔla ƒe Kpeɖeŋutɔ. Enɔ ɖoƒe ma ʋuu va se ɖe esime woɖu woƒe dunyagblɔha NDC dzi le akɔ si woda le ƒe 2017 me la me.

Le ƒe 2020 me la, eɖu dzi le Sewɔtakpekpe ƒe akɔ la me le Dukɔa ƒe Demokrasi Habɔbɔ (NDC) ƒe ŋkɔ me le Anyiehe Ketu (Ketu South) eye wògakpɔtɔ nye Sewɔtakpekpemetɔ fifia.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top