Kɔsiɖa Ƒe Ŋkekewo

Nyɔnu aɖe le tsi dem nu

LE Eʋeawo dome la, womaa kɔsiɖa alo kwasiɖa ɖe hatsotso vovovowo me. Le kpɔɖeŋu me, aɖaŋkekewo (Dzoɖa, Braɖa, Kuɖa), agbleŋkekewo (Agblamigbe, Aƒenɔegbe, Asitoegbe, Domegbe), eye asimedegbewo (Adzanusigbe, Tseviesigbe, Akatsisigbe, Hosigbe). Wodzea kɔsiɖa la gɔme le Eʋeawo gbɔ tso Dzoɖagbe.
Gake míaƒo nu tso aɖaŋkekewo ko ŋu le nyati sia me.

 Dzoɖa (Dzoɖagbe)

Enye ŋkeke si le Kɔsiɖagbe kple Braɖagbe dome.
Le Eʋe-dukɔwo me la, Dzoɖagbee nye ŋkeke gbãtɔ le kɔsiɖaa me. Eye le dukɔ siwo dzea kɔsiɖa gɔme tso Kɔsiɖagbe dzi me la, eyae nye kɔsiɖa ƒe ŋkeke evelia. Woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be Monday si fia “Ɣleti Ƒe Ŋkeke.” Morsetɔ siwo nɔ anyi le blema bua ɣleti alo dzinu be enye mawu aɖe. Woyɔnɛ le Fransegbe me be Lundi, esia hã fia “Ɣleti ƒe Ŋkeke.”

Braɖa (Braɖagbe)

Enye ŋkeke si le Dzoɖagbe kple Kuɖagbe dome.
Le Eʋe-dukɔwo me la, Braɖagbee nye ŋkeke evelia le kɔsiɖaa me. Eye le dukɔ siwo dzea kɔsiɖa gɔme tso Kɔsiɖagbe dzi ya me la, eyae nye kɔsiɖa ƒe ŋkeke etɔ̃lia. Le Eŋlisigbe me la, woyɔnɛ be Tuesday, si tso Skandinavia-mawu si woyɔna be Tyr ƒe ŋkɔ me, eye wòfia “Tyr Ƒe Ŋkeke.” Franseawo yɔnɛ be Mardi, si tso anyigbaƒome (planet alo planète) Mars ƒe ŋkɔ me. Eya ta ŋkɔa fia “Mars Ƒe Ŋkeke.” 

Kuɖa (Kuɖagbe)

Enye ŋkeke si le Braɖagbe kple Yawoɖagbe dome.
Le Eʋe-dukɔwo me la, Kuɖagbee nye ŋkeke etɔ̃lia le kɔsiɖaa me. Eye le dukɔ siwo dzea kɔsiɖa gɔme tso Kɔsiɖagbe dzi ya me la, eyae nye kɔsiɖa ƒe ŋkeke enelia. Le Eŋlisigbe me la, woyɔnɛ be Wednesday, si tso Dzamawo ƒe mawu si woyɔna be Woden ƒe ŋkɔ me. Franseawo yɔnɛ be Mercredi, esia hã tso anyigbaƒome Merkuri ƒe ŋkɔ me, eye wòfia “Merkuri Ƒe Ŋkeke.” Merkuri ganye Romatɔwo ƒe mawu aɖe hã. 

Yawoɖa (Yawoɖagbe)

Enye ŋkeke si le Kuɖagbe kple Fiɖagbe dome.
Le Eʋe-dukɔwo me la, Yawoɖagbee nye ŋkeke enelia le kɔsiɖaa me. Eye le dukɔ siwo dzea kɔsiɖa gɔme tso Kɔsiɖagbe dzi ya me la, eyae nye kɔsiɖa ƒe ŋkeke atɔ̃lia. Le Eŋlisigbe me la, woyɔnɛ be Thursday, si tso Skandinaviatɔwo ƒe mawu si woyɔna be Thor ƒe ŋkɔ me. Egɔmee nye “Thor Ƒe Ŋkeke.” Franseawo yɔnɛ be Jeudi esia hã tso anyigbaƒome Yupiter ƒe ŋkɔ me, eye wòfia “Yupiter Ƒe Ŋkeke.” Yupiter ganye Romatɔwo ƒe mawu aɖe hã.

Fiɖa (Fiɖagbe)

Enye ŋkeke si le Yawoɖagbe kple Memleɖagbe dome.
Le Eʋe-dukɔwo me la, Fiɖagbee nye ŋkeke atɔ̃lia le kɔsiɖaa me. Eye le dukɔ siwo dzea kɔsiɖa gɔme tso Kɔsiɖagbe dzi ya me la, eyae nye kɔsiɖa ƒe ŋkeke adelia. Le Eŋlisigbe me la, woyɔnɛ be Friday, si tso Norsewo (Skandinavia ƒe to aɖe) ƒe mawu si woyɔna be Fregya alo Friga ƒe ŋkɔ me. Franseawo yɔnɛ be Vendredi, esia hã tso anyigbaƒome Venus ƒe ŋkɔ me, eye wòfia “Venus Ƒe Ŋkeke.” Venus ganye Romatɔwo ƒe mawu aɖe hã. 

Memleɖa (Memleɖagbe)

Enye ŋkeke si le Fiɖagbe kple Kɔsiɖagbe dome.
Le Eʋe-dukɔwo me la, Memleɖagbee nye ŋkeke adelia le kɔsiɖaa me. Eye le dukɔ siwo dzea kɔsiɖa gɔme tso Kɔsiɖagbe dzi ya me la, eyae nye kɔsiɖa ƒe ŋkeke adrelia. Le Eŋlisigbe me la, woyɔnɛ be Saturday, si tso Romatɔwo ƒe agbledede ƒe mawu si woyɔna be Saturn ƒe ŋkɔ me. Saturn ganye anyigbaƒome hã. Franseawo yɔnɛ be Samedi, esia hã tso anyigbaƒome Saturn ƒe ŋkɔ me, eye wòfia “Saturn Ƒe Ŋkeke.”

Kɔsiɖa (Kɔsiɖagbe) Alo Kwasiɖagbe

Enye ŋkeke si le Memleɖagbe kple Dzoɖagbe dome.
Le Eʋe-dukɔwo me la, Kɔsiɖagbee nye ŋkeke adrelia le kɔsiɖaa me. Eye le dukɔ siwo dzea kɔsiɖa gɔme tso Kɔsiɖagbe dzi ya me la, eyae nye kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ. Le Eŋlisigbe me la, woyɔnɛ be Sunday, si fia “Ɣe Ƒe Ŋkeke.” Ɣe ganye Romatɔwo ƒe mawu aɖe hã. Franseawo yɔnɛ be Dimanche, esia fia “Aƒetɔ La Ƒe Ŋkeke.”

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top