Amegãxi Kple Alẽvi

Amegãxi nye lã wɔadã aɖe si lɔ̃a alẽviwo ɖuɖu.

Ŋusẽtɔ la ƒe nya koe dzɔna ɣesiaɣi:

Míaɖo kpe edzi fifi laa.

Alẽvi aɖe le tsi nom

Le tɔsisi zɔzrɔ̃e aɖe me;

Amegãxi dɔwuitɔ aɖe si le nuɖuɖu dim la va do,

Dɔ si to le nuto mawo mee ɖee ɖe enu.

Amegãxi gblɔ kple dziku be,

“Ame ka ƒe dzie tri nenema gbegbe be wòva le nye tsi nono blum?

Ele be woahe to na wò godoo ɖe wò amemabumabu sia ta.”

Alẽvia ɖo eŋu be: “Nye Aƒetɔ Bubutɔ.

Megado dziku o;

Ke boŋ nekpɔe be,

Afi si mele tsia nom le la le anyime

Eye wòdidi tso egbɔ afɔ blaeve sɔŋ;

Le esia ta mate ŋu adzɔ gbeɖe be,

Mablu eƒe tsi nono la o.

Amegãxia xɔ nya le enu be: “Èblui.

Eye menya be ègblɔ busunya ɖe ŋunye ƒe si va yi me.”

Alẽvia gblɔ be: “Aleke mate ŋu awɔ nu sia esi womekpɔ dzim haɖe ɣemaɣi o?

Megakpɔtɔ nɔ nɔnye ƒe no nom ɣemaɣi.”

Amegãxia ɖo eŋu be: “Ne menye wòe o la, ekema nɔviwò aɖee.”

Alẽvia ɖo eŋu be: “Nɔvi aɖeke mele asinye o.”

Amegãxia gblɔ be: “Ke wò ƒometɔ aɖee.

Elabena miawo ŋutɔwo, miaƒe alẽkplɔlawo kple miaƒe avuwo

Miekpɔa nublanui nam gbeɖe o.

Wogblɔ nam be: ‘Ele be mabia hlɔ̃ mi.’”

Ale amegãxi dze alẽvi la dzi eye wòlée yi avea titina,

Eɖui le afi ma

Megaɖe mɔ nɛ be wòagagblɔ nya aɖeke atsɔ aʋli eɖokui ta o.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top