Atiwo Kple Woƒe Ŋkɔwo

Atiwo Dometɔ Ɖekae Nye Dzogbenya Dzĩ

Atiwo kple gbewo ɖea vi geɖe na mí amegbetɔwo. Ne èle tsa ɖim le ave dodowo me. Ègbɔ ya si me yɔ fũu kple ʋeʋẽ lililiwo. Èkpɔ lãwo le gbe ɖum le aveawo me hele adzrɔ ɖim alo le dzidzɔ kpɔm. Ɖe medoa dzidzɔ na wò ŋutɔ oa? Esiawo katã tso atiwo, gbewo, amagbewo kple nu miemie bubu siwo le afi ma gbɔ.

Na míakpɔ viɖe siwo gbegbe le atiwo, amagbewo, gbewo kple nu miemie bubuwo me na amegbetɔwo la ɖa. Míakpɔ ati aɖewo hã ƒe ŋkɔ le nyati sia me.

Atiwo Kple Gbewo Hiã Le Nu Sia Nu Me

Atiwo kple gbewo wɔa akpa vevi aɖe le amegbetɔwo ƒe agbe me ɣesiaɣi eye míehiã wo gbe sia gbe. Ɖewohĩ zikpui si dzi nènɔ anyi ɖo fifi laa la ati wotsɔ wɔe. Ɖewohĩ taflo si dzi wò nufiala ŋlɔa nu ɖo nèxlẽna la eya kee wotsɔ wɔe.

Tso blema kee, amegbetɔwo zãa atiwo kple gbewo le dɔdada kple gbetikewo wɔwɔ me, eye wotea ŋu daa dɔ geɖewo. Wobu akɔnta be atiwo kple gbe ƒomevi siwo wu 300,000 ye le anyigba bliboa dzi. Nɔnɔme tɔxɛwo le wo dometɔ ɖe sia ɖe si eye wonyo na amegbetɔwo ƒe lãmesẽ hã.

Wowɔa Akpa Vevi Aɖe Le Atikewɔnyawo Me

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ku nu me geɖe tso atiwo kple gbewo ŋuti. Wova nya woƒe dɔdada ƒe ŋutetewo geɖe wu, eye wozãa wo fifia tsɔ wɔa atikewo. Eʋeawo hã nya gbe geɖe kple dɔ siwo wowɔna. Eya ta àkpɔ gbedzralawo le gbewo kple atiwo ƒe kewo dzram le míaƒe asiwo kple golɔgɔewo me. Wotea ŋu zãa gbewo, amagbewo, atiwo kple nu miemie bubuwo tsɔ wɔa atike siwo tsia dɔlékuiwo, dɔ xɔleameŋuwo, kansa kple dɔléle bubuwo nu.

Ati vovovowo kple amagbewo nye nuɖuɖu na amegbetɔwo le anyigba dzi. Atiwo kple amagbewo gbɔe míekpɔa nu ɖuna le gbe sia gbe. Mí katã míeɖua detsi gbeawo tsyo gbe. Ɖewoe nye ademɛdetsi, fetridetsi alo gbomadetsi. Míeɖua fofoŋ, míeɖua atɔkliko, míenoa nedro eye míeɖua gali kple agbelifufu hã.

Ati Kple Gbe Geɖewo Ɖea Vi Na Lãwo Hã

Atiwo mee xeviwo wɔa atɔ le, afi mae wokpɔa wo viwo dzi le. Atiwo kple gbewoe lã akpa gãtɔ ɖuna gbe sia gbe hafi le agbe. Woɖea ya ƒoɖiwo ɖa le yame hetua ya nyui si woyɔna be ɔksidzɛn ɖe ya me na amegbetɔwo kple lãwo siaa.

Le anyigbadzinu siawo ƒe viɖe gbogbo siawo ta la, ele vevie ŋutɔ be míaɖe afɔ siwo ana be nunɔamesi xɔasi siawo nayi edzi anɔ anyi ɖaa. Ele be agbagbadzedze be míakpɔ wo ta nayi ŋgɔ wu ati kple amagbe geɖe dodo ko. Ele be míado alɔ dziɖuɖuwo ƒe ɖoɖo siwo wowɔ be woatsɔ akpɔ atiwo, gbewo kple amagbewo ta la. Esia ate ŋu akpe ɖe míaƒe anyigba bliboa gɔ̃ hã ŋu be wòagava nɔ eƒe gbe dzi.

Nu Ka Tae Amewo Le Avewo Dome Gblẽm?

Amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo le nu geɖe gblẽm le atiwo kple gbewo ŋuti. Avewo tsɔtsrɔ̃ ɖe ga ta kple avewo ƒoƒo basabasa wɔe be míaƒe anyigba kple míaƒe agbe ɖo afɔku me. Ke hã, ele vevie ŋutɔ be míade dzesii be míate ŋu awɔ nane be nɔnɔmeawo naka ɖe eme.

Ati vovovowo kple gbe geɖewo ɖo atsyɔ̃ manyagblɔ aɖe na míaƒe anyigba. Ele be míakpɔ esia adze sii eye míade bubu dzɔdzɔmenu siwo le anyigba dzi la ŋu. Míawoe Mawu wɔ anyigba la na, gake ele be míaɖɔ ŋu ɖo le edzinuwo zazã me.

Nu siwo le anyigba ƒe avewo dome gblẽm koŋue nye tomenuwo kuku kple agbledemɔnu manyatalenu aɖewo. Mele be míaŋlɔ atitsolawo kple dɔwɔƒe gã siwo wɔa atiwo ŋu dɔ hã ƒe ŋukeklẽ be o. Bubuwo hã nye gbewutikewo zazã atraɖii.

Ele be míakpe asi ɖe ɖoɖo siwo dziɖuɖumegãwo alo fiahawo, nutomenuwo ta ʋiʋli ƒe habɔbɔwo wɔ be yewoatsɔ akpɔ míaƒe atiwo, gbewo kple amagbewo ta la hã ŋu. Ele be míawɔ esia vevietɔ ne míele dukɔ siwo me wogblẽa avewo kple agblewo dome le wu la me.

Dukɔ Siwo Me Wogblẽa Avewo Dome Le Wu

Dukɔwo Dome Dzɔdzɔmenuwo Ƒe Takpɔha (IUCN) gblɔ be ati ƒomevi gbogbo aɖewo ate ŋu atsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ le Madagaskar, Mediteranea, Oseania kple Anyiehe-Afrika. Dukɔ Ƒoƒuawo tsi dzi ɖe atiwo, gbewo, amagbewo kple nu miemiewo ƒe tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ alea ŋuti vevie.

Avewo xɔ anyigba ƒe akpa 1 le 3 me. Togbɔ be ele alea hã la, ele dzedzem be mayi edzi anɔ alea o. Wobu akɔnta be wotsrɔ̃a ave siwo ade hekta miliɔn 10 ƒe sia ƒe, esia nye teƒe si lolo abe afɔbɔlƒoƒe miliɔn 25 ene. Avewo tsɔtsrɔ̃ na be nu miemie ƒomevi geɖe siwo nɔ tsitsim le aveawo me la tsrɔ̃na.

Nutomeŋutinunyalawo kple ame xɔŋkɔ geɖewo te gbe ɖe edzi be avewo dome gbegblẽ nye afɔku na mí amegbetɔwo kple lãwo siaa. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Elon Musk, Greta Thunberg kple Leonardo DiCaprio. Wogblɔ be ele be míaɖe afɔ aɖewo kaba atsɔ akpɔ nu gbagbe siwo le anyigba dzi la ta, ne menyo o la, léƒe aɖeke maganɔ eŋuti o.

Mɔkpɔkpɔ Li Na Atiwo Kple Amagbewo

Mina míawɔ dɔ ɖekae akpɔ atiwo, gbewo, amagbewo kple nu miemie bubuwo ta. Dzidzɔnyae nye be nane li mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ. Eyae nye be míana mía haviwo nanya nu geɖe wu tso vi siwo atiwo ɖena na mí ŋuti. Míate ŋu ade dzi ƒo na amewo be woade agble geɖe wu, gake woaƒo asa na agbledemɔnu manyomanyowo zazã.

Agba le mía dzi be míakpɔ míaƒe gbemelãwo ta ahakpɔ lã ƒomevi siwo le afɔku me ta. Dziɖuɖuwo ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le esia me. Woate ŋu ade nutomenuwo ta kpɔkpɔ ƒe sewo ahakpɔ egbɔ be ame sia ame wɔ ɖe wo dzi. Míaɖe gbewutikewo kple yevunyigbanyronu manyatalenuwo zazã dzi kpɔtɔ. Míana agblenyigbawo nagbɔ ɖe eme ƒe aɖewo hafi míagade wo. Ne míewɔ esiawo katã la, míate ŋu agblɔ be mɔkpɔkpɔ li na atiwo, gbewo, amagbewo kple nu miemiewo katã!

Kpɔ nyati sia hã:

Akpaviwo Kple Tɔmelãwo Ƒe Ŋkɔwo

Aƒemelãwo Kple Gbemalãwo Nye Suku Blibo

Xewo Kple Woƒe Ŋkɔwo

 

Atiwo Ƒe Ŋkɔwo

FOTOAWO
EƲEGBE
EŊLISIGBE
FRANSEGBE
A close-up of a plant with flowers Description automatically generatedAbema

Kenaf

Deccan hemp

Java jute

Chanvre de Guinée
A bunches of bananas on a table Description automatically generated

Abladzo

Amadã

PlantainBanane plantain

Abladzoti

Amadãti

plantain treeBanane plantain

Adakayi

Deŋkaya

Denukaye

Negro Coffee

Coffee Senna

Styptic weed

Café nègre

Café des noirs

Faux kinkéliba

A close-up of a plant Description automatically generated with medium confidence

Adakayiti

Deŋkayati

Kekeliba

Negro Coffee

Coffee Senna

Styptic weed

Café nègre

Café des noirs

Faux kinkéliba

Adãle

Children’s Umbrella

God’s Umbrella

Anchomanes difformis

Anchomane

A close up of a plant Description automatically generatedAdefloFood GumOseille des pygmies
Ademɛ

Krinkrin

Bush okra

Corète potagère

Mauve des juifs

Jute roux

A close-up of a plant Description automatically generatedAdeti

African almond

Charcoal tree

Amandier d’Afrique

Arbre à charbon

Adibolo

Bell pepper

Paprika

Sweet pepper

Pepper mango

Poivron
A close-up of a branch with leaves Description automatically generated

Adudze

Aɖudze

Hymenocardia acida Tul.

Digbe

Coeurs-volants

A close up of a plant Description automatically generated

Aduweti

Aɖuɣeti

Sleepy Morning, Basora PrietaWaltérie d’Inde
A watermelon growing in a field Description automatically generated with low confidenceAdzamatreWater melonPastèque

Adzẽdzegbizu

Kotadiabli

Kɔtadiabli

Mafura butter

Natal mahogany

Ethiopian mahogany

Mafura
A close-up of a fruit on a tree Description automatically generated

Adzido

Alagbã

African baobab Monkey-bread tree

Upside-down tree

Cream of tartar tree

Baobab digité

Baobab

A large tree in a field Description automatically generated

Adzidoti

Alagbãti

Baobab Tree

Upside-down tree

Cream of tartar tree

Pain de singe, Calebassier du Sénégal
A close-up of a flower Description automatically generated with medium confidence

Aɖatsigo

Aɖatsigolo

African tuliptree

Fountain tree

Tulipier du Gabon

Abre-flamme

Immortel entranger

A close-up of a flower Description automatically generated with medium confidence

Aɖatsigo

Aɖatsigolo

Pichkari

Nandi flame

Tulipier du Gabon

Abre-flamme

Immortel entranger

A picture containing tree, outdoor, terrestrial plant, grass Description automatically generated

Aɖi

Aɖikuti

Nickernut

Gray nicker

Indian nut

Caniques grises

Nickers jaunes

Aɖiaɖi

Aloe buettneri

West African Aloe

Aloès d’Afrique de l’Ouest
Aɖibati

Papaya

Papaw

Papayer
Aɖiku

Nickernut

Gray nicker

Indian nut

Graine de canique
AɖitiDyschoriste perrottetiiDyschoriste perrottetii
AɖukuBitter melon goya
Bitter apple bitter Gourd bitter Squash balsam-Pear
Margose
Melon amer Concombre amer
Momordique
A close-up of a white flower Description automatically generated

Aɖuwodzi

Lelemalegɔ̃e

Lologu

Ceylon leadwort

Doctorbush

Wild leadwort

Dentelaire
Close-up of a plant with white flowers Description automatically generated

Afakɛti

Afɛkɛti

Sesehu

False rubber tree

Conessi bark

Kurchi bark

Stem bark

Holarrhene
A close-up of a plant with white berries Description automatically generatedAfɔmɔMistletoe

Gui

Gui des feuillus

Aƒegbã

Aƒegbẽ

Aspilia helianthoidesAspilia helianthoides
A close-up of a plant Description automatically generated with medium confidence

Aƒegbetadzẽ

Apegbetadzẽ

Tristemma albiflorumTristemma albiflorum
A close-up of a plant Description automatically generated

Afidemɛ

Akpidome

Common wireweed

Broom grass

Broomweeds

Cheeseweed

Morning mallow

Common fanpetals

Herbe à balaisherbe à panniers

Herbe dure

Herbe paniersida à feuilles aiguës

Aflagbe

Gboloti

Anadzokɔ

Apple of Sodom

Sodome apple

Arbre a soie

Pomme de Sodome

Bois petard

Mudar de grande

taille

Aflatogã

Kalanchoe

Mother of millions

Never die

Dog’s liver

Orange forest kalanchoe

Mère de milliers

Mère de millions

A close-up of a plant with yellow flowers Description automatically generated

Aflatovi

Aflavi

Common purslane

Llittle hogweed

Pursley

Pourpier
A close-up of a plant Description automatically generated with medium confidence

Agbadzɛdzike

Agbadzidzike

Billygoat-weed

Chick weed

Goatweed,

Whiteweed

Mentrasto

Ageratum

Fausse conyze

Herbe à bouc

Agbaflo

Gbovimakpa

Umbrella Tree Fig

Ficus umbellate

Ficus umbellate
AgbaklẽAlternanthera pungens KunthAlternanthera pungens Kunth

Agbalẽ

Agbana

Finger root

Bush banana

Uvaria chamae
A close-up of a plant Description automatically generated

Agbalisakɔ

Magbezɔɖe

Magbedɔɖe

Jesuit’s tea

Mexican-tea

Herba sanctæ

Épazote

Agbaŋla

Gbanagbana

Finger root

Bush banana

Uvaria chamae
A close-up of a plant Description automatically generated

Agbasalika

Amegãsukunɔ

Wokuika

Amegãtsukunɔ

Paullinia pinnataPaullinia pinnata
A close-up of a plant Description automatically generated

Agbasalika

Amegãsukunɔ

Nɔtsyɔ̃evika

Gbazalika

Paullinia pinnataPaullinia pinnata
A close up of a blue flower Description automatically generatedAgbenɔmakumakuWhitemouth dayflower

Commeline

Commeline dressée

A close-up of eggplant growing on a plant Description automatically generated with medium confidence

Agbitsa

Agbisã

Eggplant

Aubergine

Brinjal eggplant

Aubergine

Béringèn

Mélongène

AgbitsaviTurkey berryBaie de dinde
Agɔti

African fan palm

African palmyra palm

Deleb palm

Ron palm

Toddy palm

Black rhun palm

Rônier
A close-up of a plant Description automatically generatedAgɔegbe

Indian senna

Casse

Cassia senna

Agɔmetutumakpa

Gɔmetutumakpa

Big Yellow Velvetleaf

Velours

Veloutier

A group of white flowers on lily pads Description automatically generated

Agudzemakpa

Agumakpa

Koklovinɔ

Pigmy Water LiliesNénuphars pygmées
A close-up of a tree with fruits Description automatically generated

Aguwati

Gowati

GuavaGoyave
A close up of a plant Description automatically generated

Ahamɛ

Ahamee

Hamɛ

Hoary BasilOcimum canum Sims
A close-up of a plant Description automatically generated

Ahehe

Hehe

Fluffy Dicoma

Velvet Dicoma

Dicoma tomenteux

Dicoma velu

A close-up of a plant Description automatically generated

Ahiãkusã

Akusã

Yovokusã

Luffa AegyptiacaÉponge Végétale

Ahlomayi

Danyigbe

FleabaneVergerette
A close-up of a plant Description automatically generatedAhlũgovi

Bristly Starbur

Goat’s Head

Hispid Starburr

Herbe-savane
A bunch of orange berries on a plant Description automatically generatedAho

Deinbollia pinnata

Water Willow

Poir
Close-up of a plant with green leaves Description automatically generated

Ahomeklo

Ahozemeklo

Katsyɔ̃anyi

Desert horsepurslane

Black pigweed

Giant pigweed1

Pourpier courant

Brède cacayanga

A close-up of a tree Description automatically generatedAhoti

English indigo vine

West African wild indigo

Liane à indigo
A finger touching a branch of a plant Description automatically generated

Akameti

Atimaka

Atimeka

Bridelia ferrugineaBridelia ferruginea
AkɔɖutiBanana treeBananier
A close-up of a plant Description automatically generatedAke

Lime prickly-ash

Wild Lime

Satin Wood

Prickly Ash

Frêne épineux
A close-up of a tree Description automatically generatedAkeka

African Mesquite

Iron Tree

Prosopis d’Afrique
A tree in a field Description automatically generatedAkekati

African Mesquite

Iron Tree

Prosopis d’Afrique
A picture containing tree, fruit, outdoor, fruit tree Description automatically generated

Aklikɔ

Akukɔ

Prunier MombinJujube
A green fruit on a tree Description automatically generatedAkododo

African Mesquite

Iron Tree

Prosopis d’Afrique
A close-up of a tree Description automatically generatedAkododotiAfrican VoacangVoacanga d’Afrique
Close up of a plant Description automatically generatedAkoemaAerva lanataHerbe à éternuer
Close-up of a plant with yellow flowers Description automatically generated

Akpam

Kpam

Sickle senna

Sickle wild

Sickle pod

Tora

Coffee pod

Foetid cassia

Cassie tora

Séné de Java

Akute

Agbeli

Katawoli

Kute

CassavaManioc
A group of cassava plants Description automatically generated

Akute

Agbeli

Katawoli

Kute

CassavaManioc
A close-up of a plant Description automatically generated

Akutsa

Yovokutsa

Yevukutsa

Luffa AegyptiacaÉponge Végétale

Alɔgɔ̃

Lɔgɔ̃

Castor oil plant

Castor bean plant

Ricin commun

Ricin communautaire

Alokubasa

Alɔkubasa

African Peach

Pin Cushion Tree

Ebène vert

Bois de fer

Aloma

Gbɔ̃ti

Bitter Leaf

Feuille amère

Vernonie amère

Amadzĩ

Amadzẽ

Mediterranean amaranth

Short-tepalled pigweed

Amarante
Close-up of a plant with green leaves Description automatically generated

Amahee

Amaɣi

Spiny Amaranth

Prickly Amaranth

Amarante épineuse

Amarante épineuse d’Égypte

A pile of sweet potatoes Description automatically generated

Anago

Anagote

Dzete

Sweet Potato.Patate douce

Anɔsika

Anotsigbe

Notsigbe

Asthma-plant

Garden Spurge

Hairy Spurge

Épurge hérissée

Euphorbe poilue

A close-up of a plant Description automatically generated

Anotikɔ

Anɔtikɔ

Anotiko

Climbing Milkweed

Sécamone d’Afzel

Liane à lait d’Afrique

Anotikɔti

Anɔtikɔti

Anotikoti

Climbing Milkweed

Sécamone d’Afzel

Liane à lait d’Afrique

Anotsika

Notsika

Neɖugbe

Asthma-plant

Garden Spurge

Hairy Spurge

Épurge hérissée

Euphorbe poilue

Close-up of a plant with a yellow flower Description automatically generated

Anyanyra

Kaklẽ

Balsam pear, African cucumberPoire de balsame, Concombre Africain
A palm tree in a garden Description automatically generatedAnyati

Dragon Tree

Tree Dracaena

Dracaena arborescent

Arbre dragon

Anyigli

Cassia

Chinese Cinnamon

Cannelle de Chine

Cannelle

Aŋɔlikutsa

Aŋɔlikusã

Sponge Gourd

Dishcloth Gourd

Luffa

Éponge végétale

Courge torchon

Aŋɔto

African Lettuce

Wild Lettuce

‘Dandelion’

Laitue sauvage d’Afrique

“Pissenlit”

A bunch of red berries on a tree Description automatically generatedAsiviatɔ̃eAfrican False AshokaFaux Frêne Africain
A close-up of red and green peppers Description automatically generated

Atadi

Yebese

ChiliPiment
A group of brown objects Description automatically generated

Ataku

Veve

Grains of Paradis

Alligator pepper

Graines de paradis

Poivre de Guinée

Maniguette

Atakuti

Veveti

Grains of Paradis

Alligator pepper

Graines de paradis

Poivre de Guinée

Maniguette

A close-up of a plant Description automatically generated

Atama

Ataba

Taba

TobaccoTabac
A close-up of a plant Description automatically generatedAtɔ̃boka

African Parquetina

Wild Foxglove

Parquetine noire

Digbale

A close-up of a plant Description automatically generatedAtɔgbeEpazoteÉpazote

Atɔkliko

Atɔklikoe

African mango

Wild mango

Mangue sauvage, Pommier sauvage

Atɔkliko

Atɔklikoe

Wild mango

African mango

Bush mango

Bitter bush mango

Mangue sauvage, Pommier sauvage

Atɔkuma

Avuvɔ

Silver Cockscomb

Cockscomb

Célosie argentée

Criste argentée

A pineapple growing on a plant Description automatically generatedAtɔtɔPineappleAnanas
A green fruit on a tree Description automatically generatedAtidzonuWhipstick loquat Whipstick treeNèfle à bec

Atigoeti

Atitsego

Calabash tree

Gourd tree

Calebassier

Atinui

Letoletewe

Tɔmegavi

Crimson thymeThym cramoisi
AtitɔeVelvet Tamarind

Tamarinier Noir

Dialium de Guinée

A tree with many leaves Description automatically generatedAtitɔetiVelvet Tamarind

Tamarinier Noir

Dialium de Guinée

A close-up of a plant with black berries Description automatically generated

Atitsoɖokui

Diditi

Asiɔ̃dokoe

Kolly Chassalia

Kolly Bush

Kolly Chassalia Bush

Chassalia de Kolly
A close-up of a plant with fruits Description automatically generated

Atixali

Atixeli

Gboklẽ

Kletsi

Tsrokpati

Dichapetalum guineenseDichapetalum guineense
A close-up of a plant Description automatically generated

Atombo

Gumagbo

Parqueting nigrescensParqueting nigrescens

Atsã

Yevutsã

Yovotsã

Ackee

Akée

Fisanier

Fausse Anacarde

AtsãCashewnut

Noix de cajou

Anacarde

Atsãti

Yevutsãti

Yovotsãti

Ackee

Akée

Fisanier

Fausse Anacarde

AtsãtiCashewnut

Anacarde

Noix de Cajou

Atsragbe

Asragbe

Siamese Cassia Kassod Tree

Cassod Tree

Cassia Tree

Cassia de Siam
Close-up of a plant with yellow flowers Description automatically generated

Aʋakolife

Besisã

Coffee Senna

Styptic Weed

Septicweed

Café Bâtard

Casse-Café

Casse-Puante

AvɔvloChristmas Bush

Abre de Djeman

Alchormea Cordifome

A close-up of a plant Description automatically generated

Avenya

Aloma

Ironweed

Bitter Leaf

Feuille amère

Aviãti

Kpɔtima

Border Tree

African Border Tree

Tree of Life

Arbre aux Merveilles

Arbre de Vie

AvlɔkuigbePycnantha Spur FlowerPycnantha Éperon Fleur
A group of fruit on a tree Description automatically generatedAvogalo

Giant Yellow Mulberry

Monkey Fruit

Mûrier Jaune Géant

Grand Mûrier Jaune

Avogaloti

Giant Yellow Mulberry

Monkey Fruit

Mûrier Jaune Géant

Grand Mûrier Jaune

Avuɖati

Avloti

Nyone

Gambian Tea

Senegal Tea.

Thé de bosquet

Thé de Gambie

Herbe guérisseuse

Avugbɔ̃eɖudzo

Gold Coast Jasmine

Rose Bud Jasmine

Jasmin de la Côte d’Or
AvutoRodent tuberTubercule de rongeur
Close-up of a plant with small flowers Description automatically generated

Awakasa

Aʋakasa

Dume

Red hogweed Spreading hogweed

Horse purslane

Red spiderling pigweed

Tarvine

Boerhaavia à fleurs rouges
A close-up of a plant Description automatically generatedAwaliaCrimson thymeThym cramoisi
Close-up of a plant with small flowers Description automatically generated

Awuado-awuaklo

Teklimadzoeka

Ahomeklo

Red hogweed Spreading hogweed

Horse purslane

Red spiderling pigweed

Tarvine

Boerhaavia à fleurs rouges

Awusakaɖi

Mugbe

Hyptis suaveolens

Chan Plant

Hyptis suaveolens
A close-up of a fruit on a tree Description automatically generated

Ayɔkpe

Yɔkpe

AkuammaAkuamma
A tree with fruit on it Description automatically generatedAyede

Wild Date Palm

Arabian Date Palm

Senegal Date Palm.

Palmier date du Sénégal

Palmier dattier sauvage

Ayedeti

Wild Date Palm

Arabian Date Palm

Senegal Date Palm.

Palmier date du Sénégal

Palmier dattier sauvage

Ayi

Ayigbegbe

BeanHaricot
AyiBeanHaricot
AyikpakpɛLima Bean

Haricot de Lima

Haricot beurre

Fève Créole

Haricot de Lima

Haricot du Cap

AyikpakpɛLima Bean

Haricot de Lima

Haricot beurre

Fève Créole

Haricot de Lima

Haricot du Cap

A close-up of a plant with garlic Description automatically generatedAyoGarlicAil

Ayra

Kukɔ

Ida

Wild Lime

Horsewood

 
A close-up of a vine with purple flowers Description automatically generated with low confidenceAzãkpo

Asian pigeonwing

Bluebellvine

Blue pea

Butterfly pea

Cordofan pea

Darwin pea

Pois bleu

Pois de papillon

Azi

Azima

Groundnut

Peanut

Arachide

Cacahuète

A picture containing outdoor, plant, grass, sky Description automatically generatedAzidzahlɛ̃Switchgrass

Panic érigé

Panic rampant

A close-up of a plant Description automatically generatedAzigbe

Round-leaved cassia

Roundleaf sensitive pea

Cassia à feuilles rondes Cassie à feuilles rondes
A close-up of a plant with green fruits Description automatically generated

Babati

Babatihee

Babatiɣi

Physic nut

Barbados nut

Poison nut

Bubble bush

Purging nut”

Pourghère

Noix de Barbade

Pois d’Inde

A close-up of a plant Description automatically generated with medium confidence

Babatidzẽ

Babatidzĩ

Bellyache bush

Black physicnut

Cotton-leaf physicnut

Jatropha à feuilles de coton

Mohokoi

Médicinier noir

Médicinier rouge

Pourghère rugueuse

Baka

Red Goblet Gladiolus

Parrot gladiolus

Glaïeul perroquet

Gladiolus perroquet

A close-up of a plant Description automatically generatedBawaBird’s eye chiliiCayenne

Bedzĩ

Bedzẽ

Ebedzɛ̃

Red Baron

Japanese blood grass

Herbe à sang japonaise

Imperata rouge

A pile of red and white nuts Description automatically generated

Bisi

Goro

Kola nut

Cola

Noix de kola

A close-up of a tree with flowers Description automatically generated

Bisiti

Goroti

Kola nut

Cola

Noix de kola

Corn on the cob of corn Description automatically generated

Bli

Ebli

Corn

Maize

Maïs
Close-up of a corn field Description automatically generated

Bliti

Ebliti

Corn

Maize

Maïs
A bunch of fruit on a tree Description automatically generated

Bo

Ebo

Bush fig

Fig of Heaven

Petit sycomore
A close-up of a plant with berries Description automatically generatedBoetso

Climbing Numnum

Simple-spined Num-num

Numnum grimpant
A close-up of a tree with fruits Description automatically generated

Boti

Eboti

Rambai

Rambi,

Rambai

Rambi,

Close-up of a plant with green leaves Description automatically generatedDadagoma

Erect spiderling

Erect boerhavia

Boerhavia erecta

Dadaklã

Dzadzaklã

Brimstone treeMorinda lucida
A close-up of a plant Description automatically generatedDadaseStylochiton hypogaeusStylochiton hypogaeus
Dafedafe

Twisted Tick Trefoil

Dixie Tick Trefoil

Tall Tick Clover, Florida Beggarweed

Giant Beggar Weed

Sainfoin tortueux

Desmodium à feuilles tortueuses

Close-up of a plant with a yellow flower Description automatically generated

Dagbe

Gɛ̃sikã

Cundeamor

Bitter apple

Bitter melon

Concombre Africain

Margose

A close up of a plant Description automatically generatedDamaliaEnydra radicansClimbing Sea Purslane, Climbing Sea-Purslane, and Climbing Spurge in English1. However, I couldn’t find a
Dɔɖemakpɔwɔe

African Snakeroot

Poison Devil’s-pepper

Rauvolfia vomitoria

Dɔŋuti

Dɔŋutisi

Ŋutisi

Key Lime

Mexican Lime

Citron vert

Citron vert mexicain

A pile of red and black seeds Description automatically generated

De

Ede

African Oil PalmPalmier à huile africain
A close up of a plant Description automatically generated

Defesui

Esrũ

Clove basil

African basil

Basilic sauvage

Menthe gabonaise.

Close-up of a plant with red seeds Description automatically generated

Dekadzẽ

Deŋkadzẽ

Deŋkɔdzĩ

Dzedzeŋkudzĩ

Rosary Pea

Jequirity Bean

Graine-église
DetiAfrican Oil PalmPalmier à huile africain

Dexɔlɔ̃wɔe

Detixɔlɔ̃

Dehɔlɔ̃wɔe

Sword FernFougère épée
A close-up of a plant with orange berries Description automatically generatedDoglomatemiDeinbollia PinnataDeinbollia Pinnata
A close-up of a plant Description automatically generatedDoglomatemitiDeinbollia PinnataDeinbollia Pinnata

Doko

Ɖoko

African Ebony

Jackal Berry

Ébène africaine

Ébène du Sénégal

Dokoti

Ɖokoti

African Ebony

Jackal Berry

Ébène africaine

Ébène du Sénégal

A turmeric root with slices and leaves Description automatically generatedDotɛdzẽTurmeric

Curcuma

Safran des Indes

DotɛdzẽtiTurmeric

Curcuma

Safran des Indes

Close-up of a plant with green leaves Description automatically generated

Dugbã

Gletɔgui

Spiny Amarant

Thorny Amaranth

Amarante à épines

Épinard épineux

Épinard piquant

Épinard de cochon

Épinard malabar à piquants

Close-up of a plant with white flowers Description automatically generatedDumeSmooth Hog WeedBoerhavia erecta Leon
A close up of leaves and flowers Description automatically generatedDzagãTragia senegalensisTragia senegalensis
A close-up of a plant Description automatically generated

Dzasɔ̃boe

Dzasɔ̃bui

Asian Spiderflower

Tickweed

Cléome visqueuse

Fleur d’araignée asiatique

Dzefetsui

Degbesui

Defetsui

Clove basil

African basil

Basilic sauvage

Menthe gabonaise.

A green fruit on a tree Description automatically generatedDziteBreadfruit

Fruit à pain

Arbre à pain

A tree on the side of a road Description automatically generated

Dzogbedza

Zogbedza

Winter Thorn

Apple Ring Thorn Tree

White-barked Acacia

Gommier blanc

Acacia albida.

Dzogbegbalẽ

Kasualigbe

Castor Bean Plant

Castor Oil Plant

Ricin commun

Ricin

DzogbenyaLilyLys

Dzogbenyiklã

Dzogbenyiklẽ

Dzogbenyigli

African Custard Apple

Wild Custard Apple

Pomme-cannelle

Annona du Sénégal

A close-up of several plants Description automatically generated

Dzogbeŋɔlisabala

Dzogbesabala

Zogbesabule

Poison bulb

Giant crinum lily

Grand crinum lily

Spider lily

Lys crin

Crin d’Asie

Close-up of a plant with green leaves Description automatically generated

Ɖeameleadzoŋgɔ

Ziamedzi

Bristly Starbur

Goat’s Head

Acanthospermum hispidum

Ɖetiti

Ɖotiti

CottonCoton
A close-up of a tree branch with green fruits Description automatically generated

Efɔ̃

Fɔ̃

West African PlumPrunier noir
A pile of brown and black nuts Description automatically generated

Eƒo

Epo

Ƒo

Sorghum

Great Millet

Sorgho

Grand mil

A close-up of a plant Description automatically generated

Eƒoti

Epoti

Ƒoti

Sorghum

Great Millet

Sorgho

Grand mil

Close-up of a plant with green leaves Description automatically generatedEgbewoyeSecuridaca longipedunculataSecuridaca longipedunculata
Close-up of a plant with green berries Description automatically generated

Ehee

Ɣe

Senegal Prickly-Ash

Candlewood,

Toothache Bark

Fagara zanthoxyloides

Eheeti

Ɣeti

Senegal Prickly-Ash

Candlewood,

Toothache Bark

Fagara zanthoxyloides
A close-up of a branch with leaves Description automatically generated

Ekayemedzovahã

Tɔmegavigbe

Ehumayero

Byrsocarpus coccineusByrsocarpus coccineus

Ekedzẽ

Kedzẽ

Kedzĩ

Ghanaian quinineQuinine du Ghana

Ekedzẽ

Kedzẽ

Kedzĩ

Ghanaian quinineQuinine du Ghana

Eko

Ko

Gbekle

Guinea grass

Green panic

Herbe de la Guinée

Panic érigé

Ekualokpoe

Kualokpoe

Lamea Acida A.Lamea Acida A.
A close up of a flower Description automatically generated

Elẽkpati

Lẽkati

Mitragyna inermisMitragyna inermis
A close up of a leaf Description automatically generated

Emigbe

Migbe

Country MallowAbutilon mauritianum

Emiti

Miti

Olax subscorpioideaOlax subscorpioidea

Etoti

Toti

Lonchocarpus laxiflorusLonchocarpus laxiflorus
Close-up of a plant with leaves Description automatically generated

Etsegbe

Tsegbe

Euphorbia prostrataEuphorbia prostrata
A bowl of pink peanuts Description automatically generated

Evi

Vi

Cola acuminataCola acuminata
A close-up of a plant Description automatically generated

Eviti

Viti

Cola acuminataCola acuminata
A green fruit on a tree Description automatically generated

Evo

Yovonyigli

Soursop

Brazilian Pawpaw

Prickly Custard Apple

Corossol

Corossolier

Cachiman Épineux

Eʋumayero

Todotodoe

Ekayemedzovahã

Byrsocarpus coccineusByrsocarpus coccineus

Ewɔati

Wɔti

Néré

African Locust Bean

Néré

Haricot de mer

Close-up of a flower garden Description automatically generatedFɔ̃tetePink Plumed CockscombAmarante Paniculée
Fɔ̃yivi

Common Lantana

Shrub Verbena

Lantana camara

Lantana commun

A close-up of a plant Description automatically generatedFetri

Okra

Lady’s Finger

Gombo

Okra

A close-up of a green plant Description automatically generated with low confidence

Fietsugbe

Fiotsugbe

Rice Flat Sedge

Rice Sedge

Cyperus du riz

Fifɛ

Fefe

Fefee

Flifliti

Flifleti

Kawuti

Gardenia ternifoliaGardenia ternifolia

Fioɖudami

Fieɖudami

Mefioɖudami

Opilia celtidifoliaOpilia celtidifolia

Flawavi

Flawavigbe

Netimeflawavigbe

Madagascar periwinkle

Vinca

Pervenche

Pervenche de Madagascar

Flifliti

Flifleti

Kawuti

Fifɛ

Fefe

Gardenia ternifoliaGardenia ternifolia
A picture containing outdoor, sky, corn, crop Description automatically generatedFofoŋSugarcaneCanne à sucre
FudrẽfudrẽSesamum indicum 
A close-up of a flower Description automatically generated

Fudrẽfudrẽ

Fudrefudre

Sesame

Beniseed

Benneseed

Gingelly

Sésame

Ƒumagbo

Pumagbo

Nugui

African MyrrhMyrrhe africaine
GadagaliAristolochia albidaAristolochia albida

Gati

Gatigati

Cassia sieberianaCassia sieberiana
Close-up of a plant with many small yellow flowers Description automatically generatedGavigbe

Cyperus Sedge

Cyperus-like Sedge

Souchet à tige de papyrus
A close-up of a plant Description automatically generated

Gbaboe

Gbabui

Chinese Bur

Diamond Burbark

Triumfetta rhomboidea
GbafloFicus umbellataFicus umbellata

Gbafloti

Gboviti

Agbafloti

Ficus umbellataFicus umbellata
A close-up of a plant Description automatically generated

Gbãtogbãto

Gbãtogã

Balloon Vine

Love in a Puff

Cardiosperme
A close-up of a plant Description automatically generatedGbɔ̃ɖutiGriffoniaGriffonia

Gbɔ̃wugo

Tabazigbe

CoatbuttonsTridax rampante
A plant with red and green peppers Description automatically generated

Gbɔyebese

Kutɔnu

Habanero PepperPiment habanero
A close-up of a tree with fruits Description automatically generated

Gbebeti

Gbɛbɛti

GuavaGoyave

Gbekui

Gbeku

Cannabis

Hemp

Marijuana

Chanvre

Cannabis

Gbeli

Gblele

Croton zambesicusCroton zambesicus

Gbenyigbli

Koklomenimi

African Custard-Apple

Wild Custard Apple

Wild Soursop

Anone du Sénégal
A close-up of a plant Description automatically generated

Gbesɔ̃bui

Gbesãboe

Tickweed

Asian Spider Flower

Cléome visqueuse

Gbɛbɛ

Aguwa

GuavaGoyave

Gblele

Gbeli

Croton zambesicusCroton zambesicus

Gbo

Egbo

EggplantAubergine
A close-up of a plant Description automatically generatedGbolidoMicroglossa pyriifoliaMicroglossa pyriifolia

Gboloŋgba

Gbolomagba

Gbolomakpa

Apple of Sodom

Arbre a soie

Pomme de Sodome

Bois petard

Mudar de grande

taille

A green plant with leaves Description automatically generatedGbomaSolanum macrocarponSolanum macrocarpon
GbonyamɛSolanum aethiopicumSolanum aethiopicum

Glido

Anotsigbe

Anotsika

\Anɔsika

Asthma-plant

Garden Spurge

Hairy Spurge

Épurge hérissée

Euphorbe poilue

A pumpkin growing on a plant Description automatically generated

Gusi

Egusi

Cucurbita maximaCucurbita maxima
A close-up of a plant Description automatically generatedHabutu

Bengal Dayflower

Tropical Spiderwort

Comméline de Bengale
A close-up of a plant Description automatically generatedHaɖuku

Children’s Umbrella

God’s Umbrella

Anchomanes difformis

Parapluie de Singe

Anchomanes difformis

HagbetiThreelobe false mallowMalvastrum coromandelianum (L.)
A close-up of a purple flower Description automatically generated

Hɔ̃sugogo

Yetro

Xetro

Hygrophyla auriculata

Marsh Barbel

Hygrophyla auriculata

Hygrophile auriculée

Hedzã

Hadzo

Xedza

Harrisonia abyssinicaHarrisonia abyssinica
A close-up of a tree branch with white flowers Description automatically generated with low confidenceHesreSecurinega virosaSecurinega virosa
A close-up of a plant with fruits Description automatically generatedHlɔ̃bu

Carissa edulis Vahl

Climbing Num-Num

Carissa edulis Vahl
Hlɔ̃madegbeSpermacoce stachydeaSpermacoce stachydea

Hlɛ̃we

Hlãwe

Phyllanthus niruri

Chanca Piedra

Stonebreaker

Phyllanthus niruri

Hlĩ

Hlĩvi

Phyllanthus amarus

Wind, Carry Me Seed

Seed on the Leaf

Pick-a-back

Stonebreaker

Dukung Anak1.

Phyllanthus amarus

Phyllanthe amère

Hlohui

Flacourtia flavescens

Governor’s Plum

Flacourtia flavescens

Prunier des gouverneurs

A close-up of a plant Description automatically generatedHoagblẽleamesi

Ageratum conyzoides

Billygoat Weed

Whiteweed

Ageratum conyzoides
A person standing under a tree Description automatically generatedHomakpaCordia senegalensisCordia senegalensis
A close-up of a plant Description automatically generated

Hoviɖugbe

Xɔviɖugbe

Wayawaya

Trema orientalis (L.) Blume

Charcoal Tree

Trema orientalis (L.) Blume
Close-up of a green plant Description automatically generatedHũdasiSchweinkia americanaSchweinkia americana

Hũnɔkonu

Hũsikonu

Vernonia cinereaVernonia cinerea

Kadzẽ

Kadzĩ

Anotsidzẽ

Cryptolepis sanguinolenta

Quinine du Ghana

Racine jaune-colorant

Close-up of a plant with yellow flowers Description automatically generated

Kagayi

Aʋakofẽ

Senna occidentalis

Coffee Senna

Cassia occidentale
Kanabo

Mondia whitei

White’s Ginger

African Ginger

Mondia whitei

Gingembre africain

Mondia blanc

A close-up of a plant Description automatically generated

Kasahee

Kasaɣi

Dzokɔdze

Cissampelos mucronataCissampelos mucronata
KatsasueTriclisia subcordataTriclisia subcordata
A close-up of a plant Description automatically generated

Kawuti

Flifliti

Flifleti

Gardenia ternifoliaGardenia ternifolia
KɔfiCoffea togoensis A.Coffea togoensis A.
Kɔtadzemeti

Hoslundia 0pposita

Hoslundia

Hoslundia 0pposita

Hoslundia

Close-up of a plant with green leaves Description automatically generatedKesekoeGuania longipctalaGuania longipctala
A close-up of a bush Description automatically generatedKesekoetiGuania longipctalaGuania longipctala
Kilɛ̃fimitsiCassia mimosioidesCassia mimosioides
Close-up of a tree with green leaves Description automatically generated

Kiniti

Sabalati

Sabulɛti

Neem

Margousier

Nimier

Close-up of a plant with small round green leaves Description automatically generated

Klagba

Abaklẽ

Alternanthera repens

Joyweeds

Joseph’s coat

Alternanthera repens
A close up of a plant Description automatically generated

Klɔ̃

Eklɔ̃

Klo

Piliostigma thonningii

Camel’s foot tree

Monkey bread

Monkey biscuit tree

Arbre aux pieds de chameau
A close-up of a plant Description automatically generatedKlikã

Dichrostachys glomerata

Sickle Bush

Dichrostachys à grappes
Close-up of a tree with colorful flowers Description automatically generatedKlikãtiSickle BushDichrostachys à grappes

Klo

Klɔ̃

Eklɔ̃

Piliostigma thonningii

Camel’s foot tree

Monkey bread

Monkey biscuit tree

Arbre aux pieds de chameau

Klui

Eklui

Pigeon Pea

Congo Pea

Pois d’Angole
Close-up of a plant with white flowers Description automatically generated

Koklogbe

Kokloɖamɛ

Kokloɖama

Ocimum basilicum

Basil

Basilic
A close-up of a plant Description automatically generated

Koklotadɔ̃e

Koklotahee

Heliotropium indicum

Indian Heliotrope

Indian Turnsole

Héliotrope indien
A close-up of a plant Description automatically generated

Koklotaɣi

Koklotɔtsu

Koklotadzɔ̃e

Heliotropium indicum

Indian Heliotrope

Indian Turnsole

Héliotrope indien
A group of fruit on a tree Description automatically generatedKokoCacao

Cacaoyer

Cacao

A tree with fruits on it Description automatically generatedKokoti

Cacao

Cocoa Tree

Cacaoyer

Arbre à cacao

Close-up of a plant with buds Description automatically generated

Kose

Ko ƒe seƒoƒo

Megathyrsus maximus

Guinea Grass

Buffel Grass

Herbe de Guinée

Kotadiabli

Kɔtadiabli

Adzẽdzegbizu

Trichilia emetica

Cape Mahogany

Natal Mahogany

Acajou du Natal

Acajou du Cap

A tree in a field Description automatically generated

Kotadiabliti

Kɔtadiabliti

Cape Mahogany

Natal Mahogany

Acajou du Natal

Acajou du Cap

A group of red fruit Description automatically generatedKpãdo

Cola millenii

Monkey Cola

Cola millenii
Kpãdoti

Cola millenii

Monkey Cola

Cola millenii
A close-up of a plant Description automatically generated

Kpãkeke

Kpɔ̃keke

Pergularia daemiaPergularia daemia

Kpama

Kpãma

Mallotus oppositifoliusMallotus oppositifolius

Kpatima

Kpɔtimaɣi

Newbouldia Laevis

African Border Tree

Newbouldia Laevis

Kpɔvima

Kpovima

Cissus aralioidesCissus aralioides
Kpɔ̃zɔ̃

Mitracarpus scaber

Girdlepod

Mitracarpus scaber
Corn on the cob of corn Description automatically generated

Kpeli

Dzokoli

Corn

Maize

Maïs
Close-up of a corn field Description automatically generated

Kpeliti

Dzokoliti

Corn

Maize

Maïs
A close up of a flower Description automatically generatedKpẽvikaAristo]ochia albidaAristo]ochia albida
A yellow flower with a red center Description automatically generatedKpode

Hibiscus surattensis

Bush Sorrel

Hibiscus surattensis
Close-up of a plant with leaves Description automatically generatedKpoekaAdenia lobataAdenia lobata
A close up of a flower Description automatically generatedKutreku

Sphenostylis stenocarpa

African Yam Bean

Yam Bean

Sphenostylis stenocarpa
A close up of a flower Description automatically generatedLabasaEhretia cymoseEhretia cymose
A close up of a plant Description automatically generatedLarapupa

Acalpha wilkesiana

Copperleaf

Jacob’s Coat

Acalypha de Wilkes
A close-up of a plant Description automatically generatedLarapupa

Acalpha wilkesiana

Copperleaf

Jacob’s Coat

Acalypha de Wilkes
A close up of a flower Description automatically generated

Lẽ

Lẽkpati

Mitragyna inermisMitragyna inermis

Ledza

Prekɛsɛ

Tetrapleura tetraptera

Aidan Fruit

Prekese

Fruit d’Aidan

Ledzati

Prekɛsɛti

Tetrapleura tetraptera

Aidan Fruit

Prekese

Fruit d’Aidan

Legblẽati

Legblẽti

Lologblẽati

Tapinanthus bangwensis

African Mistletoe

Gui africain

Lelẽku

Eso

Etso

Xylopia aethiopica

Poivre Noir

Poivre Africain

A bunch of green bananas on a tree Description automatically generated

Lelẽkuti

Esoti

Xylopia aethiopica

Poivre Noir

Poivre Africain

A close-up of a plant Description automatically generated

Lĩkpala

Lẽ

Lẽkpati

Mitragyna inermis (Willd.)Mitragyna inermis (Willd.)
Close-up of a tree with green leaves Description automatically generated

Liliti

Kɔlebuti

Azadirachta indica

Neem

Margousier

Neem

LogomaAntiaris africanaAntiaris africaine
A tall tree with many trees Description automatically generatedLogotiAntiaris africanaAntiaris africana

Lologblẽati

Lelegblẽati

Tapinanthus bangwensis

African Mistletoe

Gui africain
A group of yellow flowers Description automatically generated

Madɔsoxome

Madɔsoƒeme

Madɔxome

Madɔƒome

Cassia alata

Ringworm Bush

Cassia à feuilles de sonnette

Magbezɔlĩ

Megbezɔli

Jesuit’s tea

Mexican-tea

Herba sanctæ Mariæ

Chénopode sous-ligneux

Chénopodes fausse ambroisie

Mahogeni

Mahogen

Khaya senegalensis

African mahogany

Dry zone mahogany

Gambia mahogany, Senegal mahogany

Acajou du Sénégal
A large tree with many leaves Description automatically generated

Mahogeniti

Mahogenti

Khaya senegalensis

African mahogany

Dry zone mahogany

Gambia mahogany, Senegal mahogany

Acajou du Sénégal

Makalĩ

Madani

Xanthosoma mafaffa

Coco yam

New coco yam

Taro

Makani

Makalẽ

Xanthosoma mafaffa

Coco yam

New coco yam

Taro
A close-up of a tree with green leaves Description automatically generated

Malɔ̃ku

Melɔ̃ku

Molɔ̃ku

Lannea macrocarpa

African grape

Tree grapes

Lannea macrocarpa

Raisinier

A close-up of a plant with green berries Description automatically generatedRɛzẽ

Coccoloba uvifera

Seagrape

Baygrape.

Raisinier

Raisin de mer

Maŋgoti

Magoti

MangoManguier
Close-up of a plant with leaves Description automatically generatedMɔtedziCeltis integrifolia LamCeltis integrifolia Lam
MetrituSecuridaca longepedunculataSecuridaca longepedunculata
A close-up of a plant Description automatically generated

Mitigbe

Yovosrã

Yevusrã

Leptadenia hastataLeptadenia hastata
A close-up of a plant Description automatically generatedMitimiti

Pupalia lappacea

Forest Burr

Pupalia lappacea
A close-up of a plant with fruits Description automatically generatedMoamoa

Thaumatococcus danielli

Miracle Berry

Thaumatococcus danielli

Ne

Agɔne

CoconutNoix de coco

Neɖugbe

Anosigbe

Asthma-plant

Garden Spurge

Hairy Spurge

Épurge hérissée

Euphorbe poilue

A tree with coconuts growing on it Description automatically generated

Neti

Agɔneti

Yevuneti

Coconut TreeCocotier
A close-up of a plant Description automatically generated

Ƒumagbo

Pumagbo

Nugui

Commiphora Africana

African Myrrh

Myrrhe africaine
Numayi

Scoparia dulcis L.

Licorice weed

Scoparia-weed

Balai doux

Nyakpekpe

Vinɔ

Kigelia Africana

Sausage tree

Saucissonier

Arbre à saucisses

Nyamedua

Tɔtɔ̃

Siaketekre

Alstonia booneiAlstonia boonei

Nyatodzẽ

Yakudzĩ

Yakodzĩ

Ayakudzĩ

Hibiscus sabdariffa

Roselle

Jamaican Sorrel

Red Sorrel

Bissap

Roselle

Nyimɔ

Gbesi

Nauclea latifoliaPêche africaine ; Pêche de Guinée

Nyimɔke

Alokubasa

Nauclea latifoliaPêche africaine ; Pêche de Guinée

Nyimɔti

Gbesiti

Nauclea latifoliaPêche africaine ; Pêche de Guinée
A close-up of a flower Description automatically generated

Nyinyibɔti

Nyinyiboti

Monodora tenuifolia Benth

Calabash nutmeg

African nutmeg

Noix de muscade africaine
A close-up of a plant Description automatically generated with medium confidence

Ŋuigbe

Eŋuigbe

Amaranthus spinosus

Spiny amaranth

Prickly amaranth

Amarante épineuse
Ŋutivi

Citrus sinensis (L.) Osbeck

Sweet orange

Orange douce
A close-up of a plant Description automatically generatedPapakuPiliostigma reticulataPiliostigma reticulata
A close-up of a plant Description automatically generated

Papatahee

Papataɣi

Gomphrena celosioidesGomphrena celosioides
A close-up of a flower Description automatically generated

Pepe

Pɛpɛ

Ƒeƒle

Pregotame

Egenia sp. (E. aromatica)

Clove

Clove Tree

Syzygium aromaticum

Giroflier

Clou de girofle

Peyati

Persea americana Mill

Avocado

Avocat
A close-up of a flower Description automatically generated

Pɛplɛ

Ƒeƒle

Egenia sp. (E. aromatica)

Clove

Clove Tree

Syzygium aromaticum

Giroflier
A close-up of a plant Description automatically generatedPinaleMalabar spinach

Epinard de Malabar

Baselle

A group of bamboo trees Description automatically generated

Plãpoti

Pãploti

BambooBambou

Prẽgotame

Prẽgota

Pepe

Pɛpɛ

Ƒeƒle

CloveClou de girofle
A plant with white flowers Description automatically generated

Sãboe

Sɔ̃boe

Sɔ̃bui

Gynandropsis gynandra

Cleome gynandra

Spiderwisp

African Spider Flower

Gynandre gynandre

Sabulevi

Sabalavi

Shallot onionEchalote

Sasaplala

Sasaƒlala

Ficus exasperataFicus Exasperata
A close-up of a plant Description automatically generated

Sɔ̃buitsu

Ƒuƒuligbe

Peplelugbe

Cleome viscosa

Asian spiderflower

Asian spiderflower

Cléome visqueuse
Close up of grass in a field Description automatically generated

Sɔgbe

Esɔgbe

Cynodon dactylon

Bermuda grass

Dhurva grass

Chiendent

Chiendent pied-de-poule

SesewutiJuniper tree

Arbre de genévrier

Genévrier

Close-up of a tree branch with leaves Description automatically generatedSisinɔPteleopsis suberosaPteleopsis suberosa
A palm tree with fruit Description automatically generated

So

Sokuti

H. THEBAICA Mart

Doum Palm

Palmier Doum
A group of red fruits on a rock Description automatically generatedSoku

H. THEBAICA Mart

Doum Palm

Palmier Doum

Sokuti

So

H. THEBAICA Mart

Doum Palm

Palmier Doum
SowɔadãwuTerminalia glaucescensTerminalia glaucescens
Close-up of a plant with leaves Description automatically generated

Srɔ̃wògbɔnamiata Srɔ̃wògbɔnaƒoƒuata

Miatamiata

schrankia leptocarpaSchrankia leptocarpa

Sri

Dzegbesui

Dzegbeti

Clove basil

African basil

Basilic sauvage

Menthe gabonaise

Tɔsrɔ̃egbe

Alternanthera sessilis

Sessile joyweed

Dwarf copperleaf

Alternanthère sessile
A close-up of a plant Description automatically generatedTɔsrɔ̃egbe

Alternanthera sessilis

Sessile joyweed

Dwarf copperleaf

Alternanthère sessile
TemPterocarpus erinaceusPterocarpus erinaceus
TeteguguCostus aferCostus afer
A close-up of a flower Description automatically generatedTetegugu Ƒe TsetseCostus aferCostus afer
TɛktiTeakTeak
A tall grass growing in the grass Description automatically generated

Tigbe

Gbehuɛ̃

Fivaglas

LemongrassCitronnelles
A group of tomatoes on a vine Description automatically generatedTimatiTomatoTomate
Close-up of a green plant Description automatically generated

Trɔ̃siƒoha

Trɔ̃sipoha

Schwenckia americanaSchwenckia americana
Trematsodo

Laportea aestuans

West Indian woodnettle

Laportea aestuans

West Indian

A basket of tamarind Description automatically generatedTsamiaTamarindus indicaTamarind
A tree with fruits on it Description automatically generatedTsamiatiTamarindus indicaTamarind
A close-up of a purple flower Description automatically generatedTsikpãtsikpã

Tephrosia purpurea

Purple tephrosia

Téphrosie pourpre
Close-up of a plant with green leaves Description automatically generatedTsitiTetrorchidium DidymostemonTetrorchidium Didymostemon

Tso

Atiŋukalĩ

Xylopia aethiopica

Poivre Noir

Poivre Africain

A bunch of green bananas on a tree Description automatically generated

Tsoti

Atiŋukalĩti

Xylopia aethiopica

Poivre Noir

Poivre Africain

Venagbe

Venavigbe

Uparda pictaUparda picta
VenaviwodaUraria picta (Jacq.)Uraria picta (Jacq.)
Close-up of a plant with yellow flowers Description automatically generated

Vidzekade

Vidzĩkaɖi

Cassia tora

Sickle Senna

Sickle Pod

Chakvad

Foetid Cassia

Séné

Vigbɔ

Vigbo

Zokɔ

Indigofera tinctoris

True indigo

Indigotier

Indigo

Indigotier franc

Vivima

Scoparia dulcis

Licorice weed

scoparia-weed

Balai-doux
A green fruit on a tree Description automatically generated

Vo

Yevunyigli

Annona MuricataCorossol
Close-up of a plant with leaves Description automatically generatedVolibliku

Croton lobatus

Lobed croton

Croton lobatus
Long shot of a grass field Description automatically generatedVovogbeEragrostis tremula HochstEragrostis tremula Hochst

Ʋugbe

Ehugbe

Hugbe

Hibiscus asper Hook.Hibiscus asper Hook.
A close-up of a plant Description automatically generatedVuvudranyiMerremia tridentataMerremia tridentata
A close-up of a plant Description automatically generated

Wadzawadza

Wazawaza

Kuzuzu

Trema nitens

Trema africana

Trema nitens

Trema africana

Close-up of purple beans Description automatically generated

Wɔa

Wa

Parkia biglobosa

African mesquite

African locust bean

Néré

Wɔati

Wati

Parkia biglobosa

African mesquite

African locust bean

Néré
A close up of a plant Description automatically generated

Wɔke

Wɛkɛ

Pinnata Kalanchoe

Cathedral Bells

Miracle leaf

Life Plant

Goethe Plant

Feuille Miracle
A close-up of a plant with yellow flowers Description automatically generated

Wɔnowɔe

Nowɔe

Cassia siamea

Siam cassia

Cassia du Siam

Woɖuiwogbugbɔ

Woɖoewogbugbɔ

Sida Linifolia

Flaxleaf Fanpetals

Sida Linifolia
A close up of leaves Description automatically generatedWoglu

Ocimum basilicum

Genovese basil

Basilic Genovese

Basilic génois

A close-up of a plant Description automatically generated

Wotoka

Wotowotaka

Cardiospermum halicacabum

Balloon Vine

Vigne ballon
Close-up of a plant with green leaves Description automatically generated with medium confidenceWotowotogbePhysalisPhysalis
WuatanyizãCrateva adansonii DC.Crateva adansonii DC.
Wuatewuate

Calliandra portoricensis

Corpse Awakener

Snowflake Acacia

Calliandra portoricensis

Wuti

Huti

Ʋuti

Kapok

Silk cotton tree

Java cotton

Kapokier

Fromager

Wuti

Huti

Ʋuti

Kapok

Silk cotton tree

Java cotton

Kapokier

Fromager

Close-up of a plant with green leaves Description automatically generatedXeti

Zanthoxylum zanthoxyloides

Senegal Prickly Ash

Zanthoxylum zanthoxyloides

Yako

Anyegba

Hibiscus sabdariffa

Roselle

Jamaican Sorrel

Red Sorrel

Roselle

oseille de Guinée

Yaku

Yako

Nyato

Hibiscus sabdariffa

Roselle

Jamaican Sorrel

Red Sorrel

Bissap

Roselle

oseille de Guinée

Yaku

Nyato

Hibiscus sabdariffa

Roselle

Jamaican Sorrel

Red Sorrel

Roselle

oseille de Guinée

Yɔdoboti

Yodoboti

Sansevieria libericaSansevieria liberica

Yɔgbo

Yogbo

Ocimum monostachysOcimum monostachys
Yɔku

Vitellaria paradoxa

Shea Tree

Shea Butter Tree

African Shea Tree

Karité
Yɔkuti

Vitellaria paradoxa

Shea Tree

Shea Butter Tree

African Shea Tree

Karité

Yebesevi

Atadisue

Tadisue

Capsicum frutescens

Bird Pepper

Hot Pepper

Tabasco Pepper

Piment de Tabasco

Piment oiseau

A close-up of a plant Description automatically generated

Yevuma

Yovoma

Chenopodium Ambrosioides

Mexican Tea

Epazote

Épazote

Yevuvigbe

Mɔringa

Kpɔti

Moringa oleiferaArbre de raifortArbre à baguette
A group of green and yellow plants Description automatically generatedYiɖaboSnake plantPlante serpent
A close up of a plant Description automatically generated

Yovofla

Yevufla

Ipomoea asarifolia

Ginger-leaf morning glory

Ipomoea asarifolia

Yovogboma

Yevugboma

Talinum triangulare (Jacq.) Willd

Ceylon Spinach

Talinum triangulare (Jacq.) Willd

Yovone

Yevune

Cocos nucifera

Coconut

Noix de coco
A close-up of a plant Description automatically generated

Yovoviflawa

Yevuviflawa

Indigofera hirsuta L.

Hairy indigo

Indigotier hirsute

Yovoviti

Yevuviti

Yovovigbe

Moringa oleiferaArbre de raifort ; Arbre à baguette
A yellow flower on a plant Description automatically generated

Zãgara

Agbobladzoe

Senna alata(L) Roxbchandeliers de l’empereur; bougie végétale de l’impératrice
Close-up of a green leafy plant Description automatically generated

Zãgarati

Zãgerati

Agbobladzoe

Senna siamea (Lam.)Arbuste teigne, plante craw-craw, roi de la forêt

Zaklã

Zazaklã

Morinda lucida

Noni

Brimstone tree
ZigidigboMacrosphyra longistylaMacrosphyra longistyla
A close up of a plant Description automatically generated

Ziwee

Ziwo

Flat-Crown

Flat-Crown Albizia

Albizzia à feuilles d’adansonia

Albizzia à feuilles de fougère

ZoboHibiscusHibiscus

Zogbemakpavigbe

Dzogbemakpavigbe

Senegal Tea Plant

Wild Coffee

Guiera du Sénégal

Zogbeti

Dzogbeti

Clove basil

African basil

Basilic sauvage

Menthe gabonaise

A close-up of a plant with purple flowers Description automatically generated

Zokɔ

Vigbɔ

True Indigo

Indigotier

Indigo

Indigotier franc

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top