EƲE LODODOWO AKPA 1

Aɖibati aɖe tse nyuie

1. Aba blave vuvu menye aba ade yeyewo gbɔ nu o.
2. Aba vuvu media nya na ame o.
3. Abakpui menɔa ame si wodɔa akɔlɔ̃e o.
4. Abawa dzeɣe kple ɖokutsu mesea abaléle o.
5. Abɔ be ŋutsu medoa ɣli le xɔ me o.
6. Abɔ mekpena wu ata o.
7. Abɔbɔ be ne ye ɖeka tae la anye ne tu maɖi le ave me o.
8. Abɔbɔ metsona eƒe go nɔa anyi o.
9. Abi kugagbɔ afɔe wòlãna.
10. Abitɔ abi vena, siamea ŋlɔ be.
11. Abitɔ abi vena.
12. Abladzĩ be zãmu ƒuna, ʋu meƒuna o.
13. Abladzo be ne yele flu me hã, yemeŋlɔa aƒetɔ si do ye la be o.
14. Abladzo be ne yemetse ƒe sia ƒe hã o la, yeatse zi ɖeka le ƒe eve me godoo.
15. Abladzo be yemetsena gatsena ake o.
16. Ablɔmetikpodzinyawo katã menye nya o.
17. Ableyi be alɔtsinu sesẽe yewotsɔ le ahoyoa nue.
[Ahoyoa fia ƒutsia.]
18. Abui meŋɔa fiáti o.
19. Abui yomee ka nɔna.
20. Adɔ be yedze aye ŋutɔ, gake azã vuvu koe ƒoe.
21. Ade ɖitsa kple lã ɖitsae doa go.
22. Adekplɔvi menɔa adela ŋgɔ o.
23. Adekplɔvi menɔa ŋgɔ na adela o.
24. Adela ƒe ŋkɔ mevɔna le adelã ŋu o.
25. Adela megblɔa adegbenyawo vɔna o.
26. Adoglo be gege tsɔ wu ɖiɖi.
27. Adoglo be xexeme nu gãe eya ta ne yenye mia yeɖoa ɣia enu; xexeme mele ɖeka o.
[Nenye be adoglo ɖu dzoka alo fɔ̃yi hã la, ne enye mi la, edze be ɣia nanɔ enu godoo. Esia ŋue Eʋeawo lé ŋku ɖo hekpa lododo sia. Le nyateƒe me la, xexeme mele ɖeka o. Egbe àkpɔ keklẽ nyuie, etsɔ ko viviti nado ɖe wò agbemɔwo katã dzi. Nenema ke mɔkpɔkpɔ li na ame siwo katã xexeme mekɔna na gbeɖe o la be woawo hã ava kpɔ ɣedzedze etsɔ godoo.]
28. Adoglo be, mɔtonɔlae dzea si eƒe futɔ.
29. Adogloe gblɔ na nɔvia xɔmenyatri be fewunuwɔla fenyilae.
[Fewunuwɔla nye ame si wɔa nu alo ƒlea nu wu fe si wòate ŋu axe.]
30. Adoglotsu be “Nyɔnuwoe!”
[Ame aɖewo tsɔ adoglotsu ƒe nuwɔna sia abe heheɖoɖo ɖe srɔ̃a ta ene, elabena zi geɖe la, ne ekplɔ srɔ̃a ɖo wòle gbegbem lae wòtɔna nɔa ta dom ɖe dzi ɖe eŋu. Esia le fiafiam be, ame aɖeke megatsɔ ɖeke le nyɔnuwo ƒe nya me o. Hoho koe woawo dona dzodzro, eye ame sia ame si léa woƒe nya vevie la le lãmevee dom na eɖokui dzodzro. Nu si gbem wobe yewole la, eya boŋue le dzi dzɔm na wo hafi.]
31. Adoglotsu be ɛ̃ koe vɔa nya.
[Ne adoglo li la, ɣesiaɣi enɔa ta lɔ̃m. Esiae le nu xlɔ̃m amegbetɔ be wòatsri nyawɔwɔ. Nyatsɔke menye hotsɔke o.]
32. Adzadzãƒoti la gbe ŋuti wòŋena ɖo.
33. Adzahilãkpɔtɔ medoa kpo agoo maɖe o.
34. Adzɔ̃e be ne yedze ɖe xa dzi la, yemenya ƒona o.
35. Adzofu di aha ʋuu hã, amatsi woku nɛ.
36. Aɖa sɔ ta hã mɔ le eme.
37. Aɖɔkɔ segbe mesea adagana o.
38. Aɖiba vivi ati mevɔna le egɔme o.
39. Aɖiba vivi ati mevɔna le ete o.
40. Aɖiɖi be ha me yewonɔna kɔa abɔta wòdea dzi.
[Nenye be abɔ ku la, aɖiɖiwo ƒoa ƒu ɖe eƒe ata si lolo fũu wu wo la ŋu, kɔnɛ yia dzi toa mɔxenuwo katã ta yia do me. Esia manya wɔ na aɖiɖi ɖeka alo eve o. Esia wokpɔ kpa nya sia ɖe enu. Enye nuxlɔ̃ame be ŋusẽ le ɖekawɔwɔ me.]
41. Aɖiɖi be vivivi koe wòdea do gbɔ.
[Zi geɖe la, aɖiɖi fɔa nuɖuɖu kukluiwo vivivi eye wòzɔna blewuu kɔnɛ yia eƒe do me. Esia ŋu wolé ŋku ɖo kpa nya sia. Esia nye dzideƒo be ame sia ame nanɔ etɔ via dzi ko.]
42. Aɖitsi be nyakpekpe ƒe seƒoƒo nyinyi menye ŋɔkunɔnu aɖeke o, ke boŋ yewo xe adɔlegbewo ƒe nue.
[Zi geɖe ne nyakpeti ƒo se la, tsi vivi ŋanaŋana aɖe nɔa seƒoƒoa me le keke eƒe gɔme ke. Nyakpe ƒe seƒoƒo sia didina henɔna abe ga si woƒona ene. Ne ŋu ke ŋdi eye aɖitsi si nye xe si ƒe dɔ didi hedzɔ kã la ƒo dɔ sia ɖe gɔme ke na seƒoƒo sia, noe nyuie heɖi ƒo la, edzona kple dzidzɔ ɖua ɣe hekoa nu le yame. Nu sia nye nuɖiaɖia na xe dɔkpui, dɔgobawo, eye wozɔna ɖe aɖitsi dzi be yewoaƒoe. Esia ŋue wokpɔ kpa nya sia ɖo. Enye nufiame le ŋuʋaʋã ŋu. Medze be míaʋã ŋu mía nɔvi ƒe dzidzedzekpɔkpɔ o. Ame sia ame kple etɔe. Míawo hã mía tɔ li kokoko.]
43. Aɖu ko nu, dɔ me le vo.
44. Aɖuɖɔ metoa ame woɖea ta wòfana o.
45. Afɔ baɖa koe dzroa ba ɖe dzɔdzɔea ŋu.
46. Afɔ be, megbe, ŋgɔgbe, megbe, ŋgɔgbee nye azɔli.
47. Afɔ gɔglɔ̃e faa mí sina ɖe dzɔdzɔea ŋu.
48. Afɔ gɔglɔ̃e ƒoa ba nyuitɔ.
49. Afɔ klinu menye fi o.
50. Afɔ meyia nugbe agogo tsia aƒe o.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top