Klo Kple Ha

Ha va fe li ge Klo

Mise gli loo!

Gli dzo ʋaʋaʋa va dze ha dzi.

Edze edzi.

Edze klo kple klovi dzi.

Edze wo dzi.

Le blema la, Klo kple ha wonye xɔlɔ̃ veviwo ale gbegbe be tsi hã metoa wo dome o. Ha nye agbledela, ke Klo ya mewɔa dɔ aɖeke o. Xɔlɔ̃ eveawo nɔ anyi ʋuu dɔ gã aɖe va to. Esi Klo mewɔa dɔ aɖeke o ta la, nuɖuɖu aɖeke menɔ esi o, eya ta dɔ nɔ wo kple via wum vevie.

Gbe ɖeka la, Klo dɔ via ɖo ɖe Ha gbɔ be wòadzra nuɖuɖu aɖe ɖo ɖe ye, ne ŋu ke la, yeaxe fea nɛ. Ɖevi la yi eye Ha lɔ̃ dzra nuɖuɖu la nɛ agbana. Gake esi ŋu ke la, Klo metsɔ ga la yi na ha o. Ha kpɔ mɔ nɛ ʋuu ŋkeke etɔ̃ gake meva o. Ha do dziku vevie eye eya ŋutɔ zɔ yi Klo ƒe aƒe me be yealĩ fea. Esi Ha yina aƒea me la, Klo kple via wokpɔe eye Klo gblɔ na via be, “Mele bebe ge ɖe xɔa me gake nàgblɔ nɛ be tonye ku eya ta meyi kua teƒe”.

Esi Ha va la, ɖevia gblɔ fofoa ƒe nya la nɛ. Ha do dɔmedzoe vevie hegblɔ na ɖevia be, “Ne fofowòa gbɔ la, gblɔ nɛ be, nye Ha mebe ne medi be míaƒe xɔlɔ̃wɔwɔ me negblẽ o la, ke netsɔ ga la vɛ nam etsɔ ŋdi kanya kpoo”. Ha trɔ yi aƒe me. Ke esi Ha dzo la, Klo do go le xɔa me eye wo kple via wonɔ dzidzɔ kpɔm ʋuu ŋu ke, gake metsɔ ga la yi na Ha o.

Ha ŋutɔ gayi ɖe aƒea me gake Klo gabe ɖe xɔ me, hegblɔ na via be wòagblɔ na Ha be ye lɔ̃xo dze dɔ vevie eya ta yeyi, eye yemele gbɔgbɔ ge kaba o. Esi Ha va ɖo aƒea me la, ɖevia to fofoa ƒe aɖe dzi nɛ pɛpɛpɛ. Ha ƒe dzi gbã ale gbegbe be menya nu si wòawɔ o. Ke ɖeko wògblɔ na ɖevia be, ne ye ŋutɔ yegazɔ afɔ va ɖo eye yemekpɔe o la, ke wòanya be nane le dzɔdzɔ ge ɖe ye dzi. Ha mekpɔ dzo hafi Klo do le xɔa me ganɔ dzidzɔ kpɔm o.

Esi ŋu gake la, Ha kpɔ mɔ ʋuu Klo meva o. Ke ha ɖo ta me kplikpaa be yeayi aɖatu nu kple Klo. Gbe ma gbe la, Klo gblɔ na via be wòalé ye adze ŋee, ke ne ekpɔ Ha wògbɔna la, wòanɔ atadi tum le yeƒe dɔme. Esi Ha va ɖo aƒea me la, Klo ƒe vi la dze atadi la tutu le fofoa ƒe dɔme. Ha bia fofoa ta le egbɔ. Ɖevia  ɖo eŋu be ye fofoa do go gake yemenya afi si wòyi o. Dɔ me ve Ha ale gbegbe be ɖeko wòde asi ataditukpe la te kɔ ƒu gbe do ɖe kpɔ ta enumake, bɔbɔ nɔ anyi, nɔ gbɔgbɔm fũfũfũ, henɔ klo dzɔm be wòagbɔ ne yewoado go.

Eteƒe medidi o, klo nɔ zɔzɔm tso kpɔa godo gbɔna aƒea me henɔ ha dzim be:

Klokpatsɛ menye,

Azɔlinye bu ɖe lãwo dome.

Azɔlinye bu ɖe lãwo me,

Azɔlinye bu ɖe lãwo dome…

Klo mekpɔ va ɖo aƒea me hafi Ha zɔ ɖe edzi be yeaxɔ yefe ga la o. Klo yɔ via gblɔ nɛ be nekɔ yeƒe ataditukpea vɛ na ye. Ke ɖevi la ɖo eŋu be, “Papa, Ha kɔ wò kpea ƒu gbe”.

Klo bia ha be atse kae blee be wòkɔ yeƒe ataditukpea ƒu gbe mahã. Ha ɖo eŋu nɛ be ne exe yeƒe fea na ye la, yeayi aɖakɔ kpea vɛ nɛ. Klo gblɔ nɛ be kpe ma ƒe tume koe nye yeƒe gadzraɖoƒe,  eye yedzra ga gbogbo aɖe ɖo ɖe eme, tre enu, eya ta ne mekɔe vɛ na ye o la, yemate ŋu axe eƒe fe la nɛ o. Ha tɔtɔ keŋkeŋ eye gbɔgblɔ bu ɖee. Etso yi kpɔa godo be yeaɖadi kpe la vɛ na Klo. Edii ʋuu gake mekpɔe o. Kpe la ko dim wògale va se ɖe egbe.

Esia tae ha tsɔa nu nɔa anyigba glũm ɖo.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top