Amegbetɔwo

Anyigbadzitɔwo Ɖo Biliɔn 8 Le Ademakpɔxe 15, 2022

Anyigbadzitɔwo Ɖo Biliɔn 8 Le Ademakpɔxe 15, 2022

Amegbetɔwo

Dukɔ Ƒoƒuwo ƒe habɔbɔ ka nya ta be anyigbadzitɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖo ame akpi akpe 8 (miliɔn akpe 8 alo biliɔn 8 alo miliya 8) togbɔ be anyigbadzitɔwo ƒe vidzidzi ƒe agbɔsɔsɔme le ɖiɖim hã. Ebu akɔnta hã be le ƒe 2080 va se ɖe ƒe 2089 me la, anyigbadzitɔwo ƒe agbɔsɔsɔ aɖo akpi akpe 10.4, si fia miliɔn akpe 10.4.

Le Anyigbadzitɔwo Ƒe Agbɔsɔsɔme Ŋkeke si woɖu le Siamlɔm (July alo juillet) 11, 2022 dzi la, habɔbɔ si nye Anyigbadzitɔwo Ƒe Agbɔsɔsɔme Ŋuti Mɔkpɔkpɔ 2022 ka nya ta be anyigbadzitɔwo ƒe agbɔsɔsɔ aɖo akpi akpe 8 (biliɔn 8 alo miliya 8) le Ademakpɔxe (November alo Novembre) 15, 2022 dzi. Egblɔ hã be Indiatɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ava to Kinatɔwo (China alo Chine) ƒe agbɔsɔsɔ ŋu le ƒe 2023 me.

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Agbalẽŋlɔlagã António Guterres gblɔ be: “Anyigbadzitɔwo Ƒe Agbɔsɔsɔme Ŋkeke si míaɖu ƒe sia me dze ƒe ɖedzesi aɖe me. Ƒe sia mee woadzi anyigbadzitɔ biliɔn enyilia. Míeɖua ŋkeke sia tsɔ ɖoa ŋku ale si anyigbadzitɔwo le hamehame gake mí katã míenye amegbetɔƒome ɖeka dzi. Míetsɔe ɖoa ŋku ŋgɔgbedede wɔnuku siwo va eme le atikewɔnyawo me hã dzi. Ŋgɔgbedede siawo wɔe be amegbetɔwo ƒe agbenɔƒewo va le didim ɖe edzi fifia. Ewɔe hã be funɔwo kple vidzĩ siwo kuna le vidziɣi la ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe kpɔtɔ ale gbegbe. … Le ɣeyiɣi ma ke me la, ŋkeke sia ɖoa ŋku edzi na mí be agba le mí katã dzi be míalé be na míaƒe anyigba la. Eganye ɣeyiɣi be míabu ŋugbe siwo míedo na mía nɔewo siwo dzi míete ŋu wɔ o la hã ŋu.”

Anyigbadzitɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ƒe azɔlime ɖiɖi kura tso ƒe 1950 me. Fifia anyigbadzitɔwo ƒe dzidziɖedzi ɖiɖi ale gbegbe megade alafa me mama 1 le ƒe 2020 me o. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe akɔntabubu yeyetɔ ɖee fia be anyigbadzitɔwo ƒe agbɔsɔsɔ aɖo akpi akpe 8.5 (miliɔn akpe 8.5 alo biliɔn 8.5 alo miliya 8.5) le ƒe 2030 me. Egblɔ be aɖo akpi akpe 9.7 le ƒe 2050 me, eye wòaɖo akpi akpe 10.4 le ƒe 2080-awo me eye wòanɔ nenema va ɖo ƒe 2100 me.

Anyigbadzitɔwo Ƒe Agbɔsɔsɔme Ŋuti Mɔkpɔkpɔ 2022 gblɔ hã be anyigbadzitɔwo ƒe vidzidzi ɖiɖi kpɔtɔ zã ŋutɔ le ƒe blaeve kple edzivɔ siwo va yi nyitsɔ la me le dukɔ geɖewo me. Egbea anyigbadzitɔwo me mama ɖe etɔ̃ me ƒe akpa eve le dukɔ siwo me nyɔnuwo megadzia vi ale o me. Le dukɔ mawo me la, nyɔnu ɖeka megatea ŋu dzi vi eve o. Ne ele alea la, ke efia be dukɔa me tɔwo madzi ɖe edzi kura o. Wobu akɔnta be dukɔ 61 me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ aɖiɖi kpɔtɔ alafa me mama 1 alo esi wu nenema le ƒe 2022 kple 2050 dome. Nu siawo katã tso ale si nyɔnuwo megale vi dzim ale le nuto mawo me o alo ale si amewo le ʋuʋum le nuto mawo me la gbɔ.

Wobu akɔnta be anyigbadzitɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ƒe dzidziɖedzi si ayi edzi va ɖo ƒe 2050 me ƒe afã atso dukɔ 8 pɛ ko me: Kongo Kinsasa, Egipte, Etiopia, India, Nigeria, Pakistan, Filipine kple Tanzania. Wole mɔ kpɔm be dzidziɖedzi si ayi edzi le ƒe 2050 me ya ƒe afã kple nu vi aɖe atso dukɔ siwo le Afrika ƒe anyiehe Sahara.

Liu Zhenmin, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Agbalẽŋlɔlagã ƒe kpeɖeŋutɔ si kpɔa Ganyawo Kple Hadomegbenɔnɔnyawo Gbɔ gblɔ be: “Ƒomedodo si le amewo ƒe dzidziɖedzi kple ŋgɔyiyi ƒe nyawo dome te kame eye wòɖe alɔ vovovowo hã. Amewo ƒe dzidziɖedzi kabakaba na ahedada kple dɔwuame ɖeɖe ɖa, lãmesẽ kple sukudede ƒe ɖoɖowo dodo ɖe ŋgɔ ƒe kuxiwo dzi ɖe edzi heva le sesẽm ŋutɔ.

Le go bubu me la, Ŋgɔyiyi Ƒe Ɖoɖo Siwo Magblẽ Dzɔdzɔmenuwo Dome O Ƒe Taɖodzinuwo, vevietɔ esiwo ku ɖe lãmesẽ, sukudede kple nyɔnuwo kple ŋutsuwo ƒe sɔsɔminasɔe nyawo ŋu gbɔ ɖoɖo ŋuti ana be vidzinyawo kple anyigbadzitɔwo ƒe agbɔsɔsɔme ƒe dzidziɖedzi si le ɖiɖim la ƒe kuxia dzi naɖe kpɔtɔ.”

Le Afrika ƒe anyiehe Sahara dukɔ akpa gãtɔ, Asia, Latin Amerika kple Karib ƒe akpa aɖewo la, dukɔmeviwo ƒe akpa si le ŋusẽ me awɔ dɔ (tso ƒe 25 va ɖo ƒe 64) la le dzidzim ɖe edzi le vidzidzi ƒe agbɔsɔsɔme si dzi le ɖeɖem kpɔtɔ le nuto mawo me le ŋkeke siawo me la ta. Ale si ƒe siawo xɔlawo dzi ɖe edzi la ana be dukɔ siawo me tɔ ɖekaɖekawo ƒe ganyawo nadzi ɖe edzi kabakaba. Nenye be dukɔwo di be yewoado tsɔtsɔe ganyawo ƒe amedzidede sia la, ele be woaƒo ga geɖe ɖe dumeviŋgɔyiyidɔwo me. Esiawo dometɔ aɖewoe nye be woana lãmesẽnyawo kple sukudenyawo nade dumevi ɖe sia ɖe dzi wu ƒe ka kee amea ɖaxɔ o. Tsɔ kpe ɖe esia ŋu la, ele be woana dukɔmeviwo nakpɔ dɔ nyui awɔ eye woaxe fe na wo nyuie.

Wobu akɔnta be anyigbadzitɔ siwo xɔ ƒe 65 kple edzivɔ adzi ɖe edzi tso alafa me mama 10 le ƒe 2022 me ava ɖo alafa me mama 16 le ƒe 2050 me. Wobu akɔnta be le ɣeyiɣi ma me la, ame siwo xɔ ƒe 65 kple edzivɔ asɔ gbɔ wu ɖevi siwo mekpɔ xɔ 5 la zigbɔzi eve. Woasɔ gbɔ wu ɖevi siwo mekpɔ xɔ ƒe 12 o la hã zigbɔzi eve. Ele be dukɔ siwo me ame tsitsiwo le gbɔ sɔm le wu la nade ɖoɖo aɖewo to me. Wo dometɔ kɔdziyiyifemaxee kple dɔnɔwo gbɔ kpɔkpɔ ɣeyiɣi didi. Eye hafi woate ŋu awɔ esia la, ele be hadomeɖoɖowo kple dzudzɔxɔledɔmeɖoɖowo nanyo ɖe edzi kura.

Le xexea me godoo la, amewo ƒe agbenɔƒee nye 72.8 le ƒe 2019 me, esia nye dzidziɖedzi si ade ƒe 9 kloe tso ƒe 1990 me. Esi amewo ƒe kuku dzi le ɖeɖem kpɔtɔ la ta la, wokpɔ mɔ be agbenɔƒe adzi ɖe edzi ava ɖo ƒe 77.2 le ƒe 2050 me. Ke hã le ƒe 2021 me la, amewo ƒe agbenɔƒe le dukɔ madeŋgɔwo me tsi megbe ƒe adre sɔŋ ne wotsɔe kplɔ anyigbadzitɔwo katã tɔ le mama dedie nu.

KOVID-19 dɔ vɔ̃a gblẽ nu le anyigbadzitɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ƒe dzidziɖedzi sia ŋu le go etɔ̃ me. Anyigbadzitɔwo katã ƒe agbenɔƒe ɖiɖi va ɖo ƒe 71.0 le ƒe 2021 me. Le dukɔ aɖewo me la, dɔ vɔ̃a ƒe tɔtrɔ vovovoawoe anya na be dukɔmeviwo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe kpɔtɔ ɣeyiɣi kpui aɖe. Ke hã le dukɔ geɖewo me la, ewɔ abe dɔ vɔ̃ sia megblẽ naneke kura le dukɔmeviwo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu o ene. Dɔ vɔ̃a ɖo asi amegbetɔwo ƒe azɔlime katã dzi, mɔzɔzɔ ayi duta hã le eme.

Anyigbadzitɔwo Ɖo Biliɔn 8 Le Ademakpɔxe 15, 2022 Read More »

Anyigbaʋuʋu le Akra

Anyigbaʋuʋu Aɖe Do Voɖi Na Amewo Le Akra

Anyigbaʋuʋu Aɖe Do Voɖi Na Amewo Le Akra

Anyigbaʋuʋu le Akra

Anyigbaʋuʋu aɖe do voɖi na amewo le Ghana ƒe fiadu Akra (Accra) kple eƒe golɔgoewo me le Dzoɖa, Dzome (December) 12, 2022.

Dukɔa me nyakakadɔwɔƒewo kple Twitter-zãla aɖewo gblɔ be anyigbaa ʋuʋu zi gbãtɔ le ŋdi ga 10 me, eye wògaʋuʋu le ŋdi ga 11:30 lɔƒo.

Aƒenɔ Susan Asare le nuto siwo me anyigba ʋuʋu le la dometɔ ɖeka me.

Egblɔ tso anyigbaʋuʋu sia ŋu le BBC Pidgin be: “Mele nye xɔ me. Kasia mekpɔe be anyigba dze ʋuʋu gɔme le nye afɔ te. Vɔvɔ̃ lém ŋutɔ.”

Egblɔ kpee be: “Anyigbaʋuʋu bliboa xɔ sekɛnd ʋɛ aɖewo ko. Nye kple nɔnye siaa míesee le mía ɖokuiwo me be anyigba le ʋuʋum le mía te. Gake míenya be nu ŋutɔŋutɔe o.”

Anyigbaʋuʋu sia de Adabraka, Gbawe, McCarthy Hill, Kwabenya kple Mallam ke.

Anyigbaʋuʋuwo ŋuti nunyalawo gblɔ be esia ƒe sesẽme de Richter dzidze 4.

Ghana Anyigbaŋutinunyalawo ƒe Dɔwɔƒe ƒe numekulagã Nicholas Opoku de dzi ƒo na Ghanatɔwo be ŋɔ megadzi wo o eye womegatsi dzodzodzoe o. Gake eɖe nu me be nuto mawo le dukɔa ƒe akpa si anyigba anɔ ʋuʋum le.

Xlẽ esia hã: Anyigbadzitɔwo Aɖo Biliɔn 8 Etsɔ Ademakpɔxe 15, 2022

Nya Si Anyigbaʋuʋuwo Ŋuti Nunyala Aɖe Gblɔ

Aƒetɔ Opoku gblɔ le Citi Prime News me le Dzoɖagbe be: “Nu si míele gbɔgblɔm le ɣeyiɣi siawo katã mee nye be Akra le nuto siwo me anyigbaʋuʋu tea ŋu dzɔna le la me. Eya ta tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, míanɔ anyigbaʋuʋu sue siawo teƒe kpɔm. Suesue siawo anɔ dzɔdzɔm va de asi na esime gã aɖe nadzɔ.”

Menye esiae nye zi gbãtɔ si anyigba ʋuʋu le Ghana o. Le Masa (June) 24, 2020 dzi la, anyigbaʋuʋu si ƒe sesẽme nye Richter dzidze 4 dzɔ le fiadua me. Amerika Du Ƒoƒuawo ƒe Anyigbaŋutinunyalawo ƒe Dɔwɔƒe gblɔ be anyigbaʋuʋu sia ƒe sesẽƒe nɔ nuto aɖe si didi tso Gbawe gbɔ abe kilometa 7 ene. Anyigba ʋuʋu va yi le Tedoxe (March) kple Dzome 2018 me. Eye wògaʋuʋu le Dzodze (February) kple Tedoxe 2019 hã me.

Anyigbaʋuʋu Aɖe Do Voɖi Na Amewo Le Akra Read More »

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top