EƲE LODODOWO AKPA 10

Gbɔ̃ eve aɖewo de ati dzi le nu kpɔm
Gbɔ̃ tokpo mefiaa nunya via o

451. Fie dzi vi hã ekua ŋuɖome.
452. Fie medaa aba via zɔa anyigba o.
453. Ƒleasimadzo la, adzoe tsonɛ.
454. Ƒlemaxe nɔvie nye dimakpɔ.
455. Ƒlemaxe nɔvie nye dimakpɔ.
456. Ƒo ɖi keli zã gbɔ metsɔ o.
457. Ƒoame medea avise o.
458. Ƒoɖiɖie sɔna nuko sɔna.
459. Ƒoɖikeli zã gbɔ metsɔ o.
[Lododo sia nye nufiame na amegbetɔ be ne nu nyo na ame aɖe fifia wòle dzidzɔ kpɔm la, neɖo ŋku edzi be dzidzɔkpɔkpɔ ma ate ŋu atrɔ zu veve ɣesiaɣi.]
460. Ƒome xoxoe menye xɔlɔ̃ wònye wodzena gbena o.
461. Fu kple dzidzɔ la nɔviwo wonye.
462. Fu kple dzidzɔ la, venɔviwo wonye, eye womeklãna ɖa tso wo nɔewo gbɔ o.
463. Ga be yee ʋua lĩʋɔ.
464. Ga be yemedia nu doa kpoe o.
465. Ga metɔna na ame o.
466. Ga xɔdzo nye zu ƒe dzidzɔ.
467. Gana be yegblɔe na avu wògbe.
468. Gatɔ ƒe tukpee nye wɔamenɔ.
469. Gbamido be ahamenɔla memua aha o.
470. Gbɔ̃ be aʋaléɣlidolae woxɔna na.
471. Gbɔ̃ be glã nɔanyikpoo ɖe wògblɔa amenya.
472. Gbɔ̃ be ɣlidolae woxɔna na.
[Kaka nu suetɔ naɖi kpe gbɔ̃ ko la, edo ɣli bebebe. Nenye be ɣlia ɖi alea ko la, gbɔ̃tɔ hã nyaa aƒa nɛ godoo be yeanya nu si le fu ɖem na yeƒe gbɔ̃a. Esia mee wofɔ nya sia le. Lododo sia nye nuxlɔ̃ame na amegbetɔ be ne nane le ame wɔm la, ele be wòagblɔe na nɔvia hafi akpɔ wòakpɔ kpekpeɖeŋu. Ke ne ezi kpi la, nu awɔe wòate eŋu.]
473. Gbɔ̃ be lelie xɔa ame ɖe agbe.
474. Gbɔ̃ de ame ƒe me mefaa ta ƒe avi o.
475. Gbɔ̃ de ame nu gbɔ mefa ta ƒe avi o.
[Gbɔ̃ de ame ƒe nu gbɔ mefa ta ƒe avi o.]
476. Gbɔ̃ kuku detsi nyo wu akpadetsi.
[Elabena etɔ adelãdetsi ŋkɔ.]
477. Gbɔ̃ kuku mevɔ̃a adetu o.
[Lododo sia nye nufiame be amegbetɔ natò mo adze ŋgɔ agbemekuxiwo akpɔ ta na wo. Wogazãa lododo sia nenye be nɔnɔme aɖe va ti ame eye wòse le eɖokui me be yemagate ŋu atsɔe o, yemegale naneke vɔ̃m le agbe me o, nu si nadzɔ ko la nedzɔ.]
478. Gbɔ̃ madami be yezɔ kple aminɔwo.
479. Gbɔ̃ metsɔa avu yia agbowo de o.
480. Gbɔ̃ tokpo mefiaa nunya via o.
481. Gbɔ̃ tokpo mexlɔ̃a nu via o.
482. Gbɔ̃ tokpo ye xlɔ̃ nu via.
483. Gbɔ̃ƒolae ɖoa to gbɔ.
[Ame si ƒo gbɔ lae ɖoa nya si gblɔm amewo alo dua me tɔwo le.]
484. Gbɔgbɔmeŋɔ be yele bɔlɔbɔlɔ hã yewua de.
[Gbɔgbɔmeŋɔ gɔmee nye ɖɔmeŋɔ alo ŋɔa de ƒe ɖɔ me.]
485. Gbɔgblẽlae ɖoa to gbɔ.
486. Gbɔ̃sike menɔa gbɔ̃ ŋgɔ o.
487. Gbɔ̃tsɔla tae gbɔ̃ xlɔ̃na le.
488. Gbe menɔa nu me na alɔe womenɛ o.
[Alɔe nye xevi aɖe si wogayɔna ayrɔe.]
489. Gbe nɔdue tutua ʋu dea tɔ.
490. Gbe si gbe wo dzi adãtɔ la, gbe ma gbe ke ye wo dzi adãwutɔ hã.
491. Gbedada ɖe ame gbɔ menye vidzawɔwɔ o.
[Womalɔ̃a vi mabuame ƒe nya gbɔ o. Lododoa sia le amegbetɔ fiam be kafukafu aɖeke metsoa nu manyomanyo wɔwɔ me o.]
492. Gbedɔdɔ mewua aƒe o.
493. Gbetetsɔla meyɔa “Gbete” o; “Dzete” wògblɔna.
494. Ge metua xo na aɖaba o.
495. Glã tutɔ meɖua nu glã tutɔ ʋãna o.
496. Gli matsɔamegbɔa womedea mee o.
497. Gli meɖoa bebewu o.
498. Gli tsɔ ame gbɔe wodea mee.
499. Go gã mesia etɔ̃ o.
500. Go kɔgɔgblɔ̃e naa ka tsia kɔ me nɛ.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top