EƲE LODODOWO AKPA 11

Kese le gegem le ati aɖe me
Kese be gege tsɔna wu ɖiɖi

501. Godui nyui dea ama ame.
[Godui nyui ɖea ama ame. Lododo sia le amegbetɔ fiam be wòawɔ ame ahawɔ nu nyui ale be amewo nalɔ̃ eƒe nya gbɔ eye wòate ŋu anɔ amewo dome.]
502. Godui vuvu nyo wu gbi gbɔlo.
503. Ha be dɔmee sẽna wokua ati ƒe ke.
504. Ha be mele lolo me o, tsi vivi mee wòle.
505. Ha be ŋditsie nye tsi.
[Togbɔ be tsi menya nona le ŋdi me o hã la, ha ya nonɛ godoo. Esia ŋu wolé ŋku ɖo hekpa nya sia de nu na ha. Lododo sia nye nufiame na amegbetɔ be wòatso ɖe dɔ ŋu kaba. Lododo la fia be nu sia nu si ame awɔ la, edze be wòafɔ ɖe eŋu kaba.]
506. Ha be ŋdivuvɔ mewɔa ame wodea fiati dzo me o.
507. Ha be, “etsɔ li.”
508. Hadzimatso la, akaye wògbana.
509. Hadzimatsoa akayɛ wòŋena.
[Akayɛ, akaye kee wogayɔna be axatsɛ.]
510. Haho metsɔa tɔ o.
511. Hateka metea nyi o.
512. Hɔ̃dɔhɔ̃dɔe ɖe wòhea ahɔ̃dɔe vae.
513. Hehe ɖo akɔta nɛ.
514. Heletsi medzea ŋgɔ kpɔ o.
515. Hɛ ɖeka mekoa atiglinyi o.
516. Hiãtɔ ƒe alẽtsu meɖoa agbo o.
517. Hiãtɔ ƒe alẽtsu metoa kɔdza o.
518. Hiãtɔ melɔ̃a ame wonyana o.
519. Hlɔ̃biabia futɔ kuku menye kalẽwɔwɔ o.
[Lododo sia nye nufiame vevi aɖe na ame siwo nɔa akpo tsom le ame beliwo dzi. Wodoa lo sia tsɔ doa ŋukpe ame mawo tɔgbi ale be woadzudzɔ agbenɔnɔ ma ƒomevi. Lododo sia ganye nufiame na amegbetɔ be wòazã eƒe ŋusẽ atsɔ nu ɖɔʋuwo.]
520. Hlɔ̃madekotoku; kpakpla zu dɔ, edodro zu dɔ.
521. Hlɔ̃madekotoku; kpakpla zu dɔ, makplamakpla hã dɔe.
522. Hlofiwulae sea kpododo.
523. Hotakpotɔ meɖua nu tea hokatɔ o.
[Hotsuitɔ mate ŋu agbe ame si nye hotsuitɔ wui la kpekpe na eƒe wɔnawo.]
524. Hotɔ ƒledze meƒlea agbe o.
525. Hotsuitɔ kpɔ nu medoa amegbalẽgo o.
526. Hũɖeɖe meɖea hiã dzi kpɔtɔna o, gake konyifafa ɖe nɔvi ti kple tsi fafa wosɔ.
527. Kafawoku mekaa blafotɔ o.
528. Kɔ li na kese tso gake wodea ka ali nɛ.
529. Kɔdzo Dei be yele Blu fiam gake yeƒe ŋku le Eʋegbe ŋu.
530. Kɔkuvi be yetsɔ asi ŋku kɔ glã le nu kpɔm.
531. Kelemeɖola metsria ŋuifiẽ o.
532. Kese be ame si dzu ye la tɔ meve ye abe emlala tɔ ene o.
533. Kese be dɔmetɔe nye ame tɔ, alɔgome tɔ ya adelawo tɔe.
[Zi geɖe nenye be kese kpɔ nuɖuɖu la, ehanɛ ɖuna eƒe ƒo yɔna blobloblo. Ke egadea ɖe alɔ me hafi dzona le teƒea. Nenye be adela aɖe kpɔe heda tui la, ate ŋu aɖe alɔgome tɔ ya awɔ eŋu dɔ ku ɖe nuɖuɖu si wònye la ŋu. Ke esi yi dɔ me xoxo ya dze dɔwɔwɔ le ŋutilã tutu ɖo ŋu gɔme xoxo, eye maganyo na ɖuɖu o. Amegbetɔwo susu be, kese ɖe wòkpɔ be nenye be yemeɖu nua nyuie le teƒea o eye yekɔe yina ko tu ɖi le ye dzi la, ekem yewɔ dɔ na adelawo. Esia nye nuxlɔ̃ame ɖe nuxɛɖoɖo ŋu.]
534. Kese be gege tsɔna wu ɖiɖi.
[Nenye be kese de ati dzi la, màkpɔe ɣeaɖekeɣi wòagaflɔ atia blewu aɖi va anyi o. Ɖeko wòdaa aba ko ɖiɖina rrr… vaa anyi. Esiawoe Eʋeawo kpɔ kpa nya siawo ɖe eŋu. Lododo sia nye nuxlɔ̃ame le go gbãtɔ me be, nenye be nane le ŋuwò nèbe yeawɔ la, mègagblẽ ɣeyiɣi o. Wɔe zi ɖeka. Le go evelia me la, ele nu xlɔ̃m mí be ne èle teƒe kɔkɔ la, nàlé be na wò agbenɔnɔ elabena togbɔ be ètsɔ ɣeyiɣi geɖe wɔ dɔ kple ŋkubiã, kpe fu hafi ɖo teƒe ma hã la, ŋdi ɖeka koe woagblɔ na wò be, ɖiɖi ɖe anyi elabena ègblẽ dɔa ƒe se; alo hotsuitɔ si tsɔ ɣeyiɣi geɖe wɔ dɔ hafi kpɔ ga la ƒe ayaɖuɖu nye gbe ɖeka ko ƒe nya ne melé be na eƒe nuwo o.]
535. Kese be ne èkpɔ nɔviwò ƒe ta le dzogbe la nàtsɔ tɔwò ade ave.
536. Kese be tsitsimee vovlo le.
537. Kese be yemekpɔ fie hafi ɖo vo o.
538. Kese be, dɔmetɔe nye ame tɔ.
539. Kesinɔtɔwo ƒe numenya vivina wu anyitsi.
[Lododo sia le fiafiam be kesinɔtɔwo ƒe dzu mevea to me na amewo o le woƒe kesinɔnuwo ta.]
540. Ketiba be yemenye ame ne yeado woado dzaa na ye o.
541. Kevi menɔa anyi wodea wɔ agba me yia agblee o.
542. Kisie gblɔe be nu ɖuku la ame ŋutɔ ƒe tade ko wòle.
[Le lãwo katã dome la, alegeli koe lɔa nuɖuɖu kɔna ɖe dome le eɖokui gbɔ, le teƒe si wòɖo aba ɖo tututu. Esia amewo kaka hekafui be nu si amegbetɔ aɖu aku la, edze be wòanɔ eya ŋutɔ gbɔ. Lododo sia le fiafiam be ku si wua amegbetɔ la, eya nutɔ ƒe tsitsɛ (atsyatsya) te wònɔna.]
543. Kle le dzo sím hafi dzo gaƒo kle.
[Kle kee wogayɔna be aƒla.]
544. Klo be nya media ame o, ame ŋutɔe diaa nya.
545. Klo be va se ɖa yegbee na be yeƒe kɔ tsi go me.
546. Klo be wobe yeneva kpɔ yegbe, yena be yeƒe ta tsi go me.
547. Klo be ye kpɔƒee nye ye fɔƒe.
548. Klo gɔglɔ̃e ƒoa ba tana na nɔvia.
549. Klo medzia vi wòɖia abɔbɔ o.
550. Klodzela mexea agɔdzefe o.
[Lododo sia le dzi dem ƒo na amegbetɔ be wòakpɔ eƒe vodada adze sii ahabia tsɔtsɔke. Lododo sia le nu fiam agɔdzela be wòabɔbɔ eɖokui ahaɖe kuku na ame si dzi wòdze agɔ le.]

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top