EƲE LODODOWO AKPA 13

Tsidzadza le gbe dzi
Kutekute dzana wu ʋedzi

601. Kutekute dzana wu ʋedzi.
602. Kuviatɔ ƒe agble mee da dzia vi ɖo.
603. Lã ƒudue gblɔ na nɔvia agama be nezɔ mimɔe kpɔ̃ le avea me.
[Mimɔe gɔmee nye blewuu. Lododo sia le fiafiam be ne nanewo dzɔ la, wo me tsonuwo kplɔa wo ɖo godoo.]
604. Lã ƒudui meléa nu kana na agama o, agama hã zɔna binyabinya ɖia ƒodo.
605. Lã nɔdudzie fɔa anyimlɔƒetɔ.
606. Lã ŋu wozɔna ɖo ɖua nyé.
[Nyé ye wogayɔna be ŋɔvi.]
607. Lã sɔgbɔ megblẽa detsi o.
608. Lã sileamegbɔ la, lã lolo ŋutɔe.
609. Lã tsyɔ̃evi meɖia ŋdiƒo dzɔa dzi o.
610. Lãgbo lolo mesɔa ga o.
611. Lãglã xoxo meƒoa detsi o.
612. Lãklẽ dɔmegbaba be yeda ami wu gbɔ̃.
613. Lãta xoxo meƒoa detsi o.
614. Lilĩ be degbɔdegbɔe wotua xɔ.
615. Lo ƒe ŋukpe la ve ƒe ŋukpee.
616. Lo medzia vi wòɖia abɔbɔ o.
617. Lo medzia vi wòɖia akpa o.
618. Logbloti be yegbe de, de gblɔ nɛ be: “Metre wò gbegbe.”
[Logbloti nye ati sue aɖe si medzena ɖe anyigba gbeɖe o, ati bubuwo dzi ko wòdzena ɖo kokoko eye wònoa tsi le wo me keŋkeŋ. Ke nu si wɔ nuku lae nye be medzena ɖe deti dzi gbeɖegbeɖe o. Esia ŋu wolé ŋku ɖo kpa nya sia. Nufiame si le eme la koe nye be, nenye be ame si ƒe hadede agblẽ nu le ŋuwò boŋ la gblɔ be yetsri wò la, edze be nàdze awusi nɛ alo nàkpɔ dzidzɔ elabena menye hawo katã wodena o.]
619. Lokpo ɖubli medoa kpo ava gbeɖegbeɖe o.
620. “Mawu wɔdɔ, Mawu wɔdɔ” la zi eve koe wodonɛ na ame.
621. “Mawu wɔ dɔ, Mawu wɔ dɔ” la zi eve koe wodonɛ na ame, zi etɔ̃lia anye, “Baba na wò.”
622. Maɖuimaɖui ɖe wòdɔa atsi ame.
623. Makpɔƒletɔ metsia asi me o.
624. Maleemalee ɖe wòtsia ɖi ame.
625. Maleemalee ɖie wòdɔna.
626. Manyɔfui be ŋɔdzinu aɖeke meli o.
627. Mawu doa asi na ame hã wogblɔna be aɖabraka.
[Aɖabraka gɔmee nye ɖe le dzi. Lododo sia nye aɖaŋuɖoɖo na ame si le nu gbegblẽ wɔm la be wòatrɔ nɔnɔme. Egafia hã be amegbetɔ nate nu bubuwo kpɔ eye megabu nɔnɔme madeamedziwo be wonye xɔvɛ o.]
628. Mawu medzia vi wuna o.
[Lododo sia nye nufiame na amegbetɔ be wòalɔ̃ atsɔ nɔvia si dze agɔ le edzi la ƒe nu vɔ̃ ake.]
629. Mawu ŋutɔe nyaa tagbatsu na lã matoasike.
630. Mɔ didi megbɔa du ŋu yina o.
631. Mɔ didi metoa du ŋuti yina o.
632. Mɔseƒee nye xɔ me.
633. Mɔseƒee nye xɔli me.
[Xɔli gɔmee nye xɔgã me.]
634. Mɔtoti abi megbea eŋunɔnɔ o.]
635. Mɔtoti megbea abixɔxɔ o.
636. Mɔzɔlae sea “ɖoaƒe.”
637. Mègaƒo adegbe le fofowò ƒe kalẽwɔwɔ ŋu o, elabena atadi vena gake atadiŋgba mevena o.
638. Mele ge mele gea ɖe wòtsia ɖi ame.
639. Melixoxo kple mevaxoxo mekea ɖi o.
640. Menɔa ƒã ƒe tame wòtona na adeɣe o.
641. Menye aʋatsitsi ta, woagbe aʋade o.
642. Menye da kple viawoe ɖua ame hafi wokuna o.
643. Menye hawo yina woyina o.
644. Menye tsimalemale tae adeɣe mumuna ɖo o.
645. Menyo be ŋɔti nabi dzi o, elabena esi mee agbe le.
646. Meʋãna ɖe eɖuawo ƒe agble o.
[Eɖuawo gɔmee nye eɖulawo. Ame siwo lɔ̃a nuɖuɖu fũu la, agblemenuwo mewɔna na wo. Esia sɔ kple lododo si nye be ame dahe ƒe agbo metoa kɔdza o.]
647. Mezu agutɔ tsi yame aƒe meli nam o.
648. Mezu ketiba ame mado dzaa nam o.
649. Mezu vɔklui aƒe meli nam o.
650. Mezu yameme aƒe meli nam o.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top