EƲE LODODOWO AKPA 9

Ɖetifugble aɖe
Ɖetifu be yemegbe avɔ aɖeke me o

401. Dzro ŋkugã mekpɔa xɔdomemɔ o.
402. Dzu metoa kɔ o.
403. Ɖagbaɖa metoa tsi o, teɖɔ nukli meʋua ati gbeɖe o.
404. Ɖe wotana hafi zɔ na.
[Lododo sia le dzi dem ƒo na amegbetɔ be wòado vevie nu. Egafia hã be ele be amegbetɔ nabu agbemekuxiwo be wonye mɔnukpɔkpɔ na ame be wòadze nunya eye wòana eƒe susu nanɔ nu siwo le vevie wu le agbe me la ŋuti.]
405. Ɖe wotana hafi zɔna.
406. Ɖe wòwɔa ame wonyana.
407. Ɖekanyonyo alo manyomanyo hã kpea ŋu.
408. Ɖetifu be yemegbe avɔ aɖeke me o.
[Eme kɔ ƒãa be ɖetifue wotsɔna gbea ɖeti helɔ̃a avɔ ɖe sia ɖe. Esia ŋue wokpa nya sia ɖo. Enye adegbeƒoƒo be yea yele ha ɖe sia ɖe me.]
409. Ɖetika be ha mee yewonɔna hafi tsɔa kpe.
410. Ɖevi ka akplẽ gã mekaa nya gã o.
411. Ɖevi masetonua aŋɔkae kua to nɛ.
412. Ɖevi matsadukpɔe gblɔna ye dada koe ƒoa detsi vivi.
413. Ɖevi mekɔa fofoa ɖe abɔta be nekpɔ sɔ ɖa o.
414. Ɖevi mekpɔa amegãxoxo ŋkume o.
415. Ɖevi menyea mi ɖe ame ƒe ata dzi wotsɔa hɛ kpanɛ o.
416. Ɖevi nya kpekpekpe menyaa ahuhɔ̃ɖeɖe o.
[Ahuhɔ̃ gɔmee nye ahlɔ̃ alo ahɔhɔ̃.]
417. Ɖevi nya kpekpekpe menyaa taɖeɖe o.
418. Ɖevi si meɖi tsa kpɔ o la, gblɔna bena: “Danye koe ƒoa detsi vivi!”
419. Ɖevi si nya asikɔklɔ nyuie lae ɖua nu kple ame tsitsiwo.
420. Ɖevi tukui metsɔa kpedzrekpe o.
421. Ɖevi wɔa ŋdikunu mewɔa fiẽkunu o.
[Ŋdikunu alo tsyɔ̃ le ŋdi me. Ne wowɔ tsyɔ̃ le ŋdi me la, vavalawo mesɔa gbɔ o, eye womegblẽa ga boo o. Gake ne tsyɔ̃ le fiẽ me la, ame geɖewo dena eye wozãa ga fũu. Lododo sia nye nufiame be amegbetɔ nanya zɔzɔ le agbe me eye wòawɔ nu le eƒe ŋutete nu. Mele be wòawɔ nu si ava zu agba nɛ emegbe o.]
422. Ɖevi xlẽhotsui, mexlẽa tsaye o.
[Tsaye gɔmee nye ke alo kekui. Lododo sia nye nufiame be amegbetɔ nawɔ nu le eƒe ŋutete nu. Mele be wòawɔ nu si ava zu agba nɛ emegbe o.]
423. Ɖokpo ɖubli medoa kpo ava gbeɖegbeɖe o.
424. Ɖu do ɖe ɖu dzi la, tu wogbãna.
425. Ɖusi klɔa mia eye mia hã klɔa ɖusi.
426. Ɖusibɔ kple míabɔ míenye.
427. Ebe evee yewonɔna hafi léa nu.
428. Eɖulawo nue wokpɔnɛ le.
429. Eteƒekpɔla megblɔnɛ o.
430. Etsɔkple li na avu.
431. Etsri ʋɔ, le ʋɔ dzi tsi nom.
[Lã si wotsri la wometsɔa aɖu manɛ o. Lododo sia le amegbetɔ fiam be wòalé eƒe nya me ɖe asi, ne ebe ɛ̃ la, wòanye ɛ̃ ɣesiaɣi, meganɔ nya trɔm.]
432. Ewɔxoxo ƒe gbɔ̃ meɖoa ge o.
[Lododo sia ku ɖe ame siwo gblɔna be edzɔ xo, wobua woƒe vodadawo nu tsɛ eye womesrɔ̃a nu tso wo me o la ŋuti.]
433. Fɔŋluinume be yeʋẽna gake nya nyui le ye me.
[Fɔŋluinume gɔmee nye nu me ne wofɔ fɔŋli.]
434. Fe si woatsɔ na hɔ̃ wòaƒo nui la, wotsɔe na akagãwo wole agboti me blumii.
435. Fe si woatsɔ na hɔ̃ wòatsɔ aƒo nui lae wotsɔ na akagã wòtsɔ le aɖukpodzi kamii.
436. Fekaname menye fedzidede o.
[Fekaname gɔmee nye akana.]
437. Fetɔ mawu agbo na.
438. Fetri kɔ wu agbletɔ hã ebinɛ ɖena.
439. Fetriti kɔ wu agbletɔ hã ebinɛ ɖena.
440. Fetriti mekɔna wu agbletɔ o, ebinɛ ɖenɛ.
441. Fía ɖaɖae mua logoti.
442. Fia eve meɖoa ʋu ɖeka o.
443. Fia eve menɔa zi ɖeka dzi o.
444. Fia megbea ʋume gɔ̃ o.
445. Fia side mekpɔ ami o, tatiwo le xɔ me ke tsɔ ami ƒo bele.
446. Fia tutu si le xɔ me la gbaa avexo.
447. Fiafi kli nu medoa ago o.
448. Fiafitɔ ƒe mo metoa gbe o.
449. Fiafitɔ mewua agbletɔ o.
450. Fiafitɔe léa nɔvia fiafi ƒe afɔ le kpe dzi.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top