Logoti Kple Aɖa

Logoti kple aɖa ƒe hakpanya kpui aɖe

Logoti gblɔ na Aɖa gbe ɖeka be:

“Tɔwò dzɔ be nàbu dzɔdzɔme;

Ne atsutsrɔe sue aɖe dze ɖe dziwò la, agba bliboe.

Ya suetɔ kekeake si ƒo miɔɔ

Hena tsi ƒe ŋkume zrɔ̃ gɔ̃ hã,

Zia dziwò nèbia kɔ ɖe anyi,

Evɔ nye ya nye ŋgonu sesẽ kplala sia,

Xea mɔ na ɣe ƒe keklẽ,

Kura gɔ̃ hã dzi le eƒo wòkpea akɔ kple ahom.

Nu sia nu nye Dzieheya ʋuduʋudu na wò, evɔ nu sia nu nye Ɣetoɖoƒeya fafɛ na nye ya.

Ke hã ne ɖe wodzi wò le ati siwo dzi

Nye vɔvɔli tsyɔna ƒe bebeƒe la,

Anye ne màkpe fu nenema gbegbe o:

Makpɔ tawò tso ahom la si me;

Gake nublanuitɔe la, ya ʋuduʋuduwo

Ƒe liƒowo dzie wodzi wò ɖo.

Nye ya mekpɔe be dzɔdzɔme mewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie kura o.

Aɖa la ɖo eŋu be: “Meda akpe ɖe wò veveseɖeamenu la

Ŋuti ale gbegbe; gake dzimaɖeɖi sia nenɔ akpa gbɔ.

Yaƒoƒoawo menyea ŋɔdzi na nye ya wu wò o.

Mebia kɔ ɖe anyi, gake nyemeŋena o.

Mekpɔe be va se ɖe fifia

Ènɔ te ɖe yaƒoƒowo mawo nu

Mebi kɔ ɖe anyi zi ɖeka pɛ hã kpɔ o;

Gake na míalala va ɖo nuwuwua.”

Esi wònɔ nya siawo gblɔm la,

Ya ʋuduʋudu aɖe ƒo dzikutɔe tso dziehe

Ya dzi ŋɔ sia nu sẽ ale gbegbe,

Esiae nye dzieheya vɔ̃ɖitɔ si ƒo le nuto ma me kpɔ.

Logoti la galé ɖi sesĩe hetɔ afɔ to sesĩe ; Aɖa gabi kɔ ɖe anyi.

Ya la gaƒo sesĩe kple ŋusẽ teƒe eve wu tsãtɔ.

Eye ahom la nu sẽ ale gbegbe be eho logoti,

Eho logoti si ƒe ɖɔme yi ɖatɔ keke dziƒo ke,

Eye eƒe kewo de keke kukuawo de ke la kple ke wòmu gbloo.

Ale aɖa gblɔ be: “‘Akpe na Mawu.’ Mía tɔ nyo wu. Míebia kɔ ɖe anyi gake míehona kple ke o.”

Nufiame: Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ. Tsri dada, ameɖokuikpɔkpɔ kple ame nɔvi makpɔmakpɔ ɖe ɖeke me.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top