Aƒemelãwo Kple Gbemalãwo Nye Suku Blibo

Aƒemelãwo Kple Afrikatɔ Aɖe

Aƒemelãwo, gbemelãwo, akpɔkplɔwo, klowo kple dawo, ɛ̃, suku bliboe wonye na mí. Nu ka tae? Se nya siawo ɖa, Xɔmefie tsɔa ame na gbefi,  Nyi ɖiku medoa ahlɔ̃e ƒe afɔkpa o, Ŋɔŋɔe mevɔna le kpɔ̃ ŋu o. Àkpɔe le lododo siawo me futaa be míesrɔ̃a nu geɖe tso mía xɔlɔ̃ siawo gbɔ.

Ke ènya gbemelã kple aƒemelã siawo ƒomevi siwo gbegbe lia? Àdi be yeanya dawo, klowo, lowo kple akpɔkplɔwo gɔ̃ hã dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔwo le Eʋegbe mea?  Ne nenemae la, ke wòe zɔ kakaka, èva dze aƒe nyui me.

Gbemelãwo Sɔ Gbɔ Taŋtaŋ

Wogblɔna be ave matsɔamegbɔ la, womeɖea ka le eme o. Vavãe, ehiã be míanya aveawo me nyuie ale be nu siwo le wo me naɖe vi na mí. Gbemelãwo le avewo me taŋtaŋ. Wobu akɔnta be gbemelãwo ƒe hatsotso siwo li la wu miliɔn 8.7. Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Ŋutinya tɔxɛ geɖe li míagblɔ tso dzata gã la ƒe gbeɖeɖe va ɖo ahlɔ̃e ƒe duƒuƒu sesĩ dzi ŋuti.  Gake míava nɔ wo tsɔm ɖekaɖeka hena nusɔsrɔ̃ tuameɖo blibo tso dzɔdzɔmenu siwo Mawu na mí la ŋu.

Akpɔkplɔwo Kple Dawo Hã Li

Dzakpata be ɖevi aɖe menya ku o,  Zɔmelo be yenya bublu hafi, zɔgboviawo tae yezi diŋ, Nu si wɔ klo la, ne abɔbɔe wòwɔ la, goa masusɔ o. Ɛ̃e, lã siawo ƒe nuwɔnawo ŋuti wolé ŋku ɖo kpa lododo siawo. Gake klowo, dawo kple akpɔkplɔ ƒe hamehame nenie li! Woƒe hatsotsowo ade 7,000. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso afi sia hã!

Gbemelãwo Nenɔ Ave Míagblɔ Aƒemelãwo Ƒe Nya

Azɔ na míatrɔ ava aƒe me le aƒemelãwo gbɔ, afi si avu ƒomevi siwo wu 340 kple aƒemelãwo ƒe ƒomevi miliɔn 90 aɖewo hã le. Wowɔa nu geɖe na mí. Ɖewo nye mía ŋuti dzɔlawo, ɖewo nye mía xɔlɔ̃wo abe adadiwo alo asẽviwo ene. Lã siawo katã na be agbea nya nɔna na amegbetɔwo. Kpɔe ɖa be, èfɔ ŋdi aɖe me ko, xevi aɖeke mele xɔxlɔ̃m o, avu aɖeke mewò o, koklo aɖeke meku atɔ o! Nu kae nàwɔ, ɖewohĩ awɔ na wò be anyigbaʋuʋu kple tsunami si dzɔ le Yapan etsɔ Dzove 1, 2024 lae be yeava dze aƒe mí hã. Ne mèkpɔ nyuie o la, àde afɔ du me. Eya ta da akpe na Mawu ɖe aƒemelãwo ta.

Na Míayi Lãwo Ƒe Suku La Dede Dzi

Lã hamehame siawo ɖee fia be Yehowa mewɔ mí be míatsi akogo o. Ɖabi, nuwo li zã míatsɔ anɔ modzaka ɖem, anɔ nu srɔ̃m aganya nu ɖe edzi ahanya zɔzɔ le agbe me. Elabena tɔsisi be ɖe yekpɔ ye léla la, anye ne yemaɖo aga o. Menye ɖuɖu ta koe aƒemelãwo kple lã bubuwo li ɖo o, ele be míasrɔ̃ nu tso wo ŋuti ahalé be na wo.

Eya ta ne ègakpɔ adadi alo gbɔ̃ la, wò susu mègayi wo ɖuɖu ko dzi o. Kpɔe ɖa be nu kae yeate ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ atsɔ akplɔ ye ɖokui hã.

Kpɔ nyati sia hã: Atiwo Kple Woƒe Ŋkɔwo

Akpaviwo Kple Tɔmelãwo Ƒe Ŋkɔwo
Aƒemelãwo Kple Gbemalãwo Nye Suku Blibo 

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top