Akpaviwo Kple Tɔmelãwo Ƒe Ŋkɔwo

Akpaviwo Kple Tɔmelãwo

Kpoku kple akpala, kae vivina na wò wu? Ɖe nàgblɔ be abɔbi boŋua? Ame aɖewo hã melɔ̃a nu le abɔbitadi gbɔ o. Mèkpɔe be akpaviwo, tɔmelãwo kple ƒumelãwo nye viɖenu kple nuɖuɖu na amegbetɔwo oa?

Akpaviwo, tɔmelãwo kple ƒumelãwo nye nukunu siwo yɔ tsiwo me fũu. Woƒe nɔƒewoe nye ziɔwo, amuwo, dzegbesiwo, tawo, tagbamuwo, tɔgbawo kple atsiaƒuwo me. Tɔmelãwo kple ƒumelãwo dometɔ aɖewo le sue, míayɔ abɔbi  kple nɔviawo, eye ɖewo hã lolo gã dranyii, woƒe fiawoe nye  boso kple nɔvia agblolui alo dzeŋeɖunui.

Ènya akpaviwo, tɔmelãwo kple ƒumelãwo ƒe agbɔsɔsɔ alo blaeve teti ŋkɔa? Míayɔ tɔmelã kple ƒumelã 242 aɖewo ƒe ŋkɔwo le nyati sia me.

Tɔmelãwo Sɔ Gbɔ Taŋtaŋ

Xexe bubu kurae le míaƒe anyigba ƒuƒui la te, ɛ̃e, xexe bubu kurae le tsiwo, tɔsisiwo, tawo kple atsiaƒu me. Akpaviwo kple tɔmelãwo, ƒumelãwo kple nuwɔwɔ bubuwo le tsiwo gɔme ʋĩi. Nyateƒee, du bliboe le tsiwo te.

Wobu akɔnta be tɔmelã ƒomevi vovovo 33,600 kple edzivɔwoe li. Woƒe amadedewo, nɔnɔmewo kple nuwɔnawo le vovovo. Ɖewo nye nukpɔkpɔ blibo, eye ɖewo hã ne èkpɔ wo la, àbia be nu ka tae Mawu wɔ esiawo hã ɖo mahã. Ne èbu eŋuti ʋuu la, ɖeko nàgblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Mawu koe nya.” Ɛ̃e, Mawu koe nya nu si tae wòwɔ akpaviwo kple tɔmelãwo sɔ gbɔ nenema gbegbe.

Míayɔ akpaviwo, tɔmelãwo kple ƒumelãwo dometɔ aɖewo ya be kpɔkpɔmatikɔ, elabe wonye nukpɔkpɔ blibo. Nu kae nàgblɔ tso adzɔvia kple zãkofi ŋuti? Ke tɔnɔtsi ya ɖe?

Tɔmelãwo Kple Ƒumelãwo Ƒe Viɖewo

Tso gbe aɖe gbe ke la, tɔmelãwo nye nuɖuɖu na amegbetɔwo. Dɔwɔƒe gãwo li eye woƒe dɔ koe nye be woade tɔƒo aɖe tɔmelãwo alo ƒumelãwo na amegbetɔwo. Ame miliɔn geɖe kpɔa ga tso tɔƒodede alo tɔdzidɔwɔwɔ me tsɔ kpɔa woƒe ƒomewo dzi.

Ɛ̃e, tɔmelãwo nye viɖe blibo na amegbetɔwo le goawo katã me. Nublanuitɔe la, Eʋeawo mezãa wo tsɔ doa lo alo zãa wo le woƒe lododowo me abe ale si wozãa godzilãwo kple xewo ene o. Nu ka tae? Ɖewohĩ esi womekpɔa wo heléa ŋku ɖe woƒe nuwɔnawo ŋuti ale o tae.

Na Míakpɔ Tɔmelãwo Ta

Nu geɖewo nye afɔku na tɔmelãwo. Afɔku siawo ƒe ɖewoe nye yame ƒe tɔtrɔ, lãɖeɖe le tɔsisiwo kple atsiaƒuwo me fũu akpa kple yame ƒe ɖiƒoƒo. Ɖewo hã nye aŋenuwo, aŋetukpa kple aŋekpete alo rɔbakpete siwo wokɔ ɖe atsiaƒuwo kple tɔsisiwo me.

Tɔmelã aɖewo kura megali míakpɔ aɖu o. Ɖe mewɔ nublanui ŋutɔ oa? Vavãe ewɔ nublanui ŋutɔ.

Mina míanya aƒa na akpaviwo, tɔmelãwo kple ƒumelãwo. Ɛ̃e, mina míaxɔ na wo. Mina míado abɔgɛ awɔ nane tso nɔnɔme sia ŋuti.

 Wogblɔna be ati si dzi wole la, womeɖea fia ɖe edzi nɔa lalãm o. Mina míaxlɔ̃ nu mía haviwo be womegatsɔ aŋenuwo kɔ ɖe tsiwo me o. Elabe totamexe be yemedoa to ƒe ku o, to nenɔ agbe yeafɔ axɔ̃ le eŋu.

Kpɔ nyati siawo hã: Aƒemelãwo Kple Gbemalãwo Nye Suku Blibo

             Atiwo Kple Woƒe Ŋkɔwo

             Xewo Kple Woƒe Ŋkɔwo

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top