Vinɔkɔ Akpalu si nye hakpanyaŋlɔla gãtɔ si nɔ Eʋenyigba dzi

VINƆKƆ AKPALU—Eʋeawo Ƒe Hakpanyaŋlɔla Gãtɔ

VINƆKƆ AKPALU
Eʋeawo Ƒe Hakpanyaŋlɔla Gãtɔ

Vinɔkɔ Akpalu le eƒe xɔ mɔnu

Vinɔkɔ Akpalu lae nye papa tsitsi si le ketea me
Hakpanya viviwo le Eʋeawo si. Wodzia ha siawo le azãɖuƒewo, kuteƒewo kple wɔna vevi bubuwo me.

Eʋeawo mefena le hakpanyawo ŋuti kura o, eye wodea asixɔxɔ hakpanyaŋlɔlawo hã ŋuti ŋutɔ.
Togbɔ be hakpanyaŋlɔlawo de ha le Eʋenyigba dzi hã la, hakpanyaŋlɔla ɖeka aɖe ya ƒo wo katã ta: Eyae nye Vinɔkɔ Akpalu. Míagblɔ eƒe agbemenya vi aɖe ko ne nàse.

Wodzi Vinɔkɔ Akpalu

Wodzi Vinɔkɔ Akpalu le ƒe 1888 me lɔƒo le Tsiame si te ɖe Anyako ŋu le Volta Nutome. Akpalu fofo ŋkɔe nye Kpodo Ahiamadi. Aƒetɔ Ahiamadi nɔ Fiaxo, si didi kilometa 10 tso Aŋlɔgã gbɔ. Dadaa Ehi, ya nye Anyakovi dzidzi, eye eya hã nɔ ƒukpo bubu aɖe dzi.

Vinɔkɔ Akpalu si nye hakpanyaŋlɔla gãtɔ si nɔ Eʋenyigba dzi

Wodzi Akpalu le nɔnɔme madeamedziwo me. Eƒo nu tso nya siawo ŋuti le eƒe hakpanyawo dometɔ ɖeka me. Ɣleti etɔ̃ do ŋgɔ na edzidzi la, aʋa dzɔ le Anyako. Abe ale si wònɔna le ŋkeke mawo me ene la, futɔ siwo nye Europatɔwo do ŋɔdzi na Anyakotɔwo be yewoatɔ dzo woƒe dua. Eya ta eva hiã be Anyakotɔwo nasi. Akpalu dada, si fɔ fu ɣleti adee nye ema la, si dzo le Anyako yi Tsiame, afi si wòdzi Akpalu le.

Akpalu Fofo Ƒe Asitsatsa

Aƒetɔ Kpodo Ahiamadi, Akpalu fofo, nye asitsala. Etsɔa adzɔnuwo abe atama, aha, tu, ɖu kple avɔ ene yia Eʋenyigba ƒe dzigbenutowo me. Ne etrɔ gbɔna la, eƒlea rɔba kple detsiƒonu va dzrana. Enɔ asitsatsa sia dzi ƒe geɖe. Esi wònye be asitsatsa dea ame dzi ɣemaɣi wu agbledede ta la, aƒetɔ Kpodo metsi dzi kura ɖe anyigbaƒeƒle ŋu o. Esia va de via ŋutsu Akpalu fukpekpe geɖe me emegbe.

 

Akpalu Ƒe Ayaɖuɖuwo

Esi Akpalu fofo nye asitsala kple mɔzɔla ta la, eya ŋutɔ mete ŋu he via o. Wogblẽ Akpalu ɖe dadaa kple eƒe ƒometɔwo gbɔ. Dadaa ku esime wònye ŋutsuvi dzaa ko, eye wòva tsi eƒe ƒometɔ aɖe si me. Ƒometɔ sia sẽ ŋuta le Akpalu ŋu ale gbegbe be ɖeko wòva si dzo le egbɔ.

Ɣeaɖewoɣi la, etsia dɔmeɣi. Awu ʋɛ aɖewo koe nɔ esi. Togbɔ be ele nenema hã la, wozi edzi wòwɔa dɔ sesẽ le aƒea me wu ɖevi bubuawo. Nyateƒee, wosẽ ŋuta le eŋu ale gbegbe be eƒe nu wɔ nublanui na eɖokui eye wòɖe eƒe seselelãmewo gblɔ le hakpanyawo me.

Akpalu Zu Hakpanyaŋlɔla

Kaka Akpalu naxɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ la, ezu hakpanyaŋlɔla kple hafiala. Zi geɖe la, eƒoa ɖeviwo nu ƒu le ƒuta hefiaa hadzidzi wo. Eteƒe medidi o, eƒe nuwɔna sia he ame tsitsiwo ƒe susu. Gake eƒe hadzidziwo to vovo na ʋuƒoƒo kple haƒoƒo siwo katã nɔ anyi ɣemaɣi.

Eva trɔ asi le eƒe hawo ŋuti ale be woate ŋu aƒo ame tsitsiwo ƒe ʋu si woyɔna ɣemaɣi be Atigo alo Dekɔ la ɖe wo dzi. Ɣemaɣi la, melɔ̃ ɖe edzi gbã be ye ŋutɔe ŋlɔ yeƒe hakpanyawo o. Ɖe wògblɔ boŋ be ye fo si dzia haawo la tɔe, elabena woxɔe se be hakpanyaŋlɔlawo ƒe agbe va wua enu ɖe fukpekpe me godoo. Eya ta be ame nagblɔ be yenye hakpanyaŋlɔla la, efia be ele eƒe agbe kple dzidzɔkpɔkpɔ dem afɔku me. Gake emegbe la, eva lɔ̃ ɖe edzi bliboe be ye ŋutɔ kpa haawo, be nu si be yeadzɔ ko nedzɔ.

Akpalu ɖe srɔ̃ zi ade gake medze edzi o. Srɔ̃nyɔnuawo dometɔ aɖewo gblẽe ɖi le vimadzimadzi ta; bubuwo hã ku. Via nyɔnu ɖeka kolia si wodzi nɛ le eƒe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ me hã va ku emegbe.

VINƆKƆ AKPALU—Eʋeawo Ƒe Hakpanyaŋlɔla Gãtɔ Read More »

Togo-nyɔnu hadzila bibi xɔŋkɔ si ƒe gbe ganya sena egbea.

Bella Bellow Hadzila Gbevivitɔ La

Bella Bellow
Hadzila Gbevivitɔ La

Togo-nyɔnu hadzila bibi xɔŋkɔ si ƒe gbe ganya sena egbea.

“Bella,” si fia “nyonyo, atsyɔ̃” le Helagbe, Spaniagbe, Italiagbe kple Portugalgbe me lae nye Togo-nyɔnu hadzila gãtɔ ƒe ŋkɔ. Hadziŋkɔ si amewo lɔ̃a yɔyɔ na nyɔnu sia lae nye Bella Bellow. Ɛ̃, ŋkɔa nya se abe nyɔnu sia ƒe gbe vivi la ke ene.

Gake ame kae nye Bella Bellow? Eƒe hawo dometɔ aɖewo ɖe? Aleke gbegbe eƒe ŋkɔ de du? Na míakpɔe ɖa.

Ame Si Woyɔna Be Bella Bellow

Ðewohĩ èse eƒe hadzidzi aɖewo kpɔ, eye eƒe hadzidziwo léa dzi na wò. Ate ŋu adzɔ be mènyae kura o. Bella Bellow nye egbegbe Togo hadzilawo ƒe mɔtala kple hadzila si ƒe ŋkɔ Afrikatɔwo meŋlɔna be o.

Bella Bellow ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔe nye Georgette Nafiatou Adzoavi. Wodzii le Dzove 1, 1945 le Tsevie, si nye du aɖe si didi tso Lome si nye Togo ƒe fiadu la gbɔ kilometa 35. Gake Agoué-Nyivé koŋue wònɔ le eƒe ɖevime. Georgette ƒe tagbɔ kɔ ŋutɔ le gɔmedzesuku kple sekɛndrisuku siaa. Esi wòwu sekɛndrisukua nu la, eyi Abidjan ɖasrɔ̃ agbalẽŋɔŋlɔdɔ le Côte d’Ivoire le suku si woyɔna be École des Beaux-Arts.

Bella Bellow Dze Hadzidzi Gɔme

Le ƒe 1963 me la, Bella dzi ha vivi aɖe zi gbãtɔ amewo se le sukuzã aɖe ɖuƒe. Eƒe tugbedzedze, eƒe gbe vivi kple dzo si le eme na be ɖeko wonɔa ekpem na azã xɔŋkɔwo kple sukuzã geɖewo. Ɛ̃e, Bella ƒe ŋkɔ de asi nyɔnyɔ me le Lome kple eƒe golɔgoewo me.

Bella ƒe nufialagã siwo le Beaux-Arts dometɔ ɖeka de dzesii be hadzidzi ƒe ŋutete gã aɖe le eme, eya ta ekplɔ Bella de asi na Gérard Akueson, si ƒe ŋkɔ de du le show-biz me. Akueson va zu Bella ƒe dɔdzikpɔla, eye wona hadziŋkɔ nyɔnu dzetugbe sia be Bella Bellow. Bella Bellow ƒe hadzidziwo zu léameɖebomenu blibo.

Bella Bellow Ƒe Ŋkɔ Te Nyɔnyɔ

Ale si Bella Bellow ƒe gbe vivina ta la, Benin ƒe Dukplɔla Hubert Maga kpee le ƒe 1965 me be wòadzi ha le Dahomey, si woyɔna egbea be Benin, ƒe Ɖokuisinɔnɔzã la dzi. Le ƒe 1966 me la, ekpɔ gome le Xexeme Katã Ƒe Ameyibɔ Hadzilawo Ƒe Azã me le Dakar si nye Senegal ƒe fiadu la me. Eƒe hadzidzia na be amewo katã ƒe tame ble fu, gbɔgblɔ bu ɖe wo, eye eƒe nu lé dzi na wo vavã. Ame sia ame agblɔ na wò be eƒe hawo vivina ŋutɔ. Vavãe, gbe vivi la hae wodzina kplii. Ɖetugbui la dzia ha eteƒe mekɔna o. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa melɔ̃na be yewoatso le yewoƒe zikpuiwo dzi ne wole eƒe hawo sem o.

Bella Bellow tea ŋu ɖea seselelãme ɖe sia ɖe ƒomevi gblɔna le eƒe hadzidziwo me. Eƒe hadzidzi aɖewo ana nase vivi le lãme, nàlé blanui, nakpɔ dzidzɔ eye ɖewo hã ana be nàyi ŋugble me blibo. Anyiehe Afrika nyɔnu hadzila Miriam Makeba ƒe hawo doa dzidzɔ na Bella ŋutɔ. Bella tsaka hadzila sia ƒe atsyãwo kple Togotɔwo ƒe hadzimɔnuwo, trɔ asi le wo ŋu tsɔ ɖe hadzidzi ƒe atsyã yeye ɖe go.

Xexeme Katã Ƒe Ameyibɔ Hadzilawo Ƒe Azã

Le azã sia dzi la, Bella Bellow ƒe ŋkɔ de du le xexea me godoo. Afrika bliboa di be yease eƒe gbe. Kotonutɔwo, Dakartɔwo, Bamakotɔwo, Akratɔwo, Niameytɔwo, Ouagatɔwo le to dzi be yewoase eƒe gbe.
Azãɖuƒea yɔ gbagba. Amewo ƒo zi ɖe teƒea kple susu ko be yewoase nyɔnu dzetugbe gbevivinatɔ sia ƒe gbe.

Esi wòɖo kpea dzi la, amewo fɔ ŋku ɖe edzi dzoɣlii. Ɣesiaɣi si wòdze ha aɖe gɔme la, amewo tsona ɖe tsitre, nɔa aseye tsom eye ne ewu ha aɖe nu la, wogatsona ɖe tsitre nɔa asikpe ƒom kakaka. Ɛ̃e, Bella ɖo asi azã bliboa dzi.

Gérar Akuesson, si nye eƒe dɔdzikpɔla kplɔe yi Paris. Afi siae Bella Bellow ƒe didi vevi aɖe va eme nɛ le. Esia va eme esi wokpee wòva dzi ha le fefewɔƒe xɔŋkɔ si woyɔna be Olympia. Ha vivi siwo gbegbe wòdzi le Olympia na be eƒe ŋkɔ nyɔ ganyɔ ɖe edzi. Fifia ya la, eƒe ŋkɔ le amewo katã nu le xexea me godoo.

Ezɔ mɔ ɖadzi ha le du vovovowo me. Eyi ɖadzi ha le Hadzila Xɔŋkɔwo Ƒe Azã si woɖuna le Rio de Janeiro le Brazil. Wɔna sia yi edzi le Brazil ƒe Maracana Bɔlƒoƒe, eye vavalawo wu ame akpe alafa ɖeka. Gbe ma gbe la, àsusu be anyitsi wode eƒe gbe me. Azã ma ɖuɣie woda ŋkɔ ɖe edzi be “Afrika-nyɔnu Bluz-dzila” eye Eurapatɔwo dia eƒe gbe be yewoase kple eƒe ŋkume be yewoakpɔ.

Du siwo me wòyi ɖadzi ha le la dometɔ aɖewoe nye Athens le Hela, Split le Yugoslavia, Rennes le France, Berlin le Germania, Guyana kple Guadeloupe.

Bella Bellow ɖe eƒe disk gbãtɔ Rockya ɖe go le Paris.

Bella Ƒe Ha aɖewo

Bella Bellow ƒe ha wɔdɔɖeamedziwo dometɔ ɖekae nye Blewu. Enye ha wɔblanui blefulãmename aɖe. Enana be amegbetɔ yia tame le etsɔ si gbɔna la ŋuti. Eƒe ha aɖewo hãe nye Ewɔa kple Lafoulou. Eƒe ha si nye Nye Dzi ya doa dzidzɔ na ŋutsuwo koŋ. Egblɔ le ha ma me be: “Nyemaflu wò gbeɖe o! Afi si nàyi la, nye hã mayi. Afi si woaɖi wò ɖo la, afi mae maku ɖo. Ku gɔ̃ hã mate ŋu ama mía dome o.”

Eye eƒe hadzidzi si Togotɔ geɖewo nya nyuie lae nye Denyigba. Edzi ha vivi sia tsɔ kafu woƒe denyigba si nye Togo.

Eƒe Ƒomegbenɔnɔ Kple Eƒe Ku

Esi Bella Bellow trɔ gbɔ va Togo la, eva ɖe ʋɔnudrɔ̃la Théophile Jamier-Lévy eye wodzi nyɔnuvi ɖeka kolia si ŋkɔe nye Nadia Elsa.
Bella Bellow ku le Dzome (Décembre alo December) 10, 1973 le ʋufɔku aɖe me. Etrɔ tso wo de yina Lome, eye afɔku sia va dzɔ ɖe wo dzi le teƒe si te ɖe Lilikɔƒe ŋu le Ziɔ-nutoa me. Bella ku le ʋufɔku ma me esime wòxɔ ƒe 28 pɛ ko.

Esiae nye Georgette Nafiatou Adzoavi si ƒe hadziŋkɔe nye Bella Bellow ƒe ŋutinya kpui aɖe. Àte ŋu ase eƒe ha aɖewo le nyatakakakpɔƒe sia.

Bella Bellow Hadzila Gbevivitɔ La Read More »

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top