Eʋe Lododowo Ƒe Viɖe

Adzidoti gã aɖe le dzogbe
Nunya adidoe, asi metunɛ o

EƲEAWO gblɔna be: “Nunya adidoe, asi metunɛ o.” Eye míagblɔe kple kakaɖedzi be lododowo koŋ mee nunya bɔ le. Viɖe geɖe le lododo siawo ŋu ale gbegbe. Kpɔ nunya gbogbo si le Biblia ƒe agbalẽ si woyɔna be Lododowo me la ɖa ko!

Lododowo wɔa dɔ ɖe ame dzi eye wokpena ɖe ame ŋuti wòtrɔa eƒe agbenɔnɔ wòɖɔa ʋu wu. Lododo geɖe le Eʋeawo hã si. Nu kae nye lododo? Afi kae Eʋeawo kpɔ lododo siawo tsoe? Eye viɖe kae le lododowo ŋuti?

Nu Kae Nye Lododo?

Lododo nyea nyagbɔgblɔ kpui aɖe si dzi amewo katã lɔ̃na ɖo bɔbɔe be enye nyateƒe eye wozãnɛ tsɔ ɖoa aɖaŋu alo xlɔ̃a nu ame le agbenɔnɔ ŋuti.

Afi Kae Eʋeawo Kpɔ Lododo Siawo Tsoe?

Eʋeawo léa ŋku ɖe dzɔdzɔmenuwo ŋuti tsɔ kpaa lododo. Woléa ŋku ɖe amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo kple wo me tsonuwo ŋu tsɔ kpaa wo. Nenema ke woléa ŋku ɖe lãwo ƒe nuwɔnawo kple atiwo ƒe nɔnɔmewo hã ŋu tsɔ kpaa woe. Lododo aɖewo toa vovo vie le Eʋedukɔ vovovoawo me, gake ne wonya do lo la ko la ame geɖe sea egɔme bɔbɔe. Eʋeawo kpaa nya dea nu na lãwo kple atiwo gɔ̃ le lododo siawo me. Le kpɔɖeŋu me, wobe “Abɔbɔ be, ne ye ɖeka tae la, anye ne tu maɖi le ave me o” evɔ wònye ɖe wolé ŋku ɖe abɔbɔ ƒe nuwɔna ŋuti kpa nya sia de enu.

Eʋedukɔ keke tso Ghana, Togo, Benin va ɖo keke Nigeria ke. Tɔtrɔ vivivi aɖewo le ale si wogblɔa Eʋegbea me le du vovovo siawo me. Eya ta ehiã be míaŋlɔ lododo aɖewo zi eve le nyati siwo nye Eʋe Lododowo, nyati ɖekaɖeka blaeve siwo ava ɖe nyati sia yome, la me. Ne èkpɔ esia la, mègasusui be vodadae o, ɖe míeɖoe koŋ wɔe nenema. Kpɔɖeŋu aɖee nye esi: “1. Avu medzia vi le asi dome o. 2. Avu medzia vi le dutoƒo o. ” Le nyateƒe me la, lododo ɖeka koe, gake wo gbɔgblɔ koe to vovo vie tae míeŋlɔ evea siaa ɖo.

Viɖe Si Le Wo Ŋuti Le Eʋegbe Me

Lododo nye Eʋegbea ƒe amike. Wozãnɛ ŋutɔ le fiaƒewo me vevietɔ ne wole kodzo ɖom. Eʋeʋi dzrowo hã zãa wo le woƒe gbe sia gbe dzeɖoɖowo me. Lododowo nana be kpekpeme nɔa nya siwo gblɔm wole la ŋuti, wonya sena na to eye wovivina hã.

Ne wole kodzoɖoƒe la, amenutsolawo, ame siwo nu wotso kple fiahawo siaa gblɔa nya geɖewo le lododo me. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo siwo wona anyigba la tsɔ anyigba ƒe nyaʋiʋli aɖe yi kodzoɖoƒe. Esi woku nyaa me ʋuu la, wova kpɔe be ame siwo le anyigba ʋlim la tɔ medzɔ o, elabe ame ƒeƒlewoe wo tɔgbuiwo nye. Eya ta wodo fe na wo eye dumemetsitsi aɖe gblɔ na wo be: “Atikpo nɔ tɔ me mezua lo o.” Esia le fiafiam be togbɔ be wo tɔgbuitɔgbuiwo nɔ anyigba mawo dzi tso blema ke hã la, menye anyigba ma dzi tɔwoe wonye o. Ame ƒeƒlewoe wonye, womekpɔ mɔ aʋli anyigba o.

Esi tsitsiawo dometɔ ɖeka yi ŋugble me tso nya la ƒe yiyime ŋu ʋuu la, ekpɔe be ele be yealé avu nya la. Nya la di be yeahe domegbegblẽ va. Eya ta egblɔ le kodzoɖoƒea be: “Avu medzia vi le dutoƒo o.”
Wò hã ènya lododo aɖewo gblɔna? Wole bɔbɔe henya sena ŋutɔŋutɔ. Eʋe lododowo nye kesinɔnu blibo na Eʋeawo. Dze agbagba nàɖu tu na wo le nyatakaƒe sia.

Na Míado Boblo Míaƒe Lododo Maƒoasiawo

Viɖe geɖe le lododowo ŋu. Lododo nana be megahiãna be ame naƒo nu legbee hafi woase nya si wòdi be yeagblɔ la gɔme o. Esi wònye be ame akpa gãtɔ dea bubu lododowo ŋuti ta la, wolɔ̃na faa wɔna ɖe eƒe nuxlɔ̃amewo alo aɖaŋuɖoɖowo dzi bɔbɔe.

Míema lododoawo katã ɖe akpa 20 me eye wole lododo 1000 kple edzivɔ. Eya ta mina míado boblo lododo siawo eye míado boblo nyatakaƒe sia hã ale be wòanye viɖenu blibo na Eʋeawo.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top