EƲE LODODOWO AKPA 12

Koklotsu aɖe le ati dzi

551. Klokpɔƒee nye klofɔƒe.
552. Klokpodzi medea dzi o.
553. Klu gã ɖi ƒodo be yewo de nyo.
554. Klu gã menye vi gã o.
555. Koklo be dzianidziani tae yebɔbɔna hafi ɖoa xɔ.
556. Koklo be fefe mele kɔ gbɔ o.
557. Koklo be ɣlidolae woxɔna na.
558. Koklo be kɔ gbɔe agbe le.
559. Koklo be yeɖo xɔ gake yeƒe ble le xexe.
560. Koklo be yeɖo xɔ tso yeƒe ble le xexe.
561. Koklo be yemele aka nyim ɖe azi nu kaka ne wòanye vi nu o.
562. Koklo be yemele nu mɔm ɖe azi nu kaka ne wòanye vi nu o.
563. Koklo be yewole dzrea wɔm hã yewole ŋku kpɔm.
564. Koklo be, “kunyae.”
565. Koklo be, menya kpɔna ganya kpɔna o, eya ta yebɔbɔa ble hafi yia kpo me.
566. Koklo ƒe nya medzɔna le aʋakowo de o.
567. Koklo ƒe nya medzɔna le aʋakowo ƒe kodzoɖoƒe o.
568. Koklo kaa akɔli dzi nɔa ƒe ataƒu ŋue wòkena ɖo.
569. Koklo kuku ƒe asixɔƒee nye aɖukpo dzi.
570. Koklo masenu kple nɔvia botsyoe zɔna.
571. Koklo metsɔa ƒu dɔme vea avu o.
572. Koklo nɔ be peteewo dome mesea ʋeʋẽ o.
573. Koklonɔ be nu vivi metsia teƒe ɖeka o, eya ta le asiyɔyɔ megbe la, yeʋuʋua xotsoxotso be wòakaka ɖe yeƒe afi sia afi.
[Ɣesiaɣi si koklotsu yɔ asi koklonɔ ko la, koklonɔ ʋuʋua eɖokui sesĩe eye fu fɔna ɖe eŋu dzeke hafi wòdzona. Esia ŋu wolé ŋku ɖo kpa nya sia de nu na koklonɔ. Esia nye nuxlɔ̃ame ɖe ŋɔkuku ŋu. Nenye be wò ɖeka nèdzea go ɖe nuwo dzi hetsyɔa akɔ ɖe wo dzi la, ekem wò dzidzemekpɔkpɔ tsi xɔ me.]
574. Koklonɔ tsitsi medea asi me dzro o.
575. Koklotsu be vɔvɔ̃e nye agbe.
576. Koklotsu be yetsi klokloklo ŋlɔ kpo be.
[Wofɔ esia tso koklotsu ƒe xɔxlɔ̃ ne ele gbe me eye nane ɖi kpee wòvɔ̃ evɔ naneke meli wòatsɔ aʋli eɖokui tae o me. Enye nuxlɔ̃ame be dzigbɔɖi hiã le nu sia nu me.]
577. Koklotsu be vɔvɔ̃e nye agbe.
578. Koklotsu eve wole dzre wɔm gake wole wo nɔewo ƒe ŋku kpɔm.
579. Koklovi mekua atɔ o.
580. Koklovi si le aɖukpo kam la nɔa ƒe ƒu dim wòle.
581. Koklowo katã meɖea gbe ko wogblɔna be ŋu ke o.
582. Kokloxɔ mekpea ŋu na koklo o.
583. Kokloxɔ vuvu mekpea ŋu na koklo o.
584. Koklozi meɖua ɣe le kpe dzi o.
585. Kotɔ ƒe alẽtsu metoa kɔdza o.
586. Kotɔ meɖua agbe o.
587. Kpakpaxe be yemenya ɣekaɣi fia ade se be ame sia ame nenɔ afɔ ɖeka dzi o, eya tae ne yeli sẽe la yedea ɖeka agu me.
588. Kpɔ vuvue dzɔa dzi na gbɔ̃.
589. Kpɔ̃vi meyɔna na azɔli o.
590. Kpe le tɔ me dzo le eme.
591. Kpegolo meƒoa ya o.
[Kpegolo fia golo si me kpe le.]
592. Kpẽ meɖina fia vi yɔna o.
593. Kpeɖala mebia dzi o.
594. Kpeɖatɔ mebia dze ta o.
595. Kpo medzea ŋgonu wobia ʋu ta o.
596. Kpo medzea ŋgonu wogabia ʋu ta sena o.
[Lododo sia le fiafiam be ne nanewo dzɔ la, wo me tsonuwo kplɔa wo ɖo godoo.]
597. Kponyo mesɔa tu o.
598. Ku fana, dɔ mefana o.
599. Ku ne maɖia agbe mee wokpɔnɛ le.
600. Kuɖiɖi nyo wu ku.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top