EƲE LODODOWO AKPA 14

Abɔbɔ yi klo gbɔ le eƒe me
Ne abɔbɔ yi nugbe la, klo gbɔ wòdzena

651. Mido baba na atamagoe, atamadolawo le avi fam kakaka.
[Efia be nenye be atama vi aɖe ko atamadola do hafi eƒe ŋkuwo le aɖatsi fam la, ke menye nu vi aɖee le atamagoe si me atama sɔ gbɔ le la tum o.]
652. Míenya be fue hafi le eyɔm be akegle.
653. Milé be na miaƒe nu xoxowo, elabena woawo hã nɔ yeyeme kpɔ.
654. Milée, ame wolénɛ na.
655. Milée, milée, amee wolénɛ na.
656. Mo globo menye ŋku toto o.
657. Naneke mele tsi si, si mele dzo si o.
658. Nanewɔtɔ megbea nyɔnyɔ o.
659. Nɔagbemíwɔe nyo wu ku.
660. Nɔamegbɔ medzea ame ŋu o.
661. Ne abɔbɔ yi nugbe la, klo gbɔ wòdzena.
662. Ne adeʋu le ɖiɖim la, menye ame sia amee ɖunɛ o.
663. Ne adzɔ̃e dze xa dzi la, eƒonu megali o.
664. Ne afi lolo hã dadi ƒe kluvi ko wònye.
665. Ne agble medidi o la, wometsɔa tsigo gã yina o.
666. Ne ahago gbã la, ahayɔvi ye nu wɔ wu.
667. Ne ako maɖi ʋu o la, kpɔ eƒe ble ɖa.
[Esi wònye be ako ƒe ble nɔa dzĩ ta la, ne ako la ŋutɔ ƒe amadede mele dzĩ abe ʋu ene o hã la, eƒe ble ƒe amadede ya ɖi ʋu.]
668. Ne ame aɖe be yeana nɔvia kuku la, ele be nɔvia nakpɔ eƒe ta ɖa.
669. Ne ame aɖe ƒe gbe vivi la, ha wòatsɔe adzi.
670. Ne ame aɖe ƒle te la tefe wòxena, eye ne ame aɖe ƒle ʋle la ʋlefe wòxena.
[Enye agblemenu aɖe si ɖona ɖe tome. Eɖi makani gake ne ame ɖui la, efia ŋuti na amea.]
671. Ne ame aɖe kpɔ nɔvia ƒe ta le dzogbe la, netsɔ etɔ yi de ave.
672. Ne ame aɖe le alɔ̃ dɔm eye nèʋuʋui wònyɔ la, wò ŋkumee wòakpɔ gbã.
673. Ne ame aɖe le ʋu tome ƒom la, egbɔna ʋu la ŋutɔ ƒo ge.
674. Ne ame aɖe wɔ aye be yeku la, aye wowɔna ɖinɛ.
675. Ne ame ƒe afɔdzideƒe nyo la, eyae wòtsɔa asi eve ɖoa anyi.
[Eya ta mègabu fɔ nɔviwò le eƒe fukpekpe ta alo nàkoe o.]
676. Ne ame ƒe asitsu dze ɖeka hã la, wokafunɛ.
677. Ne ame lɔ̃xo ɖi ku la womekonɛ.
[Lododo sia fia be ne ame ko lɔ̃xoa la èdi domegbegblẽ. Womedoa asi ɖe ame to ŋkume o, ne èdo asi ɖee la èdo asi ɖe alẽ ƒe ŋkume.]
678. Ne anyigba dze dzo la afɔ ŋutɔ lanya.
679. Ne ati aɖe le nya dim ɣesiaɣi le fiáwo ŋuti la, mumu ye le edzrom.
680. Ne ati ku la, atitae dzena.
681. Ne ati ku la, atitae ɖe wòtana.
682. Ne atukpa aɖe le ɣe ɖum le kpe dzi la, ke gbagbã ye le edzrom.
683. Ne aʋa sẽ ŋu la, ekema dziɖuɖu gogo.
684. Ne Awusawo do asi na ame hã, wogblɔna be Alabaraka.
[Alabaraka gɔmee nye ɖedzi alo abia be woaɖe gaa dzi.]
685. Ne azɔli le ame nu vivim ʋuu hã, ne woɖo mɔdogonu la, ɖeka koe wotona.
686. Ne bɔlu da ami la, sikɔ ƒe tamee.
[Sikɔ́ nye ƒumelã aɖe.]
687. Ne da ɖu ame kpɔ la ɖe wòvɔ̃na na vɔkli.
688. Ne da ɖu wò kpɔ la, ne èkpɔ vɔkli nàvɔ̃ nɛ.
[Wogayɔa vɔkli be blakutsu alo dɔkplevi.]
689. Ne da lia ŋutiti la, ekema eƒe ŋkue biã. Ne menye dzoe ɖee ɖe nu o la, ekema kpoe le eyome.
690. Ne dɔ to la, menye nu sia nu woɖuna hafi dɔ kena o.
691. Ne dzo tu le lã wɔadã ta la, ɖeviwo ɖe wolilia asi eƒe tame.
692. Ne èbe nɔvi megatso ewo o la, wò hã màtso asieke o.
693. Ne èbe yease fɔlĩ ƒe vivi la, lo ɖe wòléa ame.
694. Ne èbe yeatsɔ ame aɖe akpa eye eya be wò kɔ dzi yeanɔ evɔ màte ŋu akɔe ɖe kɔ dzi o la, ɖii da ɖe anyi.
695. Ne edidi ʋuu hã etsɔ ko woyɔnɛ.
696. Ne èdo ŋukpe ame aɖe le kuteƒe la, ado ŋukpe wò le asi me.
697. Ne èfa na koklo la, nàfa na aʋako hã.
698. Ne èkpɔ nɔviwò ƒe ta le dzogbe la, nàtsɔ tɔwò aɖo ave.
699. Ne èkpɔ nɔviwò ƒe ta le dzogbe la, nàtsɔ tɔwò asi aɖo avee.
700. Ne ènya be ye vi mebua ame o hafi nèbe yeadɔ dɔe la, mègakpɔ eƒe mo o. Mègado ɣli hã ɖe eta le ame dome o.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top