EƲE LODODOWO AKPA 15

Lo yibɔ aɖe le tɔ to
Ne lo lolo ʋuu hã la, azimevi ko wònye

701. Ne enya wɔna la ʋu anɔ agalãgo me.
702. Ne enyo na adela lae wògblɔna be afi si ko yenɔ dae nye esi.
703. Ne enyo na nue wògbãna ɖe ge me.
704. Ne èsukpa le amewo gbɔ la, enyo wu be nàsukpa le ɖokuiwò gbɔ.
705. Ne ètso na afi la, nàtso na adadi hã.
706. Ne ètso na afi la, nàtso na asẽvi hã.
707. Ne ètso na koklo la, nàtso na aʋako hã.
708. Ne ètsri kɔ la, nàtsri kɔtete hã.
[Kɔ́ nye anyi ƒomevi aɖe si dea ade nyuie eye wotsɔ tua xɔ, ne ame aɖe tsri kɔ la, ele be wòatsri te si wodo ɖe kɔ te hã.]
709. Ne èwɔ ɖokuiwò alẽvi la, àkpɔe be amegãxi mele didiƒe o.
710. Ne èwɔe la, wò ŋutɔe nèwɔe na.
711. Ne èyi abɔbɔwo de la, womegabiaa xɔdɔmea o.
712. Ne fu mele ame ɖum o la, womedzia vi o.
713. Ne fu mewɔ wò kpɔ o la, ne ame aɖe do fuha ɖa la, màte ŋu axee nɛ o.
714. Ne kɔ ƒe nu menyo ame ŋu o la, womebɔbɔ nɔa anyi ziɔna ɖe gli ŋuti o.
[Kɔ́ nye anyi ƒomevi aɖe si dea ade nyuie eye wotsɔ tua xɔ.]
715. Ne ku ɖi vevie la, ekema tsidzadza te tu aƒe.
716. Ne lã vevi le du dzi la du nue wodanɛ le.
717. Ne lãtɔwo meyi asi me o la, nu gbegblẽwo hã menya dzrana o.
[Lãtɔwo gɔmee nye bometsilawo, gegemewo, abunɛtɔwo.]
718. Ne lɔlɔ̃ sa kɔ la menya tuna o.
719. Ne lo lolo ʋuu hã la, azimevi ko wònye.
720. Ne lobovi le ŋuwò ɖe, agadzea?
[Lobovi nye ahatukpa sue aɖe. Eya ta lododo fia be ne èdze aha mexe fea o ɖe, àgadze bubua?]
721. Ne nèyi akpɔkplɔwo ƒe du me eye wotsyɔ akɔ la, wò hã nàtsyɔ akɔ.
722. Ne nu mewu ame o la, womayi agble agbɔ ava ɖu nukɔ o.
723. Ne nu ve akpa la, ekema ebɔɣi ɖo.
724. Ne nyɔnu ɖe wòɖoa ŋku vidzigbe dzi la, anye ne nyɔnu aɖeke madzi vi zi eve o.
725. Ne nyi ɖi ku hã tsikpo metsɔnɛ o.
[Tsikpó nye nu si me wokɔa kluviwo alo hawo le.]
726. Ne Ŋɔtsiẽfia ɖo ame ɖe aʋa la, ame ŋutɔe nyaa tsetse.
[Tsetse gɔmee nye bebe.]
727. Ne ŋku gbã hã alɔ̃ le eme.
728. Ne ŋkuagbãtɔ aɖe be yele ekpe da ge la, eƒe afɔ le kpe la dzi xoxo.
729. Ne ŋkuagbãtɔ be yeada kpe wò la, nya be eƒe afɔ le kpea dzi xoxo.
730. Ne ŋuti le fiẽwòm la, wò ŋutɔ wò avɔ mee wòtso.
731. Ne salagatsi anye nu kpɔkpleŋku ado la, xɔdrɔ̃wo hã woawɔ wo tɔ si nua.
732. Ne taɖa nyo ʋuu hã kuku koe nɔa edzi.
733. Ne tekpoɖoe mekpɔ eɖokui ƒe geme o la meɖoa nuku o.
734. Ne teti le agbea, tekae vuna ɖe eŋu.
735. Ne tsi gbɔna la, ame ƒe agbleto nu wokpɔna.
736. Ne tsi le dzadzam la, ame ƒe agble godzi wokpɔna.
737. Ne tsidzi do la, ekama fɔŋli ɖo.
738. Ne ʋuti mu la, aɖibae xɔa eteƒe.
739. Ne wobe nàkpɔ dzime nàkpɔ anyigba.
[Dzime gɔme le afi siae nye yame alo dziƒo.]
740. Ne wode avuwɔwɔ ƒe se la, avuwɔlawo ɖe wokpena.
[Wokpena gɔmee nye wosɔa gbɔ. Lododo sia fia be ne wode se be womegawɔ dzre o la, vɔvɔ̃nɔtɔwo kekeake nɔa adã kam be yewonya kɔdada.]
741. Ne woƒle koklo womexe eƒe fe vɔ o la, womedoa asi ɖe gbɔ̃ ŋuti o.
[Eya ta nɔvi wɔ nu ɖe wò ŋutete nu.]
742. Ne wole dze siam kakaka hã tsi me yi ge wòala.
743. Ne wole dze siam ʋu hã la, tsi me ko yi ge wòala.
744. Ne wole kese kom la, wole etsɔla hã kom.
745. Ne wometso tɔ vɔ o la, womeyɔa lo ƒe nu lɔbɔ dzuna o.
746. Ne woyi abɔbɔwo de la, womegabiaa xɔdɔme o.
747. Ne xexea me be yeaɖe wò afia la, àɖo kpo agaɖo vo hã akpe ɖe eŋu, ale nàtsi mavomavo dzi.
748. Ne yɔkuti metse o hã venɔviwo ɖua nu.
749. Ne zã medo o la, womebua fɔ ahakpala o.
750. Ne ze ɖe wu ze la, tɔmedeƒee wokpɔnɛ le.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top